Nehemiah 2 (BOECS)

1 Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, 2 “Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” 3 Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.” 4 Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?”Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la, 5 eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.” 6 Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ. 7 Megabia nu bubu hã fia la be, “Ne edze ŋuwò la, ekema meɖe kuku be nàŋlɔ agbalẽ ade asinye na mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, eye nàbia tso wo si be woaɖe mɔ nam mato woƒe dukɔwo me ayi Yudanyigba dzi dedie. 8 Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi. 9 Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye. 10 Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo. 11 Meyi Yerusalem, eye esi menɔ dua me ŋkeke etɔ̃ la, 12 mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko. 13 Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa. 14 Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o, 15 eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me. 16 Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o. 17 Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!” 18 Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme. 19 Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?” 20 Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”

In Other Versions

Nehemiah 2 in the ANGEFD

Nehemiah 2 in the ANTPNG2D

Nehemiah 2 in the AS21

Nehemiah 2 in the BAGH

Nehemiah 2 in the BBPNG

Nehemiah 2 in the BBT1E

Nehemiah 2 in the BDS

Nehemiah 2 in the BEV

Nehemiah 2 in the BHAD

Nehemiah 2 in the BIB

Nehemiah 2 in the BLPT

Nehemiah 2 in the BNT

Nehemiah 2 in the BNTABOOT

Nehemiah 2 in the BNTLV

Nehemiah 2 in the BOATCB

Nehemiah 2 in the BOATCB2

Nehemiah 2 in the BOBCV

Nehemiah 2 in the BOCNT

Nehemiah 2 in the BOGWICC

Nehemiah 2 in the BOHCB

Nehemiah 2 in the BOHCV

Nehemiah 2 in the BOHLNT

Nehemiah 2 in the BOHNTLTAL

Nehemiah 2 in the BOICB

Nehemiah 2 in the BOILNTAP

Nehemiah 2 in the BOITCV

Nehemiah 2 in the BOKCV

Nehemiah 2 in the BOKCV2

Nehemiah 2 in the BOKHWOG

Nehemiah 2 in the BOKSSV

Nehemiah 2 in the BOLCB

Nehemiah 2 in the BOLCB2

Nehemiah 2 in the BOMCV

Nehemiah 2 in the BONAV

Nehemiah 2 in the BONCB

Nehemiah 2 in the BONLT

Nehemiah 2 in the BONUT2

Nehemiah 2 in the BOPLNT

Nehemiah 2 in the BOSCB

Nehemiah 2 in the BOSNC

Nehemiah 2 in the BOTLNT

Nehemiah 2 in the BOVCB

Nehemiah 2 in the BOYCB

Nehemiah 2 in the BPBB

Nehemiah 2 in the BPH

Nehemiah 2 in the BSB

Nehemiah 2 in the CCB

Nehemiah 2 in the CUV

Nehemiah 2 in the CUVS

Nehemiah 2 in the DBT

Nehemiah 2 in the DGDNT

Nehemiah 2 in the DHNT

Nehemiah 2 in the DNT

Nehemiah 2 in the ELBE

Nehemiah 2 in the EMTV

Nehemiah 2 in the ESV

Nehemiah 2 in the FBV

Nehemiah 2 in the FEB

Nehemiah 2 in the GGMNT

Nehemiah 2 in the GNT

Nehemiah 2 in the HARY

Nehemiah 2 in the HNT

Nehemiah 2 in the IRVA

Nehemiah 2 in the IRVB

Nehemiah 2 in the IRVG

Nehemiah 2 in the IRVH

Nehemiah 2 in the IRVK

Nehemiah 2 in the IRVM

Nehemiah 2 in the IRVM2

Nehemiah 2 in the IRVO

Nehemiah 2 in the IRVP

Nehemiah 2 in the IRVT

Nehemiah 2 in the IRVT2

Nehemiah 2 in the IRVU

Nehemiah 2 in the ISVN

Nehemiah 2 in the JSNT

Nehemiah 2 in the KAPI

Nehemiah 2 in the KBT1ETNIK

Nehemiah 2 in the KBV

Nehemiah 2 in the KJV

Nehemiah 2 in the KNFD

Nehemiah 2 in the LBA

Nehemiah 2 in the LBLA

Nehemiah 2 in the LNT

Nehemiah 2 in the LSV

Nehemiah 2 in the MAAL

Nehemiah 2 in the MBV

Nehemiah 2 in the MBV2

Nehemiah 2 in the MHNT

Nehemiah 2 in the MKNFD

Nehemiah 2 in the MNG

Nehemiah 2 in the MNT

Nehemiah 2 in the MNT2

Nehemiah 2 in the MRS1T

Nehemiah 2 in the NAA

Nehemiah 2 in the NASB

Nehemiah 2 in the NBLA

Nehemiah 2 in the NBS

Nehemiah 2 in the NBVTP

Nehemiah 2 in the NET2

Nehemiah 2 in the NIV11

Nehemiah 2 in the NNT

Nehemiah 2 in the NNT2

Nehemiah 2 in the NNT3

Nehemiah 2 in the PDDPT

Nehemiah 2 in the PFNT

Nehemiah 2 in the RMNT

Nehemiah 2 in the SBIAS

Nehemiah 2 in the SBIBS

Nehemiah 2 in the SBIBS2

Nehemiah 2 in the SBICS

Nehemiah 2 in the SBIDS

Nehemiah 2 in the SBIGS

Nehemiah 2 in the SBIHS

Nehemiah 2 in the SBIIS

Nehemiah 2 in the SBIIS2

Nehemiah 2 in the SBIIS3

Nehemiah 2 in the SBIKS

Nehemiah 2 in the SBIKS2

Nehemiah 2 in the SBIMS

Nehemiah 2 in the SBIOS

Nehemiah 2 in the SBIPS

Nehemiah 2 in the SBISS

Nehemiah 2 in the SBITS

Nehemiah 2 in the SBITS2

Nehemiah 2 in the SBITS3

Nehemiah 2 in the SBITS4

Nehemiah 2 in the SBIUS

Nehemiah 2 in the SBIVS

Nehemiah 2 in the SBT

Nehemiah 2 in the SBT1E

Nehemiah 2 in the SCHL

Nehemiah 2 in the SNT

Nehemiah 2 in the SUSU

Nehemiah 2 in the SUSU2

Nehemiah 2 in the SYNO

Nehemiah 2 in the TBIAOTANT

Nehemiah 2 in the TBT1E

Nehemiah 2 in the TBT1E2

Nehemiah 2 in the TFTIP

Nehemiah 2 in the TFTU

Nehemiah 2 in the TGNTATF3T

Nehemiah 2 in the THAI

Nehemiah 2 in the TNFD

Nehemiah 2 in the TNT

Nehemiah 2 in the TNTIK

Nehemiah 2 in the TNTIL

Nehemiah 2 in the TNTIN

Nehemiah 2 in the TNTIP

Nehemiah 2 in the TNTIZ

Nehemiah 2 in the TOMA

Nehemiah 2 in the TTENT

Nehemiah 2 in the UBG

Nehemiah 2 in the UGV

Nehemiah 2 in the UGV2

Nehemiah 2 in the UGV3

Nehemiah 2 in the VBL

Nehemiah 2 in the VDCC

Nehemiah 2 in the YALU

Nehemiah 2 in the YAPE

Nehemiah 2 in the YBVTP

Nehemiah 2 in the ZBP