Zechariah 8 (BOECS)
1 Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedeasi gava nam be, 2 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye medo dɔmedzoe, ʋã ŋu ɖe enu vevie.” 3 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, To Kɔkɔe.” 4 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ŋutifafa kple dzidzeme agava Yerusalem hena ƒe geɖewo, ale be woagakpɔ amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo woalé kpo ɖe asi, anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ le ablɔ dzi abe tsã ene. 5 Duwo ƒe mɔtatawo dzi ayɔ fũu kple ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo eye woanɔ fefem kple dzidzɔ.” 6 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ɣe ma ɣi la, adze nu si wɔ nuku na ame ʋɛ siwo susɔ, ke nye ya la, ɖe wòawɔ nuku nama?” 7 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Maɖe nye amewo tso dukɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe la ƒe asi me. 8 Makplɔ wo agbɔe be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.” 9 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mi ame siwo le nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la sem, ame siwo nɔ anyi hafi woɖo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi, mido ŋusẽ nu be miawu gbedoxɔ la tutu nu. 10 Hafi ɣe ma ɣi naɖo la, womexea fe na amewo alo lãwo o. Ame aɖeke mate ŋu ado go, ayi eƒe dɔwɔƒe le dedinɔnɔ me o ɖe eƒe futɔwo ta, elabena mena ame sia ame tso ɖe ehavi ŋuti. 11 Ke azɔ la, nyemawɔ na ame siwo susɔ la abe ale si mewɔ na amewo va yi ene o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 12 “Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene. 13 Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.” 14 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Abe ale si meɖoe kplikpaa be mahe tsɔtsrɔ̃ va mia dzii, eye nyemakpɔ nublanui o, esi mia fofowo do dɔmedzoe nam ene la,” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, 15 “nenema azɔ, meɖoe kplikpaa be magawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda, eya ta migavɔ̃ o. 16 Esiawoe nye nu siwo miawɔ: mito nyateƒe na mia haviwo, mitso afia si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le miaƒe ʋɔnuwo. 17 Mègaɖo vɔ̃ ɖe hawòvi ŋuti o, eye atam dzodzro kaka megado dzidzɔ na wò o, elabena metsri nu siawo.” Yehowae gblɔe. 18 Esia hã nye gbedeasi bubu si va nam tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ: 19 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.” 20 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Ame geɖewo kple ame siwo tso du geɖewo me le mɔ dzi gbɔna, 21 eye amewo atso du ɖeka me ayi du bubu me ahagblɔ be, ‘Mina míatso zi ɖeka, míayi aɖaɖe kuku na Yehowa, eye míadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la. Nye la, medze mɔ yina.’ 22 Ale amewo kple dukɔ siwo ŋu ŋusẽ le la ava Yerusalem be yewoadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye woaƒo koko nɛ.” 23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”
In Other Versions
Zechariah 8 in the ANGEFD
Zechariah 8 in the ANTPNG2D
Zechariah 8 in the AS21
Zechariah 8 in the BAGH
Zechariah 8 in the BBPNG
Zechariah 8 in the BBT1E
Zechariah 8 in the BDS
Zechariah 8 in the BEV
Zechariah 8 in the BHAD
Zechariah 8 in the BIB
Zechariah 8 in the BLPT
Zechariah 8 in the BNT
Zechariah 8 in the BNTABOOT
Zechariah 8 in the BNTLV
Zechariah 8 in the BOATCB
Zechariah 8 in the BOATCB2
Zechariah 8 in the BOBCV
Zechariah 8 in the BOCNT
Zechariah 8 in the BOGWICC
Zechariah 8 in the BOHCB
