Nehemiah 4 (BOECS)
1 Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu 2 le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!” 3 Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!” 4 Ale medo gbe ɖa na Mawu be, “Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to mí, elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi. 5 Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo wò, to vlododo mí, ame siwo le wò gli la ɖom la me.” 6 Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo. 7 Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie. 8 Woɖo be yewoatsɔ aʋakɔ aɖe aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye yewoahe ʋunyaʋunya kple tɔtɔ vɛ. 9 Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu zã kple keli be míanɔ dedie. 10 Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.” 11 Gawu la, míaƒe futɔwo nɔ ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu mí ale be míaƒe dɔ la wɔwɔ natɔ. 12 Tete Yudatɔ siwo nɔ wo dome la va gblɔ na mí zi ewo be, “Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi.” 13 Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o. 14 Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.” 15 Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia mí, eye wògblẽ wo me la, mí katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi. 16 Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa dɔ la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ, 17 siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo nɔ kɔ lɔm la hã wɔa dɔ kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia. 18 Ke ame siwo nɔ gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi nɔ dɔ la wɔm. Ke kpẽkula ya nɔ nye axadzi. 19 Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Dɔ la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti, 20 eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na mí!” 21 Ale míeyi dɔ la wɔwɔ dzi; ŋutsu afã lé akplɔwo ɖe asi tso agudzeɣi va se ɖe esime ɣletiviwo nato. 22 Megblɔ na ame siwo katã le gli la godo be woava Yerusalem du la me ale be woƒe subɔlawo nate ŋu adzɔ du la ŋu le zã me, eye woawɔ dɔ le ŋkeke me. 23 Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã.
In Other Versions
Nehemiah 4 in the ANGEFD
Nehemiah 4 in the ANTPNG2D
Nehemiah 4 in the AS21
Nehemiah 4 in the BAGH
Nehemiah 4 in the BBPNG
Nehemiah 4 in the BBT1E
Nehemiah 4 in the BDS
Nehemiah 4 in the BEV
Nehemiah 4 in the BHAD
Nehemiah 4 in the BIB
Nehemiah 4 in the BLPT
Nehemiah 4 in the BNT
Nehemiah 4 in the BNTABOOT
Nehemiah 4 in the BNTLV
Nehemiah 4 in the BOATCB
Nehemiah 4 in the BOATCB2
Nehemiah 4 in the BOBCV
Nehemiah 4 in the BOCNT
Nehemiah 4 in the BOGWICC
Nehemiah 4 in the BOHCB
Nehemiah 4 in the BOHCV
Nehemiah 4 in the BOHLNT
Nehemiah 4 in the BOHNTLTAL
Nehemiah 4 in the BOICB
Nehemiah 4 in the BOILNTAP
Nehemiah 4 in the BOITCV
Nehemiah 4 in the BOKCV
Nehemiah 4 in the BOKCV2
Nehemiah 4 in the BOKHWOG
Nehemiah 4 in the BOKSSV
Nehemiah 4 in the BOLCB
Nehemiah 4 in the BOLCB2
Nehemiah 4 in the BOMCV
