Psalms 119 (BOECS)

1 Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o,ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu. 2 Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo. 3 Womewɔa vɔ̃ aɖeke o;ke boŋ wozɔna le eƒe mɔwo dzi. 4 Èwɔ se siwo dzi wòle bewoawɔ ɖo blibo la da ɖi. 5 O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩele wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ. 6 Ekema ŋu makpem ne mebu wò sewo katã ŋu o. 7 Makafu wò le dzi dzɔdzɔe me,ne mele wò se dzɔdzɔeawo srɔ̃m. 8 Mawɔ ɖe wò sededewo dzi,eya ta mègagblẽm ɖi keŋkeŋ o. 9 Aleke ɖekakpui awɔ,be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi?To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee. 10 Madi wò kple nye dzi blibo,eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o. 11 Meɣla wò nya ɖe nye dzi me,be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o. 12 O! Yehowa, woakafu wò ɖaa;fia wò sededewom. 13 Matsɔ nye nu axlẽ se siwo katãdo tso wò nu me la afia. 14 Melé wò ɖoɖowo me ɖe asi dzidzɔtɔe,abe ale si ame kpɔa dzidzɔ ɖekesinɔnu gbogbowo ŋu ene. 15 Mede ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu,eye melé ŋku ɖe wò mɔwo ŋu. 16 Wò sededewo doa dzidzɔ nam,nyemaŋlɔ wò nya la be o. 17 Wɔ nyui na wò dɔla, be manɔ agbe.Mawɔ wò nya la dzi. 18 Ʋu nye ŋkuwo be makpɔnukunuwo le wò se la me. 19 Amedzroe menye le anyigba dzi,eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o. 20 Nu te nye luʋɔ ŋu,le wò sewo yometiti ɣe sia ɣi ta. 21 Èka mo na dadalawo,ame siwo woƒo fi de,eye wotra tso wò sewo gbɔ. 22 Ɖe ŋukpe kple vlododo ɖa le ŋunye,elabena melé wò sewo me ɖe asi. 23 Togbɔ be dziɖulawo nɔ anyi ɖe teƒe ɖeka,eye wole ŋunye gblẽm hã la,wò dɔla ade ŋugble le wò sededewo ŋu. 24 Wò ɖoɖowo dzɔa dzi nam;wonye nye aɖaŋuɖolawo. 25 Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me,kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu. 26 Mexlẽ nye mɔwo fia, eye nèɖo tom.Fia wò sededewom. 27 Na mase wò sewo ƒe nufiafia gɔme;ekema made ŋugble le wò nukunuwo ŋu. 28 Nuxaxa na nye luʋɔ gbɔdzɔ;do ŋusẽm le wò nya la nu. 29 Ɖem le alakpamɔwo dzi,eye nàve nunye to wò se la dzi. 30 Metia nyateƒe ƒe mɔ,eye nye dzi ku ɖe wò sewo ŋu. 31 Meku ɖe wò sewo ŋu vevie,o Yehowa, eya ta mègana ŋu nakpem o. 32 Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi,elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me. 33 O, Yehowa, fia ale si madze wò sededewo yomee lam,ekema malé wo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu. 34 Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi,eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo. 35 Dam ɖe wò sededewo ƒe mɔ dzi,elabena afi ma mekpɔa dzidzɔ le. 36 Trɔ nye dzi ɖe wò sewo ŋu,ke menye ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ŋu o. 37 Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu,eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu. 