Zechariah 8 in the BOHCV
Zechariah 8 in the BOHLNT
Zechariah 8 in the BOHNTLTAL
Zechariah 8 in the BOICB
Zechariah 8 in the BOILNTAP
Zechariah 8 in the BOITCV
Zechariah 8 in the BOKCV
Zechariah 8 in the BOKCV2
Zechariah 8 in the BOKHWOG
Zechariah 8 in the BOKSSV
Zechariah 8 in the BOLCB
Zechariah 8 in the BOLCB2
Zechariah 8 in the BOMCV
Zechariah 8 in the BONAV
Zechariah 8 in the BONCB
Zechariah 8 in the BONLT
Zechariah 8 in the BONUT2
Zechariah 8 in the BOPLNT
Zechariah 8 in the BOSCB
Zechariah 8 in the BOSNC
Zechariah 8 in the BOTLNT
Zechariah 8 in the BOVCB
Zechariah 8 in the BOYCB
Zechariah 8 in the BPBB
Zechariah 8 in the BPH
Zechariah 8 in the BSB
Zechariah 8 in the CCB
Zechariah 8 in the CUV
Zechariah 8 in the CUVS
Zechariah 8 in the DBT
Zechariah 8 in the DGDNT
Zechariah 8 in the DHNT
Zechariah 8 in the DNT
Zechariah 8 in the ELBE
Zechariah 8 in the EMTV
Zechariah 8 in the ESV
Zechariah 8 in the FBV
Zechariah 8 in the FEB
Zechariah 8 in the GGMNT
Zechariah 8 in the GNT
Zechariah 8 in the HARY
Zechariah 8 in the HNT
Zechariah 8 in the IRVA
Zechariah 8 in the IRVB
Zechariah 8 in the IRVG
Zechariah 8 in the IRVH
Zechariah 8 in the IRVK
Zechariah 8 in the IRVM
Zechariah 8 in the IRVM2
Zechariah 8 in the IRVO
Zechariah 8 in the IRVP
Zechariah 8 in the IRVT
Zechariah 8 in the IRVT2
Zechariah 8 in the IRVU
Zechariah 8 in the ISVN
Zechariah 8 in the JSNT
Zechariah 8 in the KAPI
Zechariah 8 in the KBT1ETNIK
Zechariah 8 in the KBV
Zechariah 8 in the KJV
Zechariah 8 in the KNFD
Zechariah 8 in the LBA
Zechariah 8 in the LBLA
Zechariah 8 in the LNT
Zechariah 8 in the LSV
Zechariah 8 in the MAAL
Zechariah 8 in the MBV
Zechariah 8 in the MBV2
Zechariah 8 in the MHNT
Zechariah 8 in the MKNFD
Zechariah 8 in the MNG
Zechariah 8 in the MNT
Zechariah 8 in the MNT2
Zechariah 8 in the MRS1T
Zechariah 8 in the NAA
Zechariah 8 in the NASB
Zechariah 8 in the NBLA
Zechariah 8 in the NBS
Zechariah 8 in the NBVTP
Zechariah 8 in the NET2
Zechariah 8 in the NIV11
Zechariah 8 in the NNT
Zechariah 8 in the NNT2
Zechariah 8 in the NNT3
Zechariah 8 in the PDDPT
Zechariah 8 in the PFNT
Zechariah 8 in the RMNT
Zechariah 8 in the SBIAS
Zechariah 8 in the SBIBS
Zechariah 8 in the SBIBS2
Zechariah 8 in the SBICS
Zechariah 8 in the SBIDS
Zechariah 8 in the SBIGS
Zechariah 8 in the SBIHS
Zechariah 8 in the SBIIS
Zechariah 8 in the SBIIS2
Zechariah 8 in the SBIIS3
Zechariah 8 in the SBIKS
Zechariah 8 in the SBIKS2
Zechariah 8 in the SBIMS
Zechariah 8 in the SBIOS
Zechariah 8 in the SBIPS
Zechariah 8 in the SBISS
Zechariah 8 in the SBITS
Zechariah 8 in the SBITS2
Zechariah 8 in the SBITS3
Zechariah 8 in the SBITS4
Zechariah 8 in the SBIUS
Zechariah 8 in the SBIVS
Zechariah 8 in the SBT
Zechariah 8 in the SBT1E
Zechariah 8 in the SCHL
Zechariah 8 in the SNT
Zechariah 8 in the SUSU
Zechariah 8 in the SUSU2
Zechariah 8 in the SYNO
Zechariah 8 in the TBIAOTANT
Zechariah 8 in the TBT1E
Zechariah 8 in the TBT1E2
Zechariah 8 in the TFTIP
Zechariah 8 in the TFTU
Zechariah 8 in the TGNTATF3T
Zechariah 8 in the THAI
Zechariah 8 in the TNFD
Zechariah 8 in the TNT
Zechariah 8 in the TNTIK
Zechariah 8 in the TNTIL
Zechariah 8 in the TNTIN
Zechariah 8 in the TNTIP
Zechariah 8 in the TNTIZ
Zechariah 8 in the TOMA
Zechariah 8 in the TTENT
Zechariah 8 in the UBG
Zechariah 8 in the UGV
Zechariah 8 in the UGV2
Zechariah 8 in the UGV3
Zechariah 8 in the VBL
Zechariah 8 in the VDCC
Zechariah 8 in the YALU
Zechariah 8 in the YAPE
Zechariah 8 in the YBVTP
Zechariah 8 in the ZBP