2 Corinthians 5 (BEV)

1 Míenyae bena ne wokaka míaƒe anyigbadzixɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye, makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tui. 2 Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigba dzi ŋutilã siawo me, eya tae wòle mía dzrom vevie eye míele mɔ kpɔm na gbe sia gbe Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene. 3 Elabena menye gbɔgbɔme ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la. 4 Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyighbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, bena wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi. 5 Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me eya tae wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene. 6 Azɔ la míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae bena zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o. 7 Míenyae bena esiawo katã le eme vavã to xɔse me ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋku me o. 8 Ke dzideƒo blibo le mía si eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me. 9 Ke míaƒe didi vevi enye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le dziƒo la míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me. 10 Elabena mí katã míava tsi tre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, bena wòadrɔ̃ ʋɔnu mí eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃. 11 Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya bena míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ; eye mexɔe se be miawo hã mienyae nenema tututu. 12 Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖe ko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe amedɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi. 13 Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi. 14 Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ tae míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm o; míele ewɔm elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se bena Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la. 15 Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖo lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la, eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko. 16 Eya ta tso fifia dzi heyina la migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be, ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla. Gake fifia la meganye nenemae míegale ekpɔmii o. 17 Ne ame aɖe xɔ Kristo abe eƒe Aƒetɔ ene la, Kristo tsɔa agbenɔnɔ yeye dea amea me. Agbenɔnɔ vɔ̃ɖi xoxotɔ si wònɔna tsã la nu va yina, eye wòdzea agbe yeye nɔnɔ gɔme. 18 Nu siawo katã tso Mawu dɔmenyotɔ la gbɔ, ame si gbɔ agbe míawo hã eye wògawɔa mí etɔwoe to Kristo dzi. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va egbɔe be wòakpɔ nublanui na wo eye woawɔ ɖeka kplii. 19 Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu, to Kristo dzi le xexeame katã kpem va eɖokui gbɔe. Màgaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ àtsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã. 20 Eya ta míawo la, Kristo ƒe amedɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii. 21 Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eyama dzi. Eye wòtsɔ eƒe dɔmenyo kple amenuveve ɖo eteƒe na mí katã.

