Matthew 16 (BOECS)
1 Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va be yewoado Yesu kpɔ; wobia tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo. 2 Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la, nenye be fiẽ ɖo la, miegblɔna be, ‘Yame akɔ, elabena yame biã,’ 3 eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu, elabena akpɔ̃ ɖo, eye yame biã.’ Mienya ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o. 4 Dzidzime vɔ̃ɖi, ahasitɔ sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo. 5 Wogatso ƒu la yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be, yewomeƒle nuɖuɖu ɖe asi o. 6 Yesu xlɔ̃ nu wo vevie gblɔ be, “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.” 7 Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo. 8 Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo? 9 Nu ka ta miate ŋu ase nu gɔme o ɖo? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) kple abolo atɔ̃, eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa? 10 Esi menyi ame akpe ene (4,000) ɖe, mieɖo ŋku edzi kple abolo gbogbo si susɔ míelɔ ɖe kusi me o mahã? 11 Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ ” 12 Ke azɔ la, wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la. 13 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔ Vi la nye mahã?” 14 Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be, Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Ɖewo be Eliyae nènye, bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.” 15 Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?” 16 Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.” 17 Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o. 18 Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o. 19 Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.” 20 Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Kristo la o. 21 Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe. 22 Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Mawu neɖe agba sia ɖa le dziwò; nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!” 23 Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Ènye nukikli le mɔ me nam, elabena Mawu me nuwo mele susu me na wò o, negbe amegbetɔwo tɔ ko. Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.” 24 Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme, 25 elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe, eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu faa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ. 26 Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ? 27 Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu. 28 “Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”
In Other Versions
Matthew 16 in the ANGEFD
Matthew 16 in the ANTPNG2D
Matthew 16 in the AS21
Matthew 16 in the BAGH
Matthew 16 in the BBPNG
Matthew 16 in the BBT1E
Matthew 16 in the BDS
Matthew 16 in the BEV
Matthew 16 in the BHAD
Matthew 16 in the BIB
Matthew 16 in the BLPT
Matthew 16 in the BNT
Matthew 16 in the BNTABOOT
Matthew 16 in the BNTLV
Matthew 16 in the BOATCB
Matthew 16 in the BOATCB2
Matthew 16 in the BOBCV
Matthew 16 in the BOCNT
Matthew 16 in the BOGWICC
Matthew 16 in the BOHCB
Matthew 16 in the BOHCV
Matthew 16 in the BOHLNT
Matthew 16 in the BOHNTLTAL
Matthew 16 in the BOICB
Matthew 16 in the BOILNTAP
Matthew 16 in the BOITCV
Matthew 16 in the BOKCV
Matthew 16 in the BOKCV2
Matthew 16 in the BOKHWOG
Matthew 16 in the BOKSSV
Matthew 16 in the BOLCB
Matthew 16 in the BOLCB2
Matthew 16 in the BOMCV
Matthew 16 in the BONAV
Matthew 16 in the BONCB
Matthew 16 in the BONLT
Matthew 16 in the BONUT2
Matthew 16 in the BOPLNT
Matthew 16 in the BOSCB
Matthew 16 in the BOSNC
Matthew 16 in the BOTLNT
Matthew 16 in the BOVCB
Matthew 16 in the BOYCB
Matthew 16 in the BPBB
Matthew 16 in the BPH
Matthew 16 in the BSB
Matthew 16 in the CCB
Matthew 16 in the CUV
Matthew 16 in the CUVS
Matthew 16 in the DBT
Matthew 16 in the DGDNT
Matthew 16 in the DHNT
Matthew 16 in the DNT
Matthew 16 in the ELBE
Matthew 16 in the EMTV
Matthew 16 in the ESV
Matthew 16 in the FBV
Matthew 16 in the FEB
Matthew 16 in the GGMNT
Matthew 16 in the GNT
Matthew 16 in the HARY
Matthew 16 in the HNT
Matthew 16 in the IRVA
Matthew 16 in the IRVB
Matthew 16 in the IRVG
Matthew 16 in the IRVH
Matthew 16 in the IRVK
Matthew 16 in the IRVM
Matthew 16 in the IRVM2
Matthew 16 in the IRVO
Matthew 16 in the IRVP
Matthew 16 in the IRVT
Matthew 16 in the IRVT2
Matthew 16 in the IRVU
Matthew 16 in the ISVN
Matthew 16 in the JSNT
Matthew 16 in the KAPI
Matthew 16 in the KBT1ETNIK
Matthew 16 in the KBV
Matthew 16 in the KJV
Matthew 16 in the KNFD
Matthew 16 in the LBA
Matthew 16 in the LBLA
Matthew 16 in the LNT
Matthew 16 in the LSV
Matthew 16 in the MAAL
Matthew 16 in the MBV
Matthew 16 in the MBV2
Matthew 16 in the MHNT
Matthew 16 in the MKNFD
Matthew 16 in the MNG
Matthew 16 in the MNT
Matthew 16 in the MNT2
Matthew 16 in the MRS1T
Matthew 16 in the NAA
Matthew 16 in the NASB
Matthew 16 in the NBLA
Matthew 16 in the NBS
Matthew 16 in the NBVTP
Matthew 16 in the NET2
Matthew 16 in the NIV11
Matthew 16 in the NNT
Matthew 16 in the NNT2
Matthew 16 in the NNT3
Matthew 16 in the PDDPT
Matthew 16 in the PFNT
Matthew 16 in the RMNT
Matthew 16 in the SBIAS
Matthew 16 in the SBIBS
Matthew 16 in the SBIBS2
Matthew 16 in the SBICS
Matthew 16 in the SBIDS
Matthew 16 in the SBIGS
Matthew 16 in the SBIHS
Matthew 16 in the SBIIS
Matthew 16 in the SBIIS2
Matthew 16 in the SBIIS3
Matthew 16 in the SBIKS
Matthew 16 in the SBIKS2
Matthew 16 in the SBIMS
Matthew 16 in the SBIOS
Matthew 16 in the SBIPS
Matthew 16 in the SBISS
Matthew 16 in the SBITS
Matthew 16 in the SBITS2
Matthew 16 in the SBITS3
Matthew 16 in the SBITS4
Matthew 16 in the SBIUS
Matthew 16 in the SBIVS
Matthew 16 in the SBT
Matthew 16 in the SBT1E
Matthew 16 in the SCHL
Matthew 16 in the SNT
Matthew 16 in the SUSU
Matthew 16 in the SUSU2
Matthew 16 in the SYNO
Matthew 16 in the TBIAOTANT
Matthew 16 in the TBT1E
Matthew 16 in the TBT1E2
Matthew 16 in the TFTIP
Matthew 16 in the TFTU
Matthew 16 in the TGNTATF3T
Matthew 16 in the THAI
Matthew 16 in the TNFD
Matthew 16 in the TNT
Matthew 16 in the TNTIK
Matthew 16 in the TNTIL
Matthew 16 in the TNTIN
Matthew 16 in the TNTIP
Matthew 16 in the TNTIZ
Matthew 16 in the TOMA
Matthew 16 in the TTENT
Matthew 16 in the UBG
Matthew 16 in the UGV
Matthew 16 in the UGV2
Matthew 16 in the UGV3
Matthew 16 in the VBL
Matthew 16 in the VDCC
Matthew 16 in the YALU
Matthew 16 in the YAPE
Matthew 16 in the YBVTP
Matthew 16 in the ZBP