Nehemiah 10 (BOECS)
1 Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye: Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia, 2 Seraya, Azaria, Yeremia, 3 Pasur, Amaria, Malkiya, 4 Hatus, Sebania, Maluk, 5 Harim, Meremot, Obadia, 6 Daniel, Gineton, Baruk, 7 Mesulam, Abiya, Miyamin, 8 Maazia, Bilgai kple Semaya.Ame siawo katã nye nunɔlawo. 9 Levitɔ siwo de asi nubabla la te la woe nye:Yesua, Azania ƒe vi, Binui, Henadad ƒe vi, Kadmiel, 10 Sebania, Hodia, Kelita, Pelaya, Hanan, 11 Mika, Rehob, Hasabia, 12 Zakur, Serebia, Sebania, 13 Hodia, Bani kple Beninu. 14 Dukɔ la ƒe kplɔla siwo de asi ete la woe nye:Paros, Pahat Moab, Elam, Zatu, Bani, 15 Buni, Azgad, Bebai, 16 Adoniya, Bigvai, Adin, 17 Ater, Hezekia, Azur, 18 Hodia, Hasum, Bezai, 19 Harif, Anatɔt, Nebai, 20 Magpias, Mesulam, Hezir, 21 Mesezabel, Zadok, Yaɖua, 22 Pelatia, Hanan, Anaya, 23 Hosea, Hananiya, Hasub, 24 Halohes, Pilha, Sobek, 25 Rehum, Hasabna, Maaseya, 26 Ahiya, Hanan, Anan, 27 Maluk, Harim kple Baana. 28 Ame siawoe de asi nubabla la te ɖe dukɔ blibo la nu, elabena dukɔmeviwo, nunɔlawo, Levitɔwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple ame bubuawo katã, ame siwo srɔ̃wo, viŋutsuwo, vinyɔnuwo, ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme la, ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi gbɔ ale be woasubɔ Mawu. 29 Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi. 30 “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o. 31 “Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me. 32 “Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ, 33 elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me. 34 “Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene. 35 “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me. 36 “Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me. 37 “Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si. 38 Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la. 39 Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ.“Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”
In Other Versions
Nehemiah 10 in the ANGEFD
Nehemiah 10 in the ANTPNG2D
Nehemiah 10 in the AS21
Nehemiah 10 in the BAGH
Nehemiah 10 in the BBPNG
Nehemiah 10 in the BBT1E
Nehemiah 10 in the BDS
Nehemiah 10 in the BEV
Nehemiah 10 in the BHAD
Nehemiah 10 in the BIB
Nehemiah 10 in the BLPT
Nehemiah 10 in the BNT
Nehemiah 10 in the BNTABOOT
Nehemiah 10 in the BNTLV
Nehemiah 10 in the BOATCB
Nehemiah 10 in the BOATCB2
Nehemiah 10 in the BOBCV
Nehemiah 10 in the BOCNT
Nehemiah 10 in the BOGWICC
Nehemiah 10 in the BOHCB
Nehemiah 10 in the BOHCV
Nehemiah 10 in the BOHLNT
Nehemiah 10 in the BOHNTLTAL
Nehemiah 10 in the BOICB
Nehemiah 10 in the BOILNTAP
Nehemiah 10 in the BOITCV
Nehemiah 10 in the BOKCV
Nehemiah 10 in the BOKCV2
Nehemiah 10 in the BOKHWOG
Nehemiah 10 in the BOKSSV
Nehemiah 10 in the BOLCB
Nehemiah 10 in the BOLCB2
Nehemiah 10 in the BOMCV
Nehemiah 10 in the BONAV
Nehemiah 10 in the BONCB
Nehemiah 10 in the BONLT
Nehemiah 10 in the BONUT2
Nehemiah 10 in the BOPLNT