38 Wɔ wò ŋugbedodo la dzi na wò dɔla,ale be woavɔ̃ wò. 39 Ɖe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa,elabena wò sewo nyo. 40 Mele wò sewo dim vevie ŋutɔ!Le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖe nye agbe. 41 O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ si meʋãna ola neva gbɔnye;nenema kee nye wò xɔname hãle wò ŋugbedodo la nu, 42 ekema maɖo eŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye,elabena meka ɖe wò nya dzi. 43 Mègaɖe nyateƒe ƒe nya la le nye nu me o,elabena meda nye mɔkpɔkpɔ ɖe wò sewo dzi. 44 Mawɔ ɖe wò se la dzi ɣe sia ɣi,tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. 45 Mazɔ le ablɔɖe me,elabena medi wò ɖoɖowo yomemɔ. 46 Maƒo nu tso wò sewo ŋule fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o. 47 Wò sededewo doa dzidzɔ nam,elabena melɔ̃a wo. 48 Medo nye asiwo ɖe dzi na wò sedede siwo melɔ̃ la,eye mede ŋugble le wò sededewo ŋu. 49 Ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla la dzi,elabena ètsɔ mɔkpɔkpɔ de menye. 50 Esiae nye nye akɔfafa le nye fukpekpe me,be wò ŋugbedodo ɖe nye agbe. 51 Dadalawo ɖua fewu le ŋunye faa,gake nyemetrɔ le wò se la yome o. 52 O! Yehowa, meɖo ŋku wò blemasewo dzi,elabena mekpɔa akɔfafa le wo me. 53 Ŋɔdzi lém le ame vɔ̃ɖiwo ta,ame siwo gbe nu le wò se la gbɔ. 54 Afi sia afi si medze la,wò sewo nyea nye ha ƒe tanya. 55 O! Yehowa, le zã me la, meɖoa ŋku wò ŋkɔ dzi,eye malé wò sewo me ɖe asi. 56 Esia nye tɔnye gome,elabena mewɔa wò ɖoɖowo dzi. 57 O! Yehowa, wòe nye nye gomekpɔkpɔ,eya ta medo ŋugbe be mawɔ ɖe wò nyawo dzi. 58 Medi wò ŋkume kple nye dzi blibo,eya ta ve nunye le wò ŋugbedodo la nu. 59 Melé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu,eye metrɔ nye afɔ ɖe wò nuɖoanyiwo ŋu. 60 Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o,be mawɔ ɖe wò sededewo dzi. 61 Togbɔ be ame vɔ̃ɖiwo blam kple ka hã la,nyemaŋlɔ wò sewo be o. 62 Mefɔ le zãtitina be mada akpena wò ɖe wò se dzɔdzɔeawo ta. 63 Menye xɔ̃ na ame siwo katã vɔ̃a wòkple ame siwo katã dze wò sewo yome. 64 O! Yehowa, anyigba dzi yɔ fũukple wò lɔlɔ̃, eya ta fia wò sededewom. 65 O! Yehowa, wɔ nyui na wò dɔlale wò nya la nu. 66 Fia nunya kple afia nyui tsotsom,elabena mexɔ wò sededewo dzi se. 67 Hafi woava aka hiãm la,metra mɔ, ke azɔ la, meɖo to wò nya la. 68 Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo,eya ta fia wò sededewom. 69 Togbɔ be dadalawo tsɔ alakpa sisi ɖe ŋunye keŋ hã la,melé wò sewo me ɖe asi kple nye dzi blibo. 70 Woƒe dzi ku atri, eye megasea naneke o,ke nye la, mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu. 71 Enyo be woka hiãm,ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo. 72 Se siwo do tso wò nu me la xɔ asi nam wusika kple klosalo akpewo. 73 Wò asie wɔm, eye wò asimee medo tso;tsɔ gɔmesese nam, be masrɔ̃ wò sededewo. 