Matthew 21 (BOECS)

1 Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amito la ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me. 2 Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ. 3 Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’ ” 4 Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be, 5 “Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be,‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò,edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ” 6 Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi, 7 eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu nɔ wo dzi. 8 Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ; bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. 9 Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be,“Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!” 10 Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ; ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?” 11 Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.” 12 Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã. 13 Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” 14 Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me, 15 gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ. 16 Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?”Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be,“ ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwokple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?” 17 Esia megbe la, etrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ. 18 Esi ŋu ke, eye Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi. 19 Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu. 20 Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?” 21 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃ hã. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ hã be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake. 22 Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi.” 23 Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?” 24 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi. 25 Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?”Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’ 26 Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.” 27 Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.”Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.” 28 Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’ 29 “Ɖevi la ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, etrɔ eƒe susu, eye wòyi agble la me ɖawɔ dɔ la. 30 “Fofoa va ɖevitɔ hã gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòawɔ nenema. Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi.’ Ke egbe meyi o. 31 “Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?”Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.”Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi, 32 elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be, midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be, esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metsɔ fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzi me goŋgoŋgoŋ. 33 “Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me. 34 “Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye. 35 Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia. 36 “Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu geɖewo ɖa, gake wowɔ fu woawo hã abe ame dɔdɔ gbãtɔwo ene. 37 Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ Via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu, elabena enye via. 38 “Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ” 39 Ale wohe agbletɔ la ƒe vi la do goe le agble la me, eye wowui. 40 Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nu ka miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?” 41 Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.” 42 Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be,“ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã olae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa?Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’? 43 “Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ. 44 Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.” 45 Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le le lododo la me, eye yewo ŋuti wòle nya la gblɔm ɖo. 46 Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila.

In Other Versions

Matthew 21 in the ANGEFD

Matthew 21 in the ANTPNG2D

Matthew 21 in the AS21

Matthew 21 in the BAGH

Matthew 21 in the BBPNG

Matthew 21 in the BBT1E

Matthew 21 in the BDS

Matthew 21 in the BEV

Matthew 21 in the BHAD

Matthew 21 in the BIB

Matthew 21 in the BLPT

Matthew 21 in the BNT

Matthew 21 in the BNTABOOT

Matthew 21 in the BNTLV

Matthew 21 in the BOATCB

Matthew 21 in the BOATCB2

Matthew 21 in the BOBCV

Matthew 21 in the BOCNT

Matthew 21 in the BOGWICC

Matthew 21 in the BOHCB

Matthew 21 in the BOHCV

Matthew 21 in the BOHLNT

Matthew 21 in the BOHNTLTAL

Matthew 21 in the BOICB

Matthew 21 in the BOILNTAP

Matthew 21 in the BOITCV

Matthew 21 in the BOKCV

Matthew 21 in the BOKCV2

Matthew 21 in the BOKHWOG

Matthew 21 in the BOKSSV

Matthew 21 in the BOLCB

Matthew 21 in the BOLCB2

Matthew 21 in the BOMCV

Matthew 21 in the BONAV

Matthew 21 in the BONCB

Matthew 21 in the BONLT

Matthew 21 in the BONUT2

Matthew 21 in the BOPLNT

Matthew 21 in the BOSCB

Matthew 21 in the BOSNC

Matthew 21 in the BOTLNT

Matthew 21 in the BOVCB

Matthew 21 in the BOYCB

Matthew 21 in the BPBB

Matthew 21 in the BPH

Matthew 21 in the BSB

Matthew 21 in the CCB

Matthew 21 in the CUV

Matthew 21 in the CUVS

Matthew 21 in the DBT

Matthew 21 in the DGDNT

Matthew 21 in the DHNT

Matthew 21 in the DNT

Matthew 21 in the ELBE

Matthew 21 in the EMTV

Matthew 21 in the ESV

Matthew 21 in the FBV

Matthew 21 in the FEB

Matthew 21 in the GGMNT

Matthew 21 in the GNT

Matthew 21 in the HARY

Matthew 21 in the HNT

Matthew 21 in the IRVA

Matthew 21 in the IRVB

Matthew 21 in the IRVG

Matthew 21 in the IRVH

Matthew 21 in the IRVK

Matthew 21 in the IRVM

Matthew 21 in the IRVM2

Matthew 21 in the IRVO

Matthew 21 in the IRVP

Matthew 21 in the IRVT

Matthew 21 in the IRVT2

Matthew 21 in the IRVU

Matthew 21 in the ISVN

Matthew 21 in the JSNT

Matthew 21 in the KAPI

Matthew 21 in the KBT1ETNIK

Matthew 21 in the KBV

Matthew 21 in the KJV

Matthew 21 in the KNFD

Matthew 21 in the LBA

Matthew 21 in the LBLA

Matthew 21 in the LNT

Matthew 21 in the LSV

Matthew 21 in the MAAL

Matthew 21 in the MBV

Matthew 21 in the MBV2

Matthew 21 in the MHNT

Matthew 21 in the MKNFD

Matthew 21 in the MNG

Matthew 21 in the MNT

Matthew 21 in the MNT2

Matthew 21 in the MRS1T

Matthew 21 in the NAA

Matthew 21 in the NASB

Matthew 21 in the NBLA

Matthew 21 in the NBS

Matthew 21 in the NBVTP

Matthew 21 in the NET2

Matthew 21 in the NIV11

Matthew 21 in the NNT

Matthew 21 in the NNT2

Matthew 21 in the NNT3

Matthew 21 in the PDDPT

Matthew 21 in the PFNT

Matthew 21 in the RMNT

Matthew 21 in the SBIAS

Matthew 21 in the SBIBS

Matthew 21 in the SBIBS2

Matthew 21 in the SBICS

Matthew 21 in the SBIDS

Matthew 21 in the SBIGS

Matthew 21 in the SBIHS

Matthew 21 in the SBIIS

Matthew 21 in the SBIIS2

Matthew 21 in the SBIIS3

Matthew 21 in the SBIKS

Matthew 21 in the SBIKS2

Matthew 21 in the SBIMS

Matthew 21 in the SBIOS

Matthew 21 in the SBIPS

Matthew 21 in the SBISS

Matthew 21 in the SBITS

Matthew 21 in the SBITS2

Matthew 21 in the SBITS3

Matthew 21 in the SBITS4

Matthew 21 in the SBIUS

Matthew 21 in the SBIVS

Matthew 21 in the SBT

Matthew 21 in the SBT1E

Matthew 21 in the SCHL

Matthew 21 in the SNT

Matthew 21 in the SUSU

Matthew 21 in the SUSU2

Matthew 21 in the SYNO

Matthew 21 in the TBIAOTANT

Matthew 21 in the TBT1E

Matthew 21 in the TBT1E2

Matthew 21 in the TFTIP

Matthew 21 in the TFTU

Matthew 21 in the TGNTATF3T

Matthew 21 in the THAI

Matthew 21 in the TNFD

Matthew 21 in the TNT

Matthew 21 in the TNTIK

Matthew 21 in the TNTIL

Matthew 21 in the TNTIN

Matthew 21 in the TNTIP

Matthew 21 in the TNTIZ

Matthew 21 in the TOMA

Matthew 21 in the TTENT

Matthew 21 in the UBG

Matthew 21 in the UGV

Matthew 21 in the UGV2

Matthew 21 in the UGV3

Matthew 21 in the VBL

Matthew 21 in the VDCC

Matthew 21 in the YALU

Matthew 21 in the YAPE

Matthew 21 in the YBVTP

Matthew 21 in the ZBP