Psalms 18 (BOECS)

undefined David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. David gblɔ be: 1 O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò. 2 Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso.Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖeƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ. 3 Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu,eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me. 4 Ku ƒe kawo blam,eye nu siwo gblẽa ame la ƒo ɖe dzinye abe tɔʋu ene. 5 Tsiẽƒe ƒe kawoblam, eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem. 6 Meyɔ Yehowa le nye xaxa me;medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem.Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke,eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me. 7 Tete anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu;towo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye,eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui. 8 Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime;dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu meeye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo. 9 Ema dziŋgɔli ɖe eve,wòto eme ɖi va anyi,eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te. 10 Ede kerubiwo dzi, eye wòdzo dzo.Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi. 11 Viviti nye avɔ si wòtsyɔ, eye lilikpo yibɔsi dzaa tsi lae nye agbadɔ si ƒo xlãe. 12 Lilikpo, kpetsi kple dzikedzo do tsoeƒe mo ƒe keklẽ la me. 13 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo,eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe. 14 Eda eƒe aŋutrɔ, eye wòkaka eƒe futɔwo,eɖo dzikedzo ɖa, eye wòtɔtɔ wo. 15 Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglã,eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu.Le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋukple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta. 16 Edo asi ɖa tso dziƒo lém,Heɖem tso tɔ goglowo me. 17 Eɖem tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me,tso nye ketɔwo ƒe asi me,ame siwo sesẽ wum akpa la ƒe asi me. 18 Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe,gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ. 19 Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa;eɖem, elabena nye nu nyo eŋu. 20 Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu,eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta. 21 Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi;nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o. 22 Eƒe sewo katã le ŋkunye me;eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o. 23 Nyemeɖi fɔ le eŋkume o,eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ. 24 Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenyekple esi nye asi me dza le eŋkume la ta. 25 Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla,eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o. 26 Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza,eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu. 27 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui,ke ame siwo si dadaŋku le la, èɖiɖia wo ɖe anyi. 28 Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim,eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli. 29 Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me,eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli. 30 Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ.Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee. 31 Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu?Ame kae ganye Agakpe,ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa? 32 Mawue nye nye mɔ sesẽ,Eyae na nye mɔ zu gbadzaa. 33 Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene,eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo. 34 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo,eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli. 35 Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam,eye wò nuɖusi lém ɖe te.Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm. 36 Èkeke mɔ le tenye,be nye klowo magli le tenye o. 37 Meti nye futɔwo yome, eye metu wo.Nyemetrɔ le wo yome o,va se ɖe esime wotsrɔ̃. 38 Metsrɔ̃ wo be womagate ŋu afɔ gbeɖe o,ale wodze anyi ɖe nye afɔ nu. 39 Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ,Èna mebɔbɔ ame siwo katãtso ɖe ŋunye la ɖe anyi. 40 Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ,eye metsrɔ̃ nye futɔwo. 41 Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo,gake ame aɖeke mexɔ na wo o,elabena Yehowa metɔ na wo o. 42 Metu wo memie abe ʋuʋudedi si ya lɔ ɖe nu la ene,eye metrɔ wo ɖe mɔtata dzi abe anyi ene. 43 Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la ƒe asi me,ètsɔm ɖo dukɔwo nu,eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo. 44 Ne wose ŋkɔnye ko la,woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hãdzona nyanyanya le nye ŋkume. 45 Dzi ɖena le wo katã ƒo, eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goele woƒe mɔ sesẽwo me. 46 Yehowa li tegbee!Woakafu nye Agakpe la!Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo! 47 Eyae nye Mawu si biaa hlɔ̃ nam,eye wòbɔbɔa dukɔwo ɖe nye afɔ te, 48 ame si ɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me.Èkɔm ɖe dzi gbɔ nye futɔwo ta,eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me. 49 O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo domele esia ta, eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ. 50 Ena dziɖuɖu gãwo eƒe fia la;eɖe amenuveve si nu meyi o la fia David,eƒe amesiamina la kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.