74 Na ame siwo vɔ̃a wò la nakpɔ dzidzɔ ne wokpɔm,elabena metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi. 75 O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe,eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm. 76 Na be wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la nanye nye akɔfafa,le ŋugbe si nèdo na wò dɔla la ta. 77 Wò dɔmenyo neɖiɖi ɖe dzinye, be manɔ agbe,elabena wò se lae nye nye dzidzɔ. 78 Na ŋu nakpe dadala,le esi wòwɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, nye nanekemawɔmawɔe;ke nye la, made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. 79 Na ame siwo vɔ̃a wò la natrɔ ɖe ŋunye,ame siwo se wò nuɖoanyiwo gɔme. 80 Na kpɔtsɔtsɔ manɔ nye dzi ŋuti ɖe wò sededewo ŋu o,ale be ŋu makpem o. 81 Nu ti kɔ na nye luʋɔ le wò ɖeɖedidi vevie ta,gake metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi. 82 Nu te nye ŋkuwo ŋu,le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta.Megblɔ be, “Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?” 83 Togbɔ be mele abe waingolole dzudzɔ me ene hã la,nyemeŋlɔ wò sededewo be o. 84 Va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔla alala?Ɣe ka ɣi nàhe to na yonyemetilawo? 85 Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam,nu si tsi tsitre ɖe wò se la ŋu. 86 Wò sededewo katã nye nu si dzi woaka ɖo;kpe ɖe ŋunye,elabena amewo ti yonyeme susumanɔmetɔe. 87 Esusɔ vie woɖem ɖa le anyigba dzi kloe,gake nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o. 88 Le wò lɔlɔ̃ la ta, kpɔ nye agbe ta,eye maɖo to se siwo do tso wò nu me. 89 O! Yehowa, wò nya la nye nya mavɔ,eli ke goŋgoŋgoŋ ɖe dziƒo. 90 Wò nuteƒewɔwɔ li le dzidzimewo katã;wòe ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòli ke ɖaa. 91 Wò sewo gali va se ɖe egbe,elabena wòe nuwo katã subɔna. 92 Nenye ɖe wò se la menye nye dzidzɔ o la,anye ne metsrɔ̃ le nye hiãkame me. 93 Nyemaŋlɔ wò ɖoɖowo be o,elabena èkpɔ nye agbe ta to wo dzi. 94 Ɖem, elabena tɔwò menye,elabena medi wò ɖoɖowo ƒe mɔ. 95 Ame vɔ̃ɖiwo le lalam be woatsrɔ̃m,ke nye la, madzro wò sewo me. 96 Mekpɔ seɖoƒe na nu de blibo ɖe sia ɖe,gake wò sededewo ya la, seɖoƒe meli na wo o. 97 O, ale gbegbe mehelɔ̃ wò se lae!Medea ŋugble le eŋuti ŋkeke blibo la. 98 Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo katã,elabena wole gbɔnye ɖaa. 99 Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã,elabena medea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. 100 Gɔmesese le asinye wu dumegãwo,elabena mewɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi. 101 Meɖe nye afɔ ɖa le mɔ vɔ̃ ɖe sia ɖe dzi,ale be mawɔ ɖe wò nya la dzi. 102 Nyemedzo le wò sewo gbɔ o,elabena wò ŋutɔe fia num. 103 Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ,eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ! 104 Gɔmesese su asinye to wò sewo dzi,eya ta metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe. 105 Wò nya la nye akaɖi na nye afɔkple kekeli na nye mɔ. 106 Meka atam, eye meɖo kpe edzi be,wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ. 