In Other Versions

2 Corinthians 5 in the ANGEFD

2 Corinthians 5 in the ANTPNG2D

2 Corinthians 5 in the AS21

2 Corinthians 5 in the BAGH

2 Corinthians 5 in the BBPNG

2 Corinthians 5 in the BBT1E

2 Corinthians 5 in the BDS

2 Corinthians 5 in the BHAD

2 Corinthians 5 in the BIB

2 Corinthians 5 in the BLPT

2 Corinthians 5 in the BNT

2 Corinthians 5 in the BNTABOOT

2 Corinthians 5 in the BNTLV

2 Corinthians 5 in the BOATCB

2 Corinthians 5 in the BOATCB2

2 Corinthians 5 in the BOBCV

2 Corinthians 5 in the BOCNT

2 Corinthians 5 in the BOECS

2 Corinthians 5 in the BOGWICC

2 Corinthians 5 in the BOHCB

2 Corinthians 5 in the BOHCV

2 Corinthians 5 in the BOHLNT

2 Corinthians 5 in the BOHNTLTAL

2 Corinthians 5 in the BOICB

2 Corinthians 5 in the BOILNTAP

2 Corinthians 5 in the BOITCV

2 Corinthians 5 in the BOKCV

2 Corinthians 5 in the BOKCV2

2 Corinthians 5 in the BOKHWOG

2 Corinthians 5 in the BOKSSV

2 Corinthians 5 in the BOLCB

2 Corinthians 5 in the BOLCB2

2 Corinthians 5 in the BOMCV

2 Corinthians 5 in the BONAV

2 Corinthians 5 in the BONCB

2 Corinthians 5 in the BONLT

2 Corinthians 5 in the BONUT2

2 Corinthians 5 in the BOPLNT

2 Corinthians 5 in the BOSCB

2 Corinthians 5 in the BOSNC

2 Corinthians 5 in the BOTLNT

2 Corinthians 5 in the BOVCB

2 Corinthians 5 in the BOYCB

2 Corinthians 5 in the BPBB

2 Corinthians 5 in the BPH

2 Corinthians 5 in the BSB

2 Corinthians 5 in the CCB

2 Corinthians 5 in the CUV

2 Corinthians 5 in the CUVS

2 Corinthians 5 in the DBT

2 Corinthians 5 in the DGDNT

2 Corinthians 5 in the DHNT

2 Corinthians 5 in the DNT

2 Corinthians 5 in the ELBE

2 Corinthians 5 in the EMTV

2 Corinthians 5 in the ESV

2 Corinthians 5 in the FBV

2 Corinthians 5 in the FEB

2 Corinthians 5 in the GGMNT

2 Corinthians 5 in the GNT

2 Corinthians 5 in the HARY

2 Corinthians 5 in the HNT

2 Corinthians 5 in the IRVA

2 Corinthians 5 in the IRVB

2 Corinthians 5 in the IRVG

2 Corinthians 5 in the IRVH

2 Corinthians 5 in the IRVK

2 Corinthians 5 in the IRVM

2 Corinthians 5 in the IRVM2

2 Corinthians 5 in the IRVO

2 Corinthians 5 in the IRVP

2 Corinthians 5 in the IRVT

2 Corinthians 5 in the IRVT2

2 Corinthians 5 in the IRVU

2 Corinthians 5 in the ISVN

2 Corinthians 5 in the JSNT

2 Corinthians 5 in the KAPI

2 Corinthians 5 in the KBT1ETNIK

2 Corinthians 5 in the KBV

2 Corinthians 5 in the KJV

2 Corinthians 5 in the KNFD

2 Corinthians 5 in the LBA

2 Corinthians 5 in the LBLA

2 Corinthians 5 in the LNT

2 Corinthians 5 in the LSV

2 Corinthians 5 in the MAAL

2 Corinthians 5 in the MBV

2 Corinthians 5 in the MBV2

2 Corinthians 5 in the MHNT

2 Corinthians 5 in the MKNFD

2 Corinthians 5 in the MNG

2 Corinthians 5 in the MNT

2 Corinthians 5 in the MNT2

2 Corinthians 5 in the MRS1T

2 Corinthians 5 in the NAA

2 Corinthians 5 in the NASB

2 Corinthians 5 in the NBLA

2 Corinthians 5 in the NBS

2 Corinthians 5 in the NBVTP

2 Corinthians 5 in the NET2

2 Corinthians 5 in the NIV11

2 Corinthians 5 in the NNT

2 Corinthians 5 in the NNT2

2 Corinthians 5 in the NNT3

2 Corinthians 5 in the PDDPT

2 Corinthians 5 in the PFNT

2 Corinthians 5 in the RMNT

2 Corinthians 5 in the SBIAS

2 Corinthians 5 in the SBIBS

2 Corinthians 5 in the SBIBS2

2 Corinthians 5 in the SBICS

2 Corinthians 5 in the SBIDS

2 Corinthians 5 in the SBIGS

2 Corinthians 5 in the SBIHS

2 Corinthians 5 in the SBIIS

2 Corinthians 5 in the SBIIS2

2 Corinthians 5 in the SBIIS3

2 Corinthians 5 in the SBIKS

2 Corinthians 5 in the SBIKS2

2 Corinthians 5 in the SBIMS

2 Corinthians 5 in the SBIOS

2 Corinthians 5 in the SBIPS

2 Corinthians 5 in the SBISS

2 Corinthians 5 in the SBITS

2 Corinthians 5 in the SBITS2

2 Corinthians 5 in the SBITS3

2 Corinthians 5 in the SBITS4

2 Corinthians 5 in the SBIUS

2 Corinthians 5 in the SBIVS

2 Corinthians 5 in the SBT

2 Corinthians 5 in the SBT1E

2 Corinthians 5 in the SCHL

2 Corinthians 5 in the SNT

2 Corinthians 5 in the SUSU

2 Corinthians 5 in the SUSU2

2 Corinthians 5 in the SYNO

2 Corinthians 5 in the TBIAOTANT

2 Corinthians 5 in the TBT1E

2 Corinthians 5 in the TBT1E2

2 Corinthians 5 in the TFTIP

2 Corinthians 5 in the TFTU

2 Corinthians 5 in the TGNTATF3T

2 Corinthians 5 in the THAI

2 Corinthians 5 in the TNFD

2 Corinthians 5 in the TNT

2 Corinthians 5 in the TNTIK

2 Corinthians 5 in the TNTIL

2 Corinthians 5 in the TNTIN

2 Corinthians 5 in the TNTIP

2 Corinthians 5 in the TNTIZ

2 Corinthians 5 in the TOMA

2 Corinthians 5 in the TTENT

2 Corinthians 5 in the UBG

2 Corinthians 5 in the UGV

2 Corinthians 5 in the UGV2

2 Corinthians 5 in the UGV3

2 Corinthians 5 in the VBL

2 Corinthians 5 in the VDCC

2 Corinthians 5 in the YALU

2 Corinthians 5 in the YAPE

2 Corinthians 5 in the YBVTP

2 Corinthians 5 in the ZBP