In Other Versions

Psalms 18 in the ANGEFD

Psalms 18 in the ANTPNG2D

Psalms 18 in the AS21

Psalms 18 in the BAGH

Psalms 18 in the BBPNG

Psalms 18 in the BBT1E

Psalms 18 in the BDS

Psalms 18 in the BEV

Psalms 18 in the BHAD

Psalms 18 in the BIB

Psalms 18 in the BLPT

Psalms 18 in the BNT

Psalms 18 in the BNTABOOT

Psalms 18 in the BNTLV

Psalms 18 in the BOATCB

Psalms 18 in the BOATCB2

Psalms 18 in the BOBCV

Psalms 18 in the BOCNT

Psalms 18 in the BOGWICC

Psalms 18 in the BOHCB

Psalms 18 in the BOHCV

Psalms 18 in the BOHLNT

Psalms 18 in the BOHNTLTAL

Psalms 18 in the BOICB

Psalms 18 in the BOILNTAP

Psalms 18 in the BOITCV

Psalms 18 in the BOKCV

Psalms 18 in the BOKCV2

Psalms 18 in the BOKHWOG

Psalms 18 in the BOKSSV

Psalms 18 in the BOLCB

Psalms 18 in the BOLCB2

Psalms 18 in the BOMCV

Psalms 18 in the BONAV

Psalms 18 in the BONCB

Psalms 18 in the BONLT

Psalms 18 in the BONUT2

Psalms 18 in the BOPLNT

Psalms 18 in the BOSCB

Psalms 18 in the BOSNC

Psalms 18 in the BOTLNT

Psalms 18 in the BOVCB

Psalms 18 in the BOYCB

Psalms 18 in the BPBB

Psalms 18 in the BPH

Psalms 18 in the BSB

Psalms 18 in the CCB

Psalms 18 in the CUV

Psalms 18 in the CUVS

Psalms 18 in the DBT

Psalms 18 in the DGDNT

Psalms 18 in the DHNT

Psalms 18 in the DNT

Psalms 18 in the ELBE

Psalms 18 in the EMTV

Psalms 18 in the ESV

Psalms 18 in the FBV

Psalms 18 in the FEB

Psalms 18 in the GGMNT

Psalms 18 in the GNT

Psalms 18 in the HARY

Psalms 18 in the HNT

Psalms 18 in the IRVA

Psalms 18 in the IRVB

Psalms 18 in the IRVG

Psalms 18 in the IRVH

Psalms 18 in the IRVK

Psalms 18 in the IRVM

Psalms 18 in the IRVM2

Psalms 18 in the IRVO

Psalms 18 in the IRVP

Psalms 18 in the IRVT

Psalms 18 in the IRVT2

Psalms 18 in the IRVU

Psalms 18 in the ISVN

Psalms 18 in the JSNT

Psalms 18 in the KAPI

Psalms 18 in the KBT1ETNIK

Psalms 18 in the KBV

Psalms 18 in the KJV

Psalms 18 in the KNFD

Psalms 18 in the LBA

Psalms 18 in the LBLA

Psalms 18 in the LNT

Psalms 18 in the LSV

Psalms 18 in the MAAL

Psalms 18 in the MBV

Psalms 18 in the MBV2

Psalms 18 in the MHNT

Psalms 18 in the MKNFD

Psalms 18 in the MNG

Psalms 18 in the MNT

Psalms 18 in the MNT2

Psalms 18 in the MRS1T

Psalms 18 in the NAA

Psalms 18 in the NASB

Psalms 18 in the NBLA

Psalms 18 in the NBS

Psalms 18 in the NBVTP

Psalms 18 in the NET2

Psalms 18 in the NIV11

Psalms 18 in the NNT

Psalms 18 in the NNT2

Psalms 18 in the NNT3

Psalms 18 in the PDDPT

Psalms 18 in the PFNT

Psalms 18 in the RMNT

Psalms 18 in the SBIAS

Psalms 18 in the SBIBS

Psalms 18 in the SBIBS2

Psalms 18 in the SBICS

Psalms 18 in the SBIDS

Psalms 18 in the SBIGS

Psalms 18 in the SBIHS

Psalms 18 in the SBIIS

Psalms 18 in the SBIIS2

Psalms 18 in the SBIIS3

Psalms 18 in the SBIKS

Psalms 18 in the SBIKS2

Psalms 18 in the SBIMS

Psalms 18 in the SBIOS

Psalms 18 in the SBIPS

Psalms 18 in the SBISS

Psalms 18 in the SBITS

Psalms 18 in the SBITS2

Psalms 18 in the SBITS3

Psalms 18 in the SBITS4

Psalms 18 in the SBIUS

Psalms 18 in the SBIVS

Psalms 18 in the SBT

Psalms 18 in the SBT1E

Psalms 18 in the SCHL

Psalms 18 in the SNT

Psalms 18 in the SUSU

Psalms 18 in the SUSU2

Psalms 18 in the SYNO

Psalms 18 in the TBIAOTANT

Psalms 18 in the TBT1E

Psalms 18 in the TBT1E2

Psalms 18 in the TFTIP

Psalms 18 in the TFTU

Psalms 18 in the TGNTATF3T

Psalms 18 in the THAI

Psalms 18 in the TNFD

Psalms 18 in the TNT

Psalms 18 in the TNTIK

Psalms 18 in the TNTIL

Psalms 18 in the TNTIN

Psalms 18 in the TNTIP

Psalms 18 in the TNTIZ

Psalms 18 in the TOMA

Psalms 18 in the TTENT

Psalms 18 in the UBG

Psalms 18 in the UGV

Psalms 18 in the UGV2

Psalms 18 in the UGV3

Psalms 18 in the VBL

Psalms 18 in the VDCC

Psalms 18 in the YALU

Psalms 18 in the YAPE

Psalms 18 in the YBVTP

Psalms 18 in the ZBP