107 Mekpe fu geɖe,eya ta o Yehowa,kpɔ nye agbe ta,le wò nya la nu. 108 O! Yehowa, xɔ kafukafu si nye nu dzra ɖo ɖi la,eye nàfia wò sewom. 109 Togbɔ be metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome enuenu hã la,nyemaŋlɔ wò se la be o. 110 Ame vɔ̃ɖi la tre mɔ nam,gake nyemetra tso wò nuɖoanyiwo gbɔ o. 111 Wò ɖoɖowo nye nye domenyinu tegbee,elabena wonye nye dzi ƒe dzidzɔ. 112 Nye dzi ku ɖe wò sededewo dziwɔwɔ ŋu va se ɖe nuwuwu. 113 Melé fu susuevetɔwo,gake melɔ̃ wò se la. 114 Wòe nye nye sitsoƒe kple nye akpoxɔnu,metsɔ nye mɔkpɔkpɔ de wò nya la me. 115 Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo,be mate ŋu alé nye Mawu ƒe sewo me ɖe asi! 116 Lém ɖe asi le wò ŋugbedodo la nu,ekema manɔ agbe, eye mègana ŋu nakpemle nye mɔkpɔkpɔ me o. 117 Lém ɖe te, ekema makpɔ ɖeɖe,eye ɣe sia ɣi made bubu wò sededewo ŋu. 118 Ègbe nu le ame siwo katã tra mɔ tsowò sededewo gbɔ la gbɔ,elabena woƒe alakpadada nye nu dzodzro. 119 Ègbe nu le ame vɔ̃ɖi siwo katãle anyigba dzi la gbɔ abe gbeɖuɖɔ ene,eya ta melɔ̃ wò nuɖoanyiwo. 120 Nye lãme le ƒoƒomle vɔvɔ̃ na wò ta,eye nye mo wɔ yaa le wò sewo ta. 121 Mewɔ nu si dzɔ kple nu si le eteƒe,eya ta mègaɖe asi le ŋunye naame siwo tem ɖe anyi la o. 122 Kpɔ wò dɔla la ƒe dedinɔnɔ gbɔ,mègana dadalawo natem ɖe to o. 123 Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ɖeɖedidi ta. 124 Wɔ nu kple wò dɔla le wò lɔlɔ̃ ta,eye nàfia wò sededewom. 125 Wò dɔlae menye,eya ta na sidzedzem, be mase wò nuɖoanyiwo gɔme. 126 O! Yehowa, ɣeyiɣi de na wò be nàɖe afɔ,elabena wole wò sewo tum. 127 Elabena melɔ̃ wò sewo wusika kple sika nyuitɔ. 128 Eye esi mebu wò ɖoɖowo katã be wole dzɔdzɔe ta la,metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe. 129 Wò sewo nye nuku,eya ta meɖo to wo. 130 Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo,eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si. 131 Meke nu ɖe te hele gbɔgbɔm fuxefuxe,le wò sewo dim vevie. 132 Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanuiabe ale si nèwɔnɛ ɖaa naame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene. 133 Na maɖe afɔ le wò nya la nu,eye mègana nu vɔ̃ aɖeke naɖu dzinye o. 134 Ɖem tso amewo ƒe teteɖeanyi me,be mawɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi. 135 Na wò mo naklẽ na wò dɔla,eye nàfia wò sededewom. 136 Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene,elabena womewɔ wò sewo dzi o. 137 O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye,eye wò sewo hã le dzɔdzɔe. 138 Nu siwo nèɖo anyi hã la le dzɔdzɔe,woaka ɖe wo dzi ɖikeke manɔmee. 139 Dzo si metsɔ ɖe ŋuwò la na megbɔdzɔ,elabena nye futɔwo gbe nu le wò nyawo gbɔ. 140 Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie,eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ. 