Matthew 24 (BOECS)

1 Yesu do go le gbedoxɔ la me hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti. 2 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be womagblẽ kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o; woagbã nu sia nu aƒu anyi.” 3 Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?” 4 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o, 5 elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo. 6 Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o. 7 Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo. 8 Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko. 9 “Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã. 10 Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖewo atra le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi, eye woalé fu wo nɔewo vevie. 11 Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ. 12 Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi. 13 Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee. 14 Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.” 15 “Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme, 16 ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 17 Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o. 18 Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o. 19 “Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me. 20 Mido gbe ɖa be miaƒe sisigbe megadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. 21 Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi. 22 “Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme. 23 Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o, 24 elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 25 Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo! 26 “Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o! 27 Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ. 28 Minyae be afi si nu kuku le la, afi ma akagawo nɔna.” 29 “Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la,“ ‘Ɣe ado viviti,eye ɣleti hã magaɖi o,ɣletiviwo age tso dziƒo,eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’ 30 “Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me, 31 eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi. 32 “Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti la ŋuti. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. 33 Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe. 34 Vavã mele egblɔm na mi be dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme. 35 “Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa. 36 Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko. 37 “Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. 38 Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, 39 eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi. 40 “Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava akplɔ ɖeka adzoe agblẽ ɖeka ɖi. 41 Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi. 42 “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o. 43 “Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava. 44 Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o. 45 “Azɔ minye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi. 46 Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ nye subɔlawo miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ. 47 Le nyateƒe me la, matsɔe aɖo nye nuwo katã nu. 48 “Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’ 49 ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la, 50 miaƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si miele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si mienya o la dzi, 51 eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la, ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo, eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”

In Other Versions

Matthew 24 in the ANGEFD

Matthew 24 in the ANTPNG2D

Matthew 24 in the AS21

Matthew 24 in the BAGH

Matthew 24 in the BBPNG

Matthew 24 in the BBT1E

Matthew 24 in the BDS

Matthew 24 in the BEV

Matthew 24 in the BHAD

Matthew 24 in the BIB

Matthew 24 in the BLPT

Matthew 24 in the BNT

Matthew 24 in the BNTABOOT

Matthew 24 in the BNTLV

Matthew 24 in the BOATCB

Matthew 24 in the BOATCB2

Matthew 24 in the BOBCV

Matthew 24 in the BOCNT

Matthew 24 in the BOGWICC

Matthew 24 in the BOHCB

Matthew 24 in the BOHCV

Matthew 24 in the BOHLNT

Matthew 24 in the BOHNTLTAL

Matthew 24 in the BOICB

Matthew 24 in the BOILNTAP

Matthew 24 in the BOITCV

Matthew 24 in the BOKCV

Matthew 24 in the BOKCV2

Matthew 24 in the BOKHWOG

Matthew 24 in the BOKSSV

Matthew 24 in the BOLCB

Matthew 24 in the BOLCB2

Matthew 24 in the BOMCV

Matthew 24 in the BONAV

Matthew 24 in the BONCB

Matthew 24 in the BONLT

Matthew 24 in the BONUT2

Matthew 24 in the BOPLNT

Matthew 24 in the BOSCB

Matthew 24 in the BOSNC

Matthew 24 in the BOTLNT

Matthew 24 in the BOVCB

Matthew 24 in the BOYCB

Matthew 24 in the BPBB

Matthew 24 in the BPH

Matthew 24 in the BSB

Matthew 24 in the CCB

Matthew 24 in the CUV

Matthew 24 in the CUVS

Matthew 24 in the DBT

Matthew 24 in the DGDNT

Matthew 24 in the DHNT

Matthew 24 in the DNT

Matthew 24 in the ELBE

Matthew 24 in the EMTV

Matthew 24 in the ESV

Matthew 24 in the FBV

Matthew 24 in the FEB

Matthew 24 in the GGMNT

Matthew 24 in the GNT

Matthew 24 in the HARY

Matthew 24 in the HNT

Matthew 24 in the IRVA

Matthew 24 in the IRVB

Matthew 24 in the IRVG

Matthew 24 in the IRVH

Matthew 24 in the IRVK

Matthew 24 in the IRVM

Matthew 24 in the IRVM2

Matthew 24 in the IRVO

Matthew 24 in the IRVP

Matthew 24 in the IRVT

Matthew 24 in the IRVT2

Matthew 24 in the IRVU

Matthew 24 in the ISVN

Matthew 24 in the JSNT

Matthew 24 in the KAPI

Matthew 24 in the KBT1ETNIK

Matthew 24 in the KBV

Matthew 24 in the KJV

Matthew 24 in the KNFD

Matthew 24 in the LBA

Matthew 24 in the LBLA

Matthew 24 in the LNT

Matthew 24 in the LSV

Matthew 24 in the MAAL

Matthew 24 in the MBV

Matthew 24 in the MBV2

Matthew 24 in the MHNT

Matthew 24 in the MKNFD

Matthew 24 in the MNG

Matthew 24 in the MNT

Matthew 24 in the MNT2

Matthew 24 in the MRS1T

Matthew 24 in the NAA

Matthew 24 in the NASB

Matthew 24 in the NBLA

Matthew 24 in the NBS

Matthew 24 in the NBVTP

Matthew 24 in the NET2

Matthew 24 in the NIV11

Matthew 24 in the NNT

Matthew 24 in the NNT2

Matthew 24 in the NNT3

Matthew 24 in the PDDPT

Matthew 24 in the PFNT

Matthew 24 in the RMNT

Matthew 24 in the SBIAS

Matthew 24 in the SBIBS

Matthew 24 in the SBIBS2

Matthew 24 in the SBICS

Matthew 24 in the SBIDS

Matthew 24 in the SBIGS

Matthew 24 in the SBIHS

Matthew 24 in the SBIIS

Matthew 24 in the SBIIS2

Matthew 24 in the SBIIS3

Matthew 24 in the SBIKS

Matthew 24 in the SBIKS2

Matthew 24 in the SBIMS

Matthew 24 in the SBIOS

Matthew 24 in the SBIPS

Matthew 24 in the SBISS

Matthew 24 in the SBITS

Matthew 24 in the SBITS2

Matthew 24 in the SBITS3

Matthew 24 in the SBITS4

Matthew 24 in the SBIUS

Matthew 24 in the SBIVS

Matthew 24 in the SBT

Matthew 24 in the SBT1E

Matthew 24 in the SCHL

Matthew 24 in the SNT

Matthew 24 in the SUSU

Matthew 24 in the SUSU2

Matthew 24 in the SYNO

Matthew 24 in the TBIAOTANT

Matthew 24 in the TBT1E

Matthew 24 in the TBT1E2

Matthew 24 in the TFTIP

Matthew 24 in the TFTU

Matthew 24 in the TGNTATF3T

Matthew 24 in the THAI

Matthew 24 in the TNFD

Matthew 24 in the TNT

Matthew 24 in the TNTIK

Matthew 24 in the TNTIL

Matthew 24 in the TNTIN

Matthew 24 in the TNTIP

Matthew 24 in the TNTIZ

Matthew 24 in the TOMA

Matthew 24 in the TTENT

Matthew 24 in the UBG

Matthew 24 in the UGV

Matthew 24 in the UGV2

Matthew 24 in the UGV3

Matthew 24 in the VBL

Matthew 24 in the VDCC

Matthew 24 in the YALU

Matthew 24 in the YAPE

Matthew 24 in the YBVTP

Matthew 24 in the ZBP