Numbers 9 (BOECS)

1 Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be, 2 “Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi. 3 Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.” 4 Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, 5 eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 6 Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe, 7 eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?” 8 Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti. 9 Yehowa ƒe nyametsotsoe nye: 10 “Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe, 11 le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve. 12 Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ. 13 “Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi. 14 Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.” 15 Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me. 16 Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me. 17 Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma. 18 Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma. 19 Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo. 20 Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ. 21 Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ. 22 Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ. 23 Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu.

In Other Versions

Numbers 9 in the ANGEFD

Numbers 9 in the ANTPNG2D

Numbers 9 in the AS21

Numbers 9 in the BAGH

Numbers 9 in the BBPNG

Numbers 9 in the BBT1E

Numbers 9 in the BDS

Numbers 9 in the BEV

Numbers 9 in the BHAD

Numbers 9 in the BIB

Numbers 9 in the BLPT

Numbers 9 in the BNT

Numbers 9 in the BNTABOOT

Numbers 9 in the BNTLV

Numbers 9 in the BOATCB

Numbers 9 in the BOATCB2

Numbers 9 in the BOBCV

Numbers 9 in the BOCNT

Numbers 9 in the BOGWICC

Numbers 9 in the BOHCB

Numbers 9 in the BOHCV

Numbers 9 in the BOHLNT

Numbers 9 in the BOHNTLTAL

Numbers 9 in the BOICB

Numbers 9 in the BOILNTAP

Numbers 9 in the BOITCV

Numbers 9 in the BOKCV

Numbers 9 in the BOKCV2

Numbers 9 in the BOKHWOG

Numbers 9 in the BOKSSV

Numbers 9 in the BOLCB

Numbers 9 in the BOLCB2

Numbers 9 in the BOMCV

Numbers 9 in the BONAV

Numbers 9 in the BONCB

Numbers 9 in the BONLT

Numbers 9 in the BONUT2

Numbers 9 in the BOPLNT

Numbers 9 in the BOSCB

Numbers 9 in the BOSNC

Numbers 9 in the BOTLNT

Numbers 9 in the BOVCB

Numbers 9 in the BOYCB

Numbers 9 in the BPBB

Numbers 9 in the BPH

Numbers 9 in the BSB

Numbers 9 in the CCB

Numbers 9 in the CUV

Numbers 9 in the CUVS

Numbers 9 in the DBT

Numbers 9 in the DGDNT

Numbers 9 in the DHNT

Numbers 9 in the DNT

Numbers 9 in the ELBE

Numbers 9 in the EMTV

Numbers 9 in the ESV

Numbers 9 in the FBV

Numbers 9 in the FEB

Numbers 9 in the GGMNT

Numbers 9 in the GNT

Numbers 9 in the HARY

Numbers 9 in the HNT

Numbers 9 in the IRVA

Numbers 9 in the IRVB

Numbers 9 in the IRVG

Numbers 9 in the IRVH

Numbers 9 in the IRVK

Numbers 9 in the IRVM

Numbers 9 in the IRVM2

Numbers 9 in the IRVO

Numbers 9 in the IRVP

Numbers 9 in the IRVT

Numbers 9 in the IRVT2

Numbers 9 in the IRVU

Numbers 9 in the ISVN

Numbers 9 in the JSNT

Numbers 9 in the KAPI

Numbers 9 in the KBT1ETNIK

Numbers 9 in the KBV

Numbers 9 in the KJV

Numbers 9 in the KNFD

Numbers 9 in the LBA

Numbers 9 in the LBLA

Numbers 9 in the LNT

Numbers 9 in the LSV

Numbers 9 in the MAAL

Numbers 9 in the MBV

Numbers 9 in the MBV2

Numbers 9 in the MHNT

Numbers 9 in the MKNFD

Numbers 9 in the MNG

Numbers 9 in the MNT

Numbers 9 in the MNT2

Numbers 9 in the MRS1T

Numbers 9 in the NAA

Numbers 9 in the NASB

Numbers 9 in the NBLA

Numbers 9 in the NBS

Numbers 9 in the NBVTP

Numbers 9 in the NET2

Numbers 9 in the NIV11

Numbers 9 in the NNT

Numbers 9 in the NNT2

Numbers 9 in the NNT3

Numbers 9 in the PDDPT

Numbers 9 in the PFNT

Numbers 9 in the RMNT

Numbers 9 in the SBIAS

Numbers 9 in the SBIBS

Numbers 9 in the SBIBS2

Numbers 9 in the SBICS

Numbers 9 in the SBIDS

Numbers 9 in the SBIGS

Numbers 9 in the SBIHS

Numbers 9 in the SBIIS

Numbers 9 in the SBIIS2

Numbers 9 in the SBIIS3

Numbers 9 in the SBIKS

Numbers 9 in the SBIKS2

Numbers 9 in the SBIMS

Numbers 9 in the SBIOS

Numbers 9 in the SBIPS

Numbers 9 in the SBISS

Numbers 9 in the SBITS

Numbers 9 in the SBITS2

Numbers 9 in the SBITS3

Numbers 9 in the SBITS4

Numbers 9 in the SBIUS

Numbers 9 in the SBIVS

Numbers 9 in the SBT

Numbers 9 in the SBT1E

Numbers 9 in the SCHL

Numbers 9 in the SNT

Numbers 9 in the SUSU

Numbers 9 in the SUSU2

Numbers 9 in the SYNO

Numbers 9 in the TBIAOTANT

Numbers 9 in the TBT1E

Numbers 9 in the TBT1E2

Numbers 9 in the TFTIP

Numbers 9 in the TFTU

Numbers 9 in the TGNTATF3T

Numbers 9 in the THAI

Numbers 9 in the TNFD

Numbers 9 in the TNT

Numbers 9 in the TNTIK

Numbers 9 in the TNTIL

Numbers 9 in the TNTIN

Numbers 9 in the TNTIP

Numbers 9 in the TNTIZ

Numbers 9 in the TOMA

Numbers 9 in the TTENT

Numbers 9 in the UBG

Numbers 9 in the UGV

Numbers 9 in the UGV2

Numbers 9 in the UGV3

Numbers 9 in the VBL

Numbers 9 in the VDCC

Numbers 9 in the YALU

Numbers 9 in the YAPE

Numbers 9 in the YBVTP

Numbers 9 in the ZBP