Psalms 106 (BOECS)
1 Mikafu Yehowa. Mida akpe na Yehowa,elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. 2 Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsusiwo wòwɔ alo akafui wòade go? 3 Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi,ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi. 4 O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem,va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem, 5 be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me,be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la,eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò. 6 Míewɔ nu vɔ̃ abe mía fofowo ke ene;míewɔ nu tovo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi. 7 Esi mía fofowo nɔ Egipte la,womebu wò nukunuwo ŋu o;womeɖo ŋku wò dɔmenyo gbogboawo dzi o,ke boŋ wodze aglã le ƒu la to,le Ƒu Dzĩ la to, 8 gake eɖe wo le eƒe ŋkɔ la ta,be wòana woanya eƒe ŋusẽ triakɔ la. 9 Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie;ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene. 10 Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me,eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le. 11 Tsi la ŋe tsyɔ wo yometilawo dzi,eye ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. 12 Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se,eye wodzi ha kafui. 13 Kasia woŋlɔ nu si wòwɔ la be xoxo,eye womelala xɔ aɖaŋu tso egbɔ o. 14 Le gbea dzi la, wodzro nu vevie,eye le gbegbe la, wote Mawu kpɔ. 15 Ale wòtsɔ nu si biam wole la na wo,gake eɖo dɔvɔ̃ ɖe wo dome. 16 Woʋã ŋu Mose kple Aron le asaɖa la me,ame si ŋuti wokɔ na Yehowa. 17 Anyigba ke nu mi Datan,eye wòɖi Abiram kple eyomedzelawo agbagbe. 18 Dzo va fia wo yomedzelawo,eye dzo ƒe aɖewo fia ame vɔ̃ɖiawo. 19 Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ,eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga. 20 Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe. 21 Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be,Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte 22 kple dzesiwo le Hamnyigba dzikple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to. 23 Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge.Ɖe Mose, eƒe ame tiatia lametsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ naeƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo. 24 Wodo vlo anyigba dzeani la,eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o. 25 Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me,eye womeɖo to Yehowa o. 26 Eya ta wòdo eƒe asiwo ɖe dzi ka atam na wobe yele nana ge wo katã natsrɔ̃ ɖe gbea dzi, 27 woƒe dzidzimeviwo atsi dukɔwo dome,eye yeakaka wo ɖe anyigbawo dzi. 28 Wotsɔ Baal Peor ƒe kɔkuti ku kɔ na wo ɖokuiwo,eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ̃e na mawu siwo me agbe mele o. 29 Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖiawo do dɔmedzoe na Yehowa,eye dɔvɔ̃ gbã gboo ɖe wo dome. 30 Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me,tete dɔvɔ̃ la nu tso. 31 Wobu esia dzɔdzɔenyenye nɛhena dzidzime mavɔ siwo ava dzɔ. 32 Le Meriba tsiawo gbɔ,wodo dɔmedzoe na Yehowa,eye Mose kpɔ nya le woawo ta. 33 Elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ ŋuti,eye nya vlowo ge le Mose nu. 34 Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o, 35 ke boŋ wotsaka kple dukɔwo,eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo. 36 Wosubɔ woƒe legbawo,esi zu mɔ me woge ɖo. 37 Wotsɔ woƒe ŋutsuviwokple woƒe nyɔnuviwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo. 38 Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi,wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu,ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo,eye wotsɔ woƒe ʋu gblẽ kɔ ɖo na anyigba la. 39 Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me,eye to woƒe nuwɔnawo me,wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe, 40 eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti,eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu. 41 Etsɔ wo de asi na dukɔwo,eye woƒe futɔwo ɖu fia ɖe wo dzi. 42 Woƒe futɔwo te wo ɖe to,eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te. 43 Eɖe wo zi geɖe,gake woɖoe kplikpaa be yewoadze aglã,eye wovɔ le eme keŋkeŋle woƒe nu vɔ̃ me. 44 Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa,esi wòse woƒe ɣlidodo; 45 le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi,eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta. 46 Ena ame siwo katã ɖe aboyo wola kpɔ nublanui na wo. 47 O! Yehowa, míaƒe Mawu,ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome,be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la,eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu. 48 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la,tso mavɔ me yi mavɔ me. Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!” Mikafu Yehowa.
