Nehemiah 3 (BOECS)

1 Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ. 2 Yerikotɔwo kple Zakur, Imri ƒe vi la, ƒe dɔwɔlawo kpe ɖe ameawo ŋu le dɔ la wɔwɔ me. 3 Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. 4 Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo. 5 Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o. 6 Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo. 7 Ame siwo wɔ dɔ ɖe wo yome la woe nye Melatia tso Gibeon, Yadon tso Meronot kple ŋutsu siwo tso Gibeon kple Mizpa; teƒe siawo katã le mɔmefia si le Frat Tɔsisi la godo la te. 8 Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke. 9 Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe. 10 Le eya megbe la, Yedaia, Harumaf ƒe vi ɖɔ gli si dze ŋgɔ eƒe aƒe la ɖo. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hatus, Hasabnia ƒe vi. 11 Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu. 12 Salum, Halohes ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã evelia dziɖula la kple via nyɔnuwo dzra gli la ƒe akpa si le Dzokpomɔ la megbe ɖo. 13 Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu. 14 Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu. 15 Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. 16 Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke. 17 Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me. 18 Ame siwo kplɔe ɖo la woe nye eƒe hlɔ̃metɔwo. Wowɔ dɔ le Bawai, Henadad ƒe vi, ame si nye Keila nuto la ƒe afã evelia dziɖula la ƒe dzikpɔkpɔ te. 19 Dɔwɔla siwo kplɔ wo ɖo la nɔ Ezer, Yesua ƒe vi, Mizpa dziɖula ƒe kpɔkplɔ te. Wowɔ dɔ le gli la ŋu tso Aʋawɔnuxɔ la gbɔ le gli la ƒe dzogoe dzi. 20 Emegbe la, Baruk, Zebai ƒe vi, ɖo gli la tso dzogoe la dzi yi Eliasib, nunɔlagã la, ƒe aƒe gbɔ. 21 Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi, woɖo gli la ƒe akpa aɖe tso Eliasib ƒe aƒe ƒe agbo ƒe kasa yi aƒe la xa. 22 Ame siwo wɔ dɔ kplɔ wo ɖo la woe nye nunɔla siwo tso nuto siwo ƒo xlã wo la me. 23 Benyamin, Hasub kple Azaria, Maaseya ƒe vi kple Anania ƒe tɔgbuiyɔvi woɖo gli la ƒe akpa siwo to woƒe aƒewo ŋu. 24 Le woawo yome la, Binui, Henadad ƒe vi ɖo gli la tso Azaria ƒe aƒe gbɔ yi dzogoe la dzi, 25 eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo. 26 Gbedoxɔmedɔwɔla siwo nɔ Ofel togbɛ dzi la, gbugbɔ gli la ɖo va ɖo Tsigbo ɣedzeƒetɔ la kple mɔ la ƒe xɔ tsrala gbɔ. 27 Tekoatɔwo kplɔ wo ɖo. Woɖo gli la ƒe akpa si le Mɔ la ƒe Xɔ kɔkɔ la ƒe akpa kemɛ yi ɖatɔ Ofel ƒe gli la. 28 Le Sɔgbo la tame, nunɔlawo ɖɔ gli si le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo. 29 Zadok, Imer ƒe vi, hã gbugbɔ gli si le eƒe aƒe kasa la ɖo. Semaya, Sekania ƒe vi, Ɣedzeƒegbo la ŋudzɔla, kplɔe ɖo. 30 Le esia yome Hananiya, Selemia ƒe vi, Hanun, Zalaf ƒe viŋutsu adelia kple Mesulam, Berekia ƒe vi woɖo gli la le woƒe aƒewo ŋu. 31 Malkiya, sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka ɖo gli la va ɖo keke gbedoxɔmedɔwɔlawo ƒe nɔƒe kple asitsalawo ƒe takpeƒe le “Mustagbo” la ƒe akpa kemɛ heyi dziƒoxɔ la gbɔ le dzogoe la dzi. 32 Sikaɖaŋuwɔla kple asitsala bubuawo wu gli la nu tso dzogoe ma dzi yi ɖatɔ Alẽgbo la.

