Numbers 1 (BOECS)

1 Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, 2 “Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. 3 Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo. 4 Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò. 5 “Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye: “Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me. 6 Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me. 7 Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me. 8 Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me. 9 Eliab, Helon ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me. 10 Yosef ƒe viwo tɔwoe nye:Elisama, Amihud ƒe viŋutsu,tso Efraim ƒe to la me kple Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu,tso Manase ƒe to la me, 11 Abidan, Gideon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me, 12 Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me, 13 Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me, 14 Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me, 15 Ahira, Enan ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.” 16 Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo. 17 Le gbe ma gbe ke la, Mose kple Aron kple ŋutsu wuieve siwo wotia la 18 yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu le dzinu evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woŋlɔ ameawo katã ƒe ŋkɔ ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Woŋlɔ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la ƒe ŋkɔwo, eye woxlẽ wo 19 abe ale si Yehowa de se ene. Mose wɔ ŋkɔŋɔŋlɔ sia le Sinai gbegbe. 20 Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. 21 Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500). 22 Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu. 23 Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300). 24 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple woƒe aƒewo nu. 25 Ame siwo wotia, xlẽ le Gad ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ (45,650), alafa ade blaatɔ̃. 26 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 27 Ame siwo wotia, xlẽ le Yuda ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600). 28 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Isaka ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 29 Ame siwo wotia, xlẽ le Isaka ƒe to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400). 30 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 31 Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400). 32 Yosef ƒe viwo tɔe nye esi:Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Efraim ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 33 Ame siwo wotia, xlẽ le Efraim ƒe to la me le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500). 34 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 35 Ame siwo wotia, xlẽ le Manase ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200). 36 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 37 Ame siwo wotia, xlẽ le Benyamin ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene (35,400). 38 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 39 Ame siwo wotia, xlẽ le Dan ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-eve, alafa adre (62,700). 40 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. 41 Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500). 42 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. 43 Ame siwo wotia, xlẽ le Naftali to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ alafa ene (53,400). 44 Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka 45 Eye wotia Israelviwo katã xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Israel. 46 Ame siwo katã wotia, xlẽ la le ame akpe alafa ade vɔ etɔ̃, alafa atɔ̃, blaatɔ̃ (603,550). 47 Ke womexlẽ Levi ƒe viwo ƒe ƒomewo kple aƒewo kpe ɖe wo ŋuti o. 48 Elabena Yehowa gblɔ na Mose be, 49 “Ɖe Levi ƒe viwo katã ɖa le amexexlẽ sia me, eye mègabu wo kpe ɖe Israelvi bubuwo ƒe xexlẽme ŋu o, 50 elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ, 51 eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku. 52 Israelviwo ƒe to vovovoawo aƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo, ɖe sia ɖe kple eƒe aflaga tɔxɛ 53 Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.” 54 Ale Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ.