141 Togbɔ be wodo vlom,eye nyemele ɖeke me o hã la,nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o. 142 Wò dzɔdzɔenyenye li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,eye wò se la hã nye nyateƒe. 143 Fukpekpe kple xaxa va dzinye,gake wò sededewo doa dzidzɔ nam. 144 Wò nuɖoanyiwo le dzɔdzɔe ɖaa,eya ta na gɔmesesem, be manɔ agbe. 145 O! Yehowa, mele yɔwòm kple nye dzi blibo,eya ta tɔ nam, eye mawɔ wò sededewo dzi. 146 Wòe meyɔ, xɔ nam,eye malé wò ɖoɖoawo me ɖe asi. 147 Mefɔ hafi ŋu ke, eye medo ɣli be woaxɔ nam,ke metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi. 148 Nye ŋkuwo le te le zã blibo la katã me,be made ŋugble le wò ŋugbedodowo ŋu. 149 Se nye gbe, le wò lɔlɔ̃ la ta,O! Yehowa, ɖe nye agbe,le wò sewo ƒe ɖoɖo nu. 150 Ame siwo le nu vɔ̃ɖiwo ɖom la gogo,gake wodidi tso wò se la gbɔ. 151 O! Yehowa, ètsɔ ɖe gbɔnye ɖe!Wò sededewo katã hã nye nyateƒe. 152 Mesrɔ̃ nu tso wò se la me gbe aɖe gbe ke,be èɖo wo gɔme anyi be woanɔ anyitso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. 153 Kpɔ nye hiãtuame ɖa, eye nàɖem,elabena nyemeŋlɔ wò se la be o. 154 Ʋli tanye, eye nàɖem,kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu. 155 Ɖeɖe le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo,elabena womedia wò sededewo ƒe mɔ o. 156 O! Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ,eya ta kpɔ nye agbe ta le wò sewo nu. 157 Futɔ siwo ti yonyeme la sɔ gbɔ ŋutɔ,gake nyemetrɔ le wò ɖoɖowo yome o. 158 Menyɔ ŋu xɔsemanɔsitɔwo,elabena womewɔa wò nya la dzi o. 159 Kpɔ ale si melɔ̃ wò sewoe ɖa;eya ta o Yehowa,kpɔ nye agbe ta le wò lɔlɔ̃ la ta. 160 Wò nyawo katã nye nyateƒe,eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo. 161 Dziɖulawo tia nye agbe yome susumanɔŋutɔe,gake nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta. 162 Mekpɔ dzidzɔ le wò ŋugbedodo la meabe ame si ke ɖe afunyinu gbogbo aɖe ŋu ene. 163 Metsri, eye menyɔ ŋu alakpa,ke melɔ̃ wò se la. 164 Mekafua wò zi adre le ŋkeke me,le wò se dzɔdzɔeawo ta. 165 Ame siwo lɔ̃a wò se la,kpɔa ŋutifafa gã aɖe,eye naneke mawɔ wo woakli nu o. 166 O! Yehowa, mele wò xɔxɔ lalam,eye manɔ wò sededewo yome. 167 Mawɔ ɖe wò nuɖoanyiwo dzi,elabena melɔ̃ wo ŋutɔ. 168 Mawɔ ɖe wò sewo kple ɖoɖowo dzi,elabena nye mɔwo katã le nyanya na wò. 169 O! Yehowa, nye ɣlidodo nede gbɔwò,tsɔ gɔmesese nam le wò nya la nu. 170 Nye gbedodoɖawo nede gbɔwò;ɖem le wò ŋugbedodo la ta. 171 Nye nuyiwo negbã go kple kafukafu,elabena èfia wò sededewom. 172 Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu,elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe. 173 Wò asi nenɔ klalo akpe ɖe ŋunye,elabena metia wò sewo. 174 O! Yehowa, wò xɔname le dzroyem vevie ŋutɔ,elabena wò se lae nye nye dzidzɔ. 175 Na manɔ agbe, ne makafu wò,eye na wò sewo nalém ɖe te. 176 Metra mɔ abe alẽ bubu ene.Di wò dɔla la,elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.