In Other Versions

Nehemiah 3 in the ANGEFD

Nehemiah 3 in the ANTPNG2D

Nehemiah 3 in the AS21

Nehemiah 3 in the BAGH

Nehemiah 3 in the BBPNG

Nehemiah 3 in the BBT1E

Nehemiah 3 in the BDS

Nehemiah 3 in the BEV

Nehemiah 3 in the BHAD

Nehemiah 3 in the BIB

Nehemiah 3 in the BLPT

Nehemiah 3 in the BNT

Nehemiah 3 in the BNTABOOT

Nehemiah 3 in the BNTLV

Nehemiah 3 in the BOATCB

Nehemiah 3 in the BOATCB2

Nehemiah 3 in the BOBCV

Nehemiah 3 in the BOCNT

Nehemiah 3 in the BOGWICC

Nehemiah 3 in the BOHCB

Nehemiah 3 in the BOHCV

Nehemiah 3 in the BOHLNT

Nehemiah 3 in the BOHNTLTAL

Nehemiah 3 in the BOICB

Nehemiah 3 in the BOILNTAP

Nehemiah 3 in the BOITCV

Nehemiah 3 in the BOKCV

Nehemiah 3 in the BOKCV2

Nehemiah 3 in the BOKHWOG

Nehemiah 3 in the BOKSSV

Nehemiah 3 in the BOLCB

Nehemiah 3 in the BOLCB2

Nehemiah 3 in the BOMCV

Nehemiah 3 in the BONAV

Nehemiah 3 in the BONCB

Nehemiah 3 in the BONLT

Nehemiah 3 in the BONUT2

Nehemiah 3 in the BOPLNT

Nehemiah 3 in the BOSCB

Nehemiah 3 in the BOSNC

Nehemiah 3 in the BOTLNT

Nehemiah 3 in the BOVCB

Nehemiah 3 in the BOYCB

Nehemiah 3 in the BPBB

Nehemiah 3 in the BPH

Nehemiah 3 in the BSB

Nehemiah 3 in the CCB

Nehemiah 3 in the CUV

Nehemiah 3 in the CUVS

Nehemiah 3 in the DBT

Nehemiah 3 in the DGDNT

Nehemiah 3 in the DHNT

Nehemiah 3 in the DNT

Nehemiah 3 in the ELBE

Nehemiah 3 in the EMTV

Nehemiah 3 in the ESV

Nehemiah 3 in the FBV

Nehemiah 3 in the FEB

Nehemiah 3 in the GGMNT

Nehemiah 3 in the GNT

Nehemiah 3 in the HARY

Nehemiah 3 in the HNT

Nehemiah 3 in the IRVA

Nehemiah 3 in the IRVB

Nehemiah 3 in the IRVG

Nehemiah 3 in the IRVH

Nehemiah 3 in the IRVK

Nehemiah 3 in the IRVM

Nehemiah 3 in the IRVM2

Nehemiah 3 in the IRVO

Nehemiah 3 in the IRVP

Nehemiah 3 in the IRVT

Nehemiah 3 in the IRVT2

Nehemiah 3 in the IRVU

Nehemiah 3 in the ISVN

Nehemiah 3 in the JSNT

Nehemiah 3 in the KAPI

Nehemiah 3 in the KBT1ETNIK

Nehemiah 3 in the KBV

Nehemiah 3 in the KJV

Nehemiah 3 in the KNFD

Nehemiah 3 in the LBA

Nehemiah 3 in the LBLA

Nehemiah 3 in the LNT

Nehemiah 3 in the LSV

Nehemiah 3 in the MAAL

Nehemiah 3 in the MBV

Nehemiah 3 in the MBV2

Nehemiah 3 in the MHNT

Nehemiah 3 in the MKNFD

Nehemiah 3 in the MNG

Nehemiah 3 in the MNT

Nehemiah 3 in the MNT2

Nehemiah 3 in the MRS1T

Nehemiah 3 in the NAA

Nehemiah 3 in the NASB

Nehemiah 3 in the NBLA

Nehemiah 3 in the NBS

Nehemiah 3 in the NBVTP

Nehemiah 3 in the NET2

Nehemiah 3 in the NIV11

Nehemiah 3 in the NNT

Nehemiah 3 in the NNT2

Nehemiah 3 in the NNT3

Nehemiah 3 in the PDDPT

Nehemiah 3 in the PFNT

Nehemiah 3 in the RMNT

Nehemiah 3 in the SBIAS

Nehemiah 3 in the SBIBS

Nehemiah 3 in the SBIBS2

Nehemiah 3 in the SBICS

Nehemiah 3 in the SBIDS

Nehemiah 3 in the SBIGS

Nehemiah 3 in the SBIHS

Nehemiah 3 in the SBIIS

Nehemiah 3 in the SBIIS2

Nehemiah 3 in the SBIIS3

Nehemiah 3 in the SBIKS

Nehemiah 3 in the SBIKS2

Nehemiah 3 in the SBIMS

Nehemiah 3 in the SBIOS

Nehemiah 3 in the SBIPS

Nehemiah 3 in the SBISS

Nehemiah 3 in the SBITS

Nehemiah 3 in the SBITS2

Nehemiah 3 in the SBITS3

Nehemiah 3 in the SBITS4

Nehemiah 3 in the SBIUS

Nehemiah 3 in the SBIVS

Nehemiah 3 in the SBT

Nehemiah 3 in the SBT1E

Nehemiah 3 in the SCHL

Nehemiah 3 in the SNT

Nehemiah 3 in the SUSU

Nehemiah 3 in the SUSU2

Nehemiah 3 in the SYNO

Nehemiah 3 in the TBIAOTANT

Nehemiah 3 in the TBT1E

Nehemiah 3 in the TBT1E2

Nehemiah 3 in the TFTIP

Nehemiah 3 in the TFTU

Nehemiah 3 in the TGNTATF3T

Nehemiah 3 in the THAI

Nehemiah 3 in the TNFD

Nehemiah 3 in the TNT

Nehemiah 3 in the TNTIK

Nehemiah 3 in the TNTIL

Nehemiah 3 in the TNTIN

Nehemiah 3 in the TNTIP

Nehemiah 3 in the TNTIZ

Nehemiah 3 in the TOMA

Nehemiah 3 in the TTENT

Nehemiah 3 in the UBG

Nehemiah 3 in the UGV

Nehemiah 3 in the UGV2

Nehemiah 3 in the UGV3

Nehemiah 3 in the VBL

Nehemiah 3 in the VDCC

Nehemiah 3 in the YALU

Nehemiah 3 in the YAPE

Nehemiah 3 in the YBVTP

Nehemiah 3 in the ZBP