1 Corinthians 12 (BEV)
1 Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o. 2 Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, legba siwo mate ŋu agblɔ nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã o. 3 Ke azɔ la, miele go dom ame aɖewo eye wole gbɔgblɔm na mi bena yewoate ŋu agblɔ nya siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ la na mi. Ale ke miawɔ anya be Mawue de nya siawo wo me loo alo alakpa dam wole? Mido wo kpɔ ale: Ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe Yesu ŋu o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko. 4 Azɔ la, Mawu naa nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo mí, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe. 5 Dɔ vovovowo li míawɔ na Mawu, ke Aƒetɔ ɖeka ma ko subɔm míele. 6 Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi. 7 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu. 8 Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie; ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me eye esiae nye eya hã ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ. 9 Enaa xɔse tɔxɛ ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu. 10 Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo gblɔ be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o eye wònaa ŋusẽ ame bubuwo, ame siwo hã menya gbe ma o la, be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme. 11 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma ke koe naa ŋusẽ kple nunana siawo katã eye wòtiaa esi dze na mía dometɔ ɖe sia ɖe la naa mí. 12 Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒui. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe “ŋutilã” gome hã. 13 Elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsita na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Griktɔ o, loo alo ablɔɖevi o. 14 Ẽ, ŋutinu geɖewo le ŋutilã la ŋu, menye ŋutinu ɖeka koe wɔ ŋutilã o. 15 Ne afɔ agblɔ be, “Nyemenye ŋutilã ƒe akpa aɖe o, elabena nyemenye asi o” la, mefia be eya ta afɔ menye ŋutinu abe bubuawo ene o. 16 Nu ka nàbu ne èse to wògblɔ be, “Nyemenye ŋutilã la ƒe akpa aɖeke o, elabena to ko menye, nyemenye ŋku o”? Ɖe esia awɔe be megade blibo abe ŋutinu ɖeka ene oa? 17 Ne ŋutilã blibo la nye ŋku ko la, ekema ale ke wòawɔ hafi ase nu? Alo, ne wò ŋutilã blibo la nye to gã ɖeka la, ale ke nàwɔ hafi ase nane ƒe ʋeʋẽ? 18 Ke, menye nenemae Mawu wɔ mí o. Ewɔ míaƒe ŋutilã ƒe ŋutinu geɖewo eye wòtsɔ ŋutinu ɖe sia ɖe ɖo afi si tututu wòdi be wòanɔ. 19 Míaƒe ŋutilã anye nu wɔnuku aɖe ne wònye ŋutinu ɖeka koe wɔe! 20 Eya ta Mawu wɔ ŋutinu geɖewo ke ŋutilã ɖeka koe li. 21 Ŋku mate ŋu agblɔ na si be, “Nyemehiãa wò o.” Ta mate ŋu agblɔ na afɔ be, “Nyemehiã wò o.” 22 Ŋutinu siwo míabu be wonye nu gblɔewo eye womele vevie o la woe nye esiwo hiã wu. 23 Ẽ, dzi dzɔ mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o, 24 ke míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ la nenema o. Ale Mawu wɔ ŋutilã le mɔ sia nu be míatsɔ bubu kple beléle ana ŋutinu tɔxɛ aɖewo ne menye nenema o la, adze abe ɖe womele vevie tutu o ene. 25 Nu sia naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa ŋutinuwo dome ale ŋutinuawo tsɔa beléle naa wo nɔewo abe woawo ŋutɔ ke ene. 26 Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye. 27 Nu si mele agbagba dzem be magblɔ lae nye esi. Mí katã mieƒo ƒu zu Kristo ƒe ŋutilã ɖeka eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu ɖeka si le vevie. 28 Nu siawoe nye ɖoƒe siwo wòɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo.Gbãtɔ, Aposotolowo,Evelia, Nyagblɔɖilawo,Etɔ̃lia, Nufialawo,Emegbe, Nukunuwɔlawo,Dɔyɔlawo,Kpekpeɖeŋunalawo;Dɔdzikpɔlawo,Ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ siwo womesrɔ̃ kpɔ o. 29 Ame sia amee nye apostoloa? Ao! Ame sia amee nye mawunyagblɔlaa? Ao! Ame sia amee nye nufialaa? Ɖe ŋusẽ le ame sia ame si be wòawɔ nukunuwoa? 30 Ɖe ame sia amee ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Ɖe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Ɖe ame sia amee ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm eye wòaɖe egɔmea? 31 Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la, dzi.Gbã la, mina maƒo nu na mi tso nu bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu.
In Other Versions
1 Corinthians 12 in the ANGEFD
1 Corinthians 12 in the ANTPNG2D
1 Corinthians 12 in the BNTABOOT
1 Corinthians 12 in the BOATCB
1 Corinthians 12 in the BOATCB2
1 Corinthians 12 in the BOGWICC
1 Corinthians 12 in the BOHLNT
1 Corinthians 12 in the BOHNTLTAL
1 Corinthians 12 in the BOILNTAP
1 Corinthians 12 in the BOITCV
1 Corinthians 12 in the BOKCV2
1 Corinthians 12 in the BOKHWOG
1 Corinthians 12 in the BOKSSV
1 Corinthians 12 in the BOLCB2
1 Corinthians 12 in the BONUT2
1 Corinthians 12 in the BOPLNT
1 Corinthians 12 in the BOTLNT
1 Corinthians 12 in the KBT1ETNIK
1 Corinthians 12 in the SBIBS2
1 Corinthians 12 in the SBIIS2
1 Corinthians 12 in the SBIIS3
1 Corinthians 12 in the SBIKS2
1 Corinthians 12 in the SBITS2
1 Corinthians 12 in the SBITS3
1 Corinthians 12 in the SBITS4
1 Corinthians 12 in the TBIAOTANT
1 Corinthians 12 in the TBT1E2