Nehemiah 4 in the BONAV
Nehemiah 4 in the BONCB
Nehemiah 4 in the BONLT
Nehemiah 4 in the BONUT2
Nehemiah 4 in the BOPLNT
Nehemiah 4 in the BOSCB
Nehemiah 4 in the BOSNC
Nehemiah 4 in the BOTLNT
Nehemiah 4 in the BOVCB
Nehemiah 4 in the BOYCB
Nehemiah 4 in the BPBB
Nehemiah 4 in the BPH
Nehemiah 4 in the BSB
Nehemiah 4 in the CCB
Nehemiah 4 in the CUV
Nehemiah 4 in the CUVS
Nehemiah 4 in the DBT
Nehemiah 4 in the DGDNT
Nehemiah 4 in the DHNT
Nehemiah 4 in the DNT
Nehemiah 4 in the ELBE
Nehemiah 4 in the EMTV
Nehemiah 4 in the ESV
Nehemiah 4 in the FBV
Nehemiah 4 in the FEB
Nehemiah 4 in the GGMNT
Nehemiah 4 in the GNT
Nehemiah 4 in the HARY
Nehemiah 4 in the HNT
Nehemiah 4 in the IRVA
Nehemiah 4 in the IRVB
Nehemiah 4 in the IRVG
Nehemiah 4 in the IRVH
Nehemiah 4 in the IRVK
Nehemiah 4 in the IRVM
Nehemiah 4 in the IRVM2
Nehemiah 4 in the IRVO
Nehemiah 4 in the IRVP
Nehemiah 4 in the IRVT
Nehemiah 4 in the IRVT2
Nehemiah 4 in the IRVU
Nehemiah 4 in the ISVN
Nehemiah 4 in the JSNT
Nehemiah 4 in the KAPI
Nehemiah 4 in the KBT1ETNIK
Nehemiah 4 in the KBV
Nehemiah 4 in the KJV
Nehemiah 4 in the KNFD
Nehemiah 4 in the LBA
Nehemiah 4 in the LBLA
Nehemiah 4 in the LNT
Nehemiah 4 in the LSV
Nehemiah 4 in the MAAL
Nehemiah 4 in the MBV
Nehemiah 4 in the MBV2
Nehemiah 4 in the MHNT
Nehemiah 4 in the MKNFD
Nehemiah 4 in the MNG
Nehemiah 4 in the MNT
Nehemiah 4 in the MNT2
Nehemiah 4 in the MRS1T
Nehemiah 4 in the NAA
Nehemiah 4 in the NASB
Nehemiah 4 in the NBLA
Nehemiah 4 in the NBS
Nehemiah 4 in the NBVTP
Nehemiah 4 in the NET2
Nehemiah 4 in the NIV11
Nehemiah 4 in the NNT
Nehemiah 4 in the NNT2
Nehemiah 4 in the NNT3
Nehemiah 4 in the PDDPT
Nehemiah 4 in the PFNT
Nehemiah 4 in the RMNT
Nehemiah 4 in the SBIAS
Nehemiah 4 in the SBIBS
Nehemiah 4 in the SBIBS2
Nehemiah 4 in the SBICS
Nehemiah 4 in the SBIDS
Nehemiah 4 in the SBIGS
Nehemiah 4 in the SBIHS
Nehemiah 4 in the SBIIS
Nehemiah 4 in the SBIIS2
Nehemiah 4 in the SBIIS3
Nehemiah 4 in the SBIKS
Nehemiah 4 in the SBIKS2
Nehemiah 4 in the SBIMS
Nehemiah 4 in the SBIOS
Nehemiah 4 in the SBIPS
Nehemiah 4 in the SBISS
Nehemiah 4 in the SBITS
Nehemiah 4 in the SBITS2
Nehemiah 4 in the SBITS3
Nehemiah 4 in the SBITS4
Nehemiah 4 in the SBIUS
Nehemiah 4 in the SBIVS
Nehemiah 4 in the SBT
Nehemiah 4 in the SBT1E
Nehemiah 4 in the SCHL
Nehemiah 4 in the SNT
Nehemiah 4 in the SUSU
Nehemiah 4 in the SUSU2
Nehemiah 4 in the SYNO
Nehemiah 4 in the TBIAOTANT
Nehemiah 4 in the TBT1E
Nehemiah 4 in the TBT1E2
Nehemiah 4 in the TFTIP
Nehemiah 4 in the TFTU
Nehemiah 4 in the TGNTATF3T
Nehemiah 4 in the THAI
Nehemiah 4 in the TNFD
Nehemiah 4 in the TNT
Nehemiah 4 in the TNTIK
Nehemiah 4 in the TNTIL
Nehemiah 4 in the TNTIN
Nehemiah 4 in the TNTIP
Nehemiah 4 in the TNTIZ
Nehemiah 4 in the TOMA
Nehemiah 4 in the TTENT
Nehemiah 4 in the UBG
Nehemiah 4 in the UGV
Nehemiah 4 in the UGV2
Nehemiah 4 in the UGV3
Nehemiah 4 in the VBL
Nehemiah 4 in the VDCC
Nehemiah 4 in the YALU
Nehemiah 4 in the YAPE
Nehemiah 4 in the YBVTP
Nehemiah 4 in the ZBP