Nehemiah 10 in the BOSCB
Nehemiah 10 in the BOSNC
Nehemiah 10 in the BOTLNT
Nehemiah 10 in the BOVCB
Nehemiah 10 in the BOYCB
Nehemiah 10 in the BPBB
Nehemiah 10 in the BPH
Nehemiah 10 in the BSB
Nehemiah 10 in the CCB
Nehemiah 10 in the CUV
Nehemiah 10 in the CUVS
Nehemiah 10 in the DBT
Nehemiah 10 in the DGDNT
Nehemiah 10 in the DHNT
Nehemiah 10 in the DNT
Nehemiah 10 in the ELBE
Nehemiah 10 in the EMTV
Nehemiah 10 in the ESV
Nehemiah 10 in the FBV
Nehemiah 10 in the FEB
Nehemiah 10 in the GGMNT
Nehemiah 10 in the GNT
Nehemiah 10 in the HARY
Nehemiah 10 in the HNT
Nehemiah 10 in the IRVA
Nehemiah 10 in the IRVB
Nehemiah 10 in the IRVG
Nehemiah 10 in the IRVH
Nehemiah 10 in the IRVK
Nehemiah 10 in the IRVM
Nehemiah 10 in the IRVM2
Nehemiah 10 in the IRVO
Nehemiah 10 in the IRVP
Nehemiah 10 in the IRVT
Nehemiah 10 in the IRVT2
Nehemiah 10 in the IRVU
Nehemiah 10 in the ISVN
Nehemiah 10 in the JSNT
Nehemiah 10 in the KAPI
Nehemiah 10 in the KBT1ETNIK
Nehemiah 10 in the KBV
Nehemiah 10 in the KJV
Nehemiah 10 in the KNFD
Nehemiah 10 in the LBA
Nehemiah 10 in the LBLA
Nehemiah 10 in the LNT
Nehemiah 10 in the LSV
Nehemiah 10 in the MAAL
Nehemiah 10 in the MBV
Nehemiah 10 in the MBV2
Nehemiah 10 in the MHNT
Nehemiah 10 in the MKNFD
Nehemiah 10 in the MNG
Nehemiah 10 in the MNT
Nehemiah 10 in the MNT2
Nehemiah 10 in the MRS1T
Nehemiah 10 in the NAA
Nehemiah 10 in the NASB
Nehemiah 10 in the NBLA
Nehemiah 10 in the NBS
Nehemiah 10 in the NBVTP
Nehemiah 10 in the NET2
Nehemiah 10 in the NIV11
Nehemiah 10 in the NNT
Nehemiah 10 in the NNT2
Nehemiah 10 in the NNT3
Nehemiah 10 in the PDDPT
Nehemiah 10 in the PFNT
Nehemiah 10 in the RMNT
Nehemiah 10 in the SBIAS
Nehemiah 10 in the SBIBS
Nehemiah 10 in the SBIBS2
Nehemiah 10 in the SBICS
Nehemiah 10 in the SBIDS
Nehemiah 10 in the SBIGS
Nehemiah 10 in the SBIHS
Nehemiah 10 in the SBIIS
Nehemiah 10 in the SBIIS2
Nehemiah 10 in the SBIIS3
Nehemiah 10 in the SBIKS
Nehemiah 10 in the SBIKS2
Nehemiah 10 in the SBIMS
Nehemiah 10 in the SBIOS
Nehemiah 10 in the SBIPS
Nehemiah 10 in the SBISS
Nehemiah 10 in the SBITS
Nehemiah 10 in the SBITS2
Nehemiah 10 in the SBITS3
Nehemiah 10 in the SBITS4
Nehemiah 10 in the SBIUS
Nehemiah 10 in the SBIVS
Nehemiah 10 in the SBT
Nehemiah 10 in the SBT1E
Nehemiah 10 in the SCHL
Nehemiah 10 in the SNT
Nehemiah 10 in the SUSU
Nehemiah 10 in the SUSU2
Nehemiah 10 in the SYNO
Nehemiah 10 in the TBIAOTANT
Nehemiah 10 in the TBT1E
Nehemiah 10 in the TBT1E2
Nehemiah 10 in the TFTIP
Nehemiah 10 in the TFTU
Nehemiah 10 in the TGNTATF3T
Nehemiah 10 in the THAI
Nehemiah 10 in the TNFD
Nehemiah 10 in the TNT
Nehemiah 10 in the TNTIK
Nehemiah 10 in the TNTIL
Nehemiah 10 in the TNTIN
Nehemiah 10 in the TNTIP
Nehemiah 10 in the TNTIZ
Nehemiah 10 in the TOMA
Nehemiah 10 in the TTENT
Nehemiah 10 in the UBG
Nehemiah 10 in the UGV
Nehemiah 10 in the UGV2
Nehemiah 10 in the UGV3
Nehemiah 10 in the VBL
Nehemiah 10 in the VDCC
Nehemiah 10 in the YALU
Nehemiah 10 in the YAPE
Nehemiah 10 in the YBVTP
Nehemiah 10 in the ZBP