In Other Versions
Psalms 106 in the ANGEFD
Psalms 106 in the ANTPNG2D
Psalms 106 in the AS21
Psalms 106 in the BAGH
Psalms 106 in the BBPNG
Psalms 106 in the BBT1E
Psalms 106 in the BDS
Psalms 106 in the BEV
Psalms 106 in the BHAD
Psalms 106 in the BIB
Psalms 106 in the BLPT
Psalms 106 in the BNT
Psalms 106 in the BNTABOOT
Psalms 106 in the BNTLV
Psalms 106 in the BOATCB
Psalms 106 in the BOATCB2
Psalms 106 in the BOBCV
Psalms 106 in the BOCNT
Psalms 106 in the BOGWICC
Psalms 106 in the BOHCB
Psalms 106 in the BOHCV
Psalms 106 in the BOHLNT
Psalms 106 in the BOHNTLTAL
Psalms 106 in the BOICB
Psalms 106 in the BOILNTAP
Psalms 106 in the BOITCV
Psalms 106 in the BOKCV
Psalms 106 in the BOKCV2
Psalms 106 in the BOKHWOG
Psalms 106 in the BOKSSV
Psalms 106 in the BOLCB
Psalms 106 in the BOLCB2
Psalms 106 in the BOMCV
Psalms 106 in the BONAV
Psalms 106 in the BONCB
Psalms 106 in the BONLT
Psalms 106 in the BONUT2
Psalms 106 in the BOPLNT
Psalms 106 in the BOSCB
Psalms 106 in the BOSNC
Psalms 106 in the BOTLNT
Psalms 106 in the BOVCB
Psalms 106 in the BOYCB
Psalms 106 in the BPBB
Psalms 106 in the BPH
Psalms 106 in the BSB
Psalms 106 in the CCB
Psalms 106 in the CUV
Psalms 106 in the CUVS
Psalms 106 in the DBT
Psalms 106 in the DGDNT
Psalms 106 in the DHNT
Psalms 106 in the DNT
Psalms 106 in the ELBE
Psalms 106 in the EMTV
Psalms 106 in the ESV
Psalms 106 in the FBV
Psalms 106 in the FEB
Psalms 106 in the GGMNT
Psalms 106 in the GNT
Psalms 106 in the HARY
Psalms 106 in the HNT
Psalms 106 in the IRVA
Psalms 106 in the IRVB
Psalms 106 in the IRVG
Psalms 106 in the IRVH
Psalms 106 in the IRVK
Psalms 106 in the IRVM
Psalms 106 in the IRVM2
Psalms 106 in the IRVO
Psalms 106 in the IRVP
Psalms 106 in the IRVT
Psalms 106 in the IRVT2
Psalms 106 in the IRVU
Psalms 106 in the ISVN
Psalms 106 in the JSNT
Psalms 106 in the KAPI
Psalms 106 in the KBT1ETNIK
Psalms 106 in the KBV
Psalms 106 in the KJV
Psalms 106 in the KNFD
Psalms 106 in the LBA
Psalms 106 in the LBLA
Psalms 106 in the LNT
Psalms 106 in the LSV
Psalms 106 in the MAAL
Psalms 106 in the MBV
Psalms 106 in the MBV2
Psalms 106 in the MHNT
Psalms 106 in the MKNFD
Psalms 106 in the MNG
Psalms 106 in the MNT
Psalms 106 in the MNT2
Psalms 106 in the MRS1T
Psalms 106 in the NAA
Psalms 106 in the NASB
Psalms 106 in the NBLA
Psalms 106 in the NBS
Psalms 106 in the NBVTP
Psalms 106 in the NET2
Psalms 106 in the NIV11
Psalms 106 in the NNT
Psalms 106 in the NNT2
Psalms 106 in the NNT3
Psalms 106 in the PDDPT
Psalms 106 in the PFNT
Psalms 106 in the RMNT
Psalms 106 in the SBIAS
Psalms 106 in the SBIBS
Psalms 106 in the SBIBS2
Psalms 106 in the SBICS
Psalms 106 in the SBIDS
Psalms 106 in the SBIGS
Psalms 106 in the SBIHS
Psalms 106 in the SBIIS
Psalms 106 in the SBIIS2
Psalms 106 in the SBIIS3
Psalms 106 in the SBIKS
Psalms 106 in the SBIKS2
Psalms 106 in the SBIMS
Psalms 106 in the SBIOS
Psalms 106 in the SBIPS
Psalms 106 in the SBISS
Psalms 106 in the SBITS
Psalms 106 in the SBITS2
Psalms 106 in the SBITS3
Psalms 106 in the SBITS4
Psalms 106 in the SBIUS
Psalms 106 in the SBIVS
Psalms 106 in the SBT
Psalms 106 in the SBT1E
Psalms 106 in the SCHL
Psalms 106 in the SNT
Psalms 106 in the SUSU
Psalms 106 in the SUSU2
Psalms 106 in the SYNO
Psalms 106 in the TBIAOTANT
Psalms 106 in the TBT1E
Psalms 106 in the TBT1E2
Psalms 106 in the TFTIP
Psalms 106 in the TFTU
Psalms 106 in the TGNTATF3T
Psalms 106 in the THAI
Psalms 106 in the TNFD
Psalms 106 in the TNT
Psalms 106 in the TNTIK
Psalms 106 in the TNTIL
Psalms 106 in the TNTIN
Psalms 106 in the TNTIP
Psalms 106 in the TNTIZ
Psalms 106 in the TOMA
Psalms 106 in the TTENT
Psalms 106 in the UBG
Psalms 106 in the UGV
Psalms 106 in the UGV2
Psalms 106 in the UGV3
Psalms 106 in the VBL
Psalms 106 in the VDCC
Psalms 106 in the YALU
Psalms 106 in the YAPE
Psalms 106 in the YBVTP
Psalms 106 in the ZBP