In Other Versions

Psalms 119 in the ANGEFD

Psalms 119 in the ANTPNG2D

Psalms 119 in the AS21

Psalms 119 in the BAGH

Psalms 119 in the BBPNG

Psalms 119 in the BBT1E

Psalms 119 in the BDS

Psalms 119 in the BEV

Psalms 119 in the BHAD

Psalms 119 in the BIB

Psalms 119 in the BLPT

Psalms 119 in the BNT

Psalms 119 in the BNTABOOT

Psalms 119 in the BNTLV

Psalms 119 in the BOATCB

Psalms 119 in the BOATCB2

Psalms 119 in the BOBCV

Psalms 119 in the BOCNT

Psalms 119 in the BOGWICC

Psalms 119 in the BOHCB

Psalms 119 in the BOHCV

Psalms 119 in the BOHLNT

Psalms 119 in the BOHNTLTAL

Psalms 119 in the BOICB

Psalms 119 in the BOILNTAP

Psalms 119 in the BOITCV

Psalms 119 in the BOKCV

Psalms 119 in the BOKCV2

Psalms 119 in the BOKHWOG

Psalms 119 in the BOKSSV

Psalms 119 in the BOLCB

Psalms 119 in the BOLCB2

Psalms 119 in the BOMCV

Psalms 119 in the BONAV

Psalms 119 in the BONCB

Psalms 119 in the BONLT

Psalms 119 in the BONUT2

Psalms 119 in the BOPLNT

Psalms 119 in the BOSCB

Psalms 119 in the BOSNC

Psalms 119 in the BOTLNT

Psalms 119 in the BOVCB

Psalms 119 in the BOYCB

Psalms 119 in the BPBB

Psalms 119 in the BPH

Psalms 119 in the BSB

Psalms 119 in the CCB

Psalms 119 in the CUV

Psalms 119 in the CUVS

Psalms 119 in the DBT

Psalms 119 in the DGDNT

Psalms 119 in the DHNT

Psalms 119 in the DNT

Psalms 119 in the ELBE

Psalms 119 in the EMTV

Psalms 119 in the ESV

Psalms 119 in the FBV

Psalms 119 in the FEB

Psalms 119 in the GGMNT

Psalms 119 in the GNT

Psalms 119 in the HARY

Psalms 119 in the HNT

Psalms 119 in the IRVA

Psalms 119 in the IRVB

Psalms 119 in the IRVG

Psalms 119 in the IRVH

Psalms 119 in the IRVK

Psalms 119 in the IRVM

Psalms 119 in the IRVM2

Psalms 119 in the IRVO

Psalms 119 in the IRVP

Psalms 119 in the IRVT

Psalms 119 in the IRVT2

Psalms 119 in the IRVU

Psalms 119 in the ISVN

Psalms 119 in the JSNT

Psalms 119 in the KAPI

Psalms 119 in the KBT1ETNIK

Psalms 119 in the KBV

Psalms 119 in the KJV

Psalms 119 in the KNFD

Psalms 119 in the LBA

Psalms 119 in the LBLA

Psalms 119 in the LNT

Psalms 119 in the LSV

Psalms 119 in the MAAL

Psalms 119 in the MBV

Psalms 119 in the MBV2

Psalms 119 in the MHNT

Psalms 119 in the MKNFD

Psalms 119 in the MNG

Psalms 119 in the MNT

Psalms 119 in the MNT2

Psalms 119 in the MRS1T

Psalms 119 in the NAA

Psalms 119 in the NASB

Psalms 119 in the NBLA

Psalms 119 in the NBS

Psalms 119 in the NBVTP

Psalms 119 in the NET2

Psalms 119 in the NIV11

Psalms 119 in the NNT

Psalms 119 in the NNT2

Psalms 119 in the NNT3

Psalms 119 in the PDDPT

Psalms 119 in the PFNT

Psalms 119 in the RMNT

Psalms 119 in the SBIAS

Psalms 119 in the SBIBS

Psalms 119 in the SBIBS2

Psalms 119 in the SBICS

Psalms 119 in the SBIDS

Psalms 119 in the SBIGS

Psalms 119 in the SBIHS

Psalms 119 in the SBIIS

Psalms 119 in the SBIIS2

Psalms 119 in the SBIIS3

Psalms 119 in the SBIKS

Psalms 119 in the SBIKS2

Psalms 119 in the SBIMS

Psalms 119 in the SBIOS

Psalms 119 in the SBIPS

Psalms 119 in the SBISS

Psalms 119 in the SBITS

Psalms 119 in the SBITS2

Psalms 119 in the SBITS3

Psalms 119 in the SBITS4

Psalms 119 in the SBIUS

Psalms 119 in the SBIVS

Psalms 119 in the SBT

Psalms 119 in the SBT1E

Psalms 119 in the SCHL

Psalms 119 in the SNT

Psalms 119 in the SUSU

Psalms 119 in the SUSU2

Psalms 119 in the SYNO

Psalms 119 in the TBIAOTANT

Psalms 119 in the TBT1E

Psalms 119 in the TBT1E2

Psalms 119 in the TFTIP

Psalms 119 in the TFTU

Psalms 119 in the TGNTATF3T

Psalms 119 in the THAI

Psalms 119 in the TNFD

Psalms 119 in the TNT

Psalms 119 in the TNTIK

Psalms 119 in the TNTIL

Psalms 119 in the TNTIN

Psalms 119 in the TNTIP

Psalms 119 in the TNTIZ

Psalms 119 in the TOMA

Psalms 119 in the TTENT

Psalms 119 in the UBG

Psalms 119 in the UGV

Psalms 119 in the UGV2

Psalms 119 in the UGV3

Psalms 119 in the VBL

Psalms 119 in the VDCC

Psalms 119 in the YALU

Psalms 119 in the YAPE

Psalms 119 in the YBVTP

Psalms 119 in the ZBP