Numbers 8 (BOECS)
1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ” 3 Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu. 4 Wotsɔ sika wɔ akaɖiti la kple seƒoƒowo ɖe akaɖiti la ƒe zɔ kple alɔdzeawo ŋu. Wowɔ akaɖitiawo abe ale si Yehowa fia Mose ene. 5 Yehowa gblɔ na Mose be, 6 “Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi. 7 Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe. 8 Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ. 9 Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu. 10 Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi, 11 ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me. 12 “Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu. 13 Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene! 14 Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye. 15 “Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ. 16 Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene. 17 Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã. 18 Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe. 19 Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.” 20 Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu. 21 Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti. 22 Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu. 23 Yehowa gblɔ na Mose be, 24 “Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ. 25 Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o. 26 Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.”
In Other Versions
Numbers 8 in the ANGEFD
Numbers 8 in the ANTPNG2D
Numbers 8 in the AS21
Numbers 8 in the BAGH
Numbers 8 in the BBPNG
Numbers 8 in the BBT1E
Numbers 8 in the BDS
Numbers 8 in the BEV
Numbers 8 in the BHAD
Numbers 8 in the BIB
Numbers 8 in the BLPT
Numbers 8 in the BNT
Numbers 8 in the BNTABOOT
Numbers 8 in the BNTLV
Numbers 8 in the BOATCB
Numbers 8 in the BOATCB2
Numbers 8 in the BOBCV
Numbers 8 in the BOCNT
Numbers 8 in the BOGWICC
Numbers 8 in the BOHCB
Numbers 8 in the BOHCV
Numbers 8 in the BOHLNT
Numbers 8 in the BOHNTLTAL
Numbers 8 in the BOICB
Numbers 8 in the BOILNTAP
Numbers 8 in the BOITCV
Numbers 8 in the BOKCV
Numbers 8 in the BOKCV2
Numbers 8 in the BOKHWOG
Numbers 8 in the BOKSSV
Numbers 8 in the BOLCB
Numbers 8 in the BOLCB2
Numbers 8 in the BOMCV
Numbers 8 in the BONAV
Numbers 8 in the BONCB
Numbers 8 in the BONLT
Numbers 8 in the BONUT2
Numbers 8 in the BOPLNT
Numbers 8 in the BOSCB
Numbers 8 in the BOSNC
Numbers 8 in the BOTLNT
Numbers 8 in the BOVCB
Numbers 8 in the BOYCB
Numbers 8 in the BPBB
Numbers 8 in the BPH
Numbers 8 in the BSB
Numbers 8 in the CCB
Numbers 8 in the CUV
Numbers 8 in the CUVS
Numbers 8 in the DBT
Numbers 8 in the DGDNT
Numbers 8 in the DHNT
Numbers 8 in the DNT
Numbers 8 in the ELBE
Numbers 8 in the EMTV
Numbers 8 in the ESV
Numbers 8 in the FBV
Numbers 8 in the FEB
Numbers 8 in the GGMNT
Numbers 8 in the GNT
Numbers 8 in the HARY
Numbers 8 in the HNT
Numbers 8 in the IRVA
Numbers 8 in the IRVB
Numbers 8 in the IRVG
Numbers 8 in the IRVH
Numbers 8 in the IRVK
Numbers 8 in the IRVM
Numbers 8 in the IRVM2
Numbers 8 in the IRVO
Numbers 8 in the IRVP
Numbers 8 in the IRVT
Numbers 8 in the IRVT2
Numbers 8 in the IRVU
Numbers 8 in the ISVN
Numbers 8 in the JSNT
Numbers 8 in the KAPI
Numbers 8 in the KBT1ETNIK
Numbers 8 in the KBV
Numbers 8 in the KJV
Numbers 8 in the KNFD
Numbers 8 in the LBA
Numbers 8 in the LBLA
Numbers 8 in the LNT
Numbers 8 in the LSV
Numbers 8 in the MAAL
Numbers 8 in the MBV
Numbers 8 in the MBV2
Numbers 8 in the MHNT
Numbers 8 in the MKNFD
Numbers 8 in the MNG
Numbers 8 in the MNT
Numbers 8 in the MNT2
Numbers 8 in the MRS1T
Numbers 8 in the NAA
Numbers 8 in the NASB
Numbers 8 in the NBLA
Numbers 8 in the NBS
Numbers 8 in the NBVTP
Numbers 8 in the NET2
Numbers 8 in the NIV11
Numbers 8 in the NNT
Numbers 8 in the NNT2
Numbers 8 in the NNT3
Numbers 8 in the PDDPT
Numbers 8 in the PFNT
Numbers 8 in the RMNT
Numbers 8 in the SBIAS
Numbers 8 in the SBIBS
Numbers 8 in the SBIBS2
Numbers 8 in the SBICS
Numbers 8 in the SBIDS
Numbers 8 in the SBIGS
Numbers 8 in the SBIHS
Numbers 8 in the SBIIS
Numbers 8 in the SBIIS2
Numbers 8 in the SBIIS3
Numbers 8 in the SBIKS
Numbers 8 in the SBIKS2
Numbers 8 in the SBIMS
Numbers 8 in the SBIOS
Numbers 8 in the SBIPS
Numbers 8 in the SBISS
Numbers 8 in the SBITS
Numbers 8 in the SBITS2
Numbers 8 in the SBITS3
Numbers 8 in the SBITS4
Numbers 8 in the SBIUS
Numbers 8 in the SBIVS
Numbers 8 in the SBT
Numbers 8 in the SBT1E
Numbers 8 in the SCHL
Numbers 8 in the SNT
Numbers 8 in the SUSU
Numbers 8 in the SUSU2
Numbers 8 in the SYNO
Numbers 8 in the TBIAOTANT
Numbers 8 in the TBT1E
Numbers 8 in the TBT1E2
Numbers 8 in the TFTIP
Numbers 8 in the TFTU
Numbers 8 in the TGNTATF3T
Numbers 8 in the THAI
Numbers 8 in the TNFD
Numbers 8 in the TNT
Numbers 8 in the TNTIK
Numbers 8 in the TNTIL
Numbers 8 in the TNTIN
Numbers 8 in the TNTIP
Numbers 8 in the TNTIZ
Numbers 8 in the TOMA
Numbers 8 in the TTENT
Numbers 8 in the UBG
Numbers 8 in the UGV
Numbers 8 in the UGV2
Numbers 8 in the UGV3
Numbers 8 in the VBL
Numbers 8 in the VDCC
Numbers 8 in the YALU
Numbers 8 in the YAPE
Numbers 8 in the YBVTP
Numbers 8 in the ZBP