In Other Versions

Numbers 1 in the ANGEFD

Numbers 1 in the ANTPNG2D

Numbers 1 in the AS21

Numbers 1 in the BAGH

Numbers 1 in the BBPNG

Numbers 1 in the BBT1E

Numbers 1 in the BDS

Numbers 1 in the BEV

Numbers 1 in the BHAD

Numbers 1 in the BIB

Numbers 1 in the BLPT

Numbers 1 in the BNT

Numbers 1 in the BNTABOOT

Numbers 1 in the BNTLV

Numbers 1 in the BOATCB

Numbers 1 in the BOATCB2

Numbers 1 in the BOBCV

Numbers 1 in the BOCNT

Numbers 1 in the BOGWICC

Numbers 1 in the BOHCB

Numbers 1 in the BOHCV

Numbers 1 in the BOHLNT

Numbers 1 in the BOHNTLTAL

Numbers 1 in the BOICB

Numbers 1 in the BOILNTAP

Numbers 1 in the BOITCV

Numbers 1 in the BOKCV

Numbers 1 in the BOKCV2

Numbers 1 in the BOKHWOG

Numbers 1 in the BOKSSV

Numbers 1 in the BOLCB

Numbers 1 in the BOLCB2

Numbers 1 in the BOMCV

Numbers 1 in the BONAV

Numbers 1 in the BONCB

Numbers 1 in the BONLT

Numbers 1 in the BONUT2

Numbers 1 in the BOPLNT

Numbers 1 in the BOSCB

Numbers 1 in the BOSNC

Numbers 1 in the BOTLNT

Numbers 1 in the BOVCB

Numbers 1 in the BOYCB

Numbers 1 in the BPBB

Numbers 1 in the BPH

Numbers 1 in the BSB

Numbers 1 in the CCB

Numbers 1 in the CUV

Numbers 1 in the CUVS

Numbers 1 in the DBT

Numbers 1 in the DGDNT

Numbers 1 in the DHNT

Numbers 1 in the DNT

Numbers 1 in the ELBE

Numbers 1 in the EMTV

Numbers 1 in the ESV

Numbers 1 in the FBV

Numbers 1 in the FEB

Numbers 1 in the GGMNT

Numbers 1 in the GNT

Numbers 1 in the HARY

Numbers 1 in the HNT

Numbers 1 in the IRVA

Numbers 1 in the IRVB

Numbers 1 in the IRVG

Numbers 1 in the IRVH

Numbers 1 in the IRVK

Numbers 1 in the IRVM

Numbers 1 in the IRVM2

Numbers 1 in the IRVO

Numbers 1 in the IRVP

Numbers 1 in the IRVT

Numbers 1 in the IRVT2

Numbers 1 in the IRVU

Numbers 1 in the ISVN

Numbers 1 in the JSNT

Numbers 1 in the KAPI

Numbers 1 in the KBT1ETNIK

Numbers 1 in the KBV

Numbers 1 in the KJV

Numbers 1 in the KNFD

Numbers 1 in the LBA

Numbers 1 in the LBLA

Numbers 1 in the LNT

Numbers 1 in the LSV

Numbers 1 in the MAAL

Numbers 1 in the MBV

Numbers 1 in the MBV2

Numbers 1 in the MHNT

Numbers 1 in the MKNFD

Numbers 1 in the MNG

Numbers 1 in the MNT

Numbers 1 in the MNT2

Numbers 1 in the MRS1T

Numbers 1 in the NAA

Numbers 1 in the NASB

Numbers 1 in the NBLA

Numbers 1 in the NBS

Numbers 1 in the NBVTP

Numbers 1 in the NET2

Numbers 1 in the NIV11

Numbers 1 in the NNT

Numbers 1 in the NNT2

Numbers 1 in the NNT3

Numbers 1 in the PDDPT

Numbers 1 in the PFNT

Numbers 1 in the RMNT

Numbers 1 in the SBIAS

Numbers 1 in the SBIBS

Numbers 1 in the SBIBS2

Numbers 1 in the SBICS

Numbers 1 in the SBIDS

Numbers 1 in the SBIGS

Numbers 1 in the SBIHS

Numbers 1 in the SBIIS

Numbers 1 in the SBIIS2

Numbers 1 in the SBIIS3

Numbers 1 in the SBIKS

Numbers 1 in the SBIKS2

Numbers 1 in the SBIMS

Numbers 1 in the SBIOS

Numbers 1 in the SBIPS

Numbers 1 in the SBISS

Numbers 1 in the SBITS

Numbers 1 in the SBITS2

Numbers 1 in the SBITS3

Numbers 1 in the SBITS4

Numbers 1 in the SBIUS

Numbers 1 in the SBIVS

Numbers 1 in the SBT

Numbers 1 in the SBT1E

Numbers 1 in the SCHL

Numbers 1 in the SNT

Numbers 1 in the SUSU

Numbers 1 in the SUSU2

Numbers 1 in the SYNO

Numbers 1 in the TBIAOTANT

Numbers 1 in the TBT1E

Numbers 1 in the TBT1E2

Numbers 1 in the TFTIP

Numbers 1 in the TFTU

Numbers 1 in the TGNTATF3T

Numbers 1 in the THAI

Numbers 1 in the TNFD

Numbers 1 in the TNT

Numbers 1 in the TNTIK

Numbers 1 in the TNTIL

Numbers 1 in the TNTIN

Numbers 1 in the TNTIP

Numbers 1 in the TNTIZ

Numbers 1 in the TOMA

Numbers 1 in the TTENT

Numbers 1 in the UBG

Numbers 1 in the UGV

Numbers 1 in the UGV2

Numbers 1 in the UGV3

Numbers 1 in the VBL

Numbers 1 in the VDCC

Numbers 1 in the YALU

Numbers 1 in the YAPE

Numbers 1 in the YBVTP

Numbers 1 in the ZBP