John 10 (BEV)

1 “Nyateƒe wònye mele gbɔgblɔm na mi be ame si megena ɖe alẽkpoa me to agboa nu o, ke boŋ wòyina ɖaliana to afi bubu hafi gena ɖe eme la, eyae nye fiafitɔ kple adzodala. 2 Ke ame si to agboa nu gena ɖe eme la eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. 3 Agbonudzɔla ʋua agbo la na eya amea eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. 4 Edzea ŋgɔ na alẽawo eye wokplɔnɛ ɖo elabena wodea dzesi eƒe gbe. 5 Womadze ame tutɔ yome o ke boŋ woasi le egbɔ elebena womede dzesi eƒe gbe o.” 6 Yesu do lo sia na wo gake womese nu si gblɔm wòle na wo la gɔme o. 7 Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyee nye agbo na alẽawo. 8 Eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawoe wonye. 9 Esi wònye be nyee nye Agboa ta la, ame siwo katã to Agboa nu la akpɔ ɖeɖe. Woado go ayi aɖaɖu gbe damawo eye woagagbɔ va to Agbo la nu age ɖe alẽkpoa me. 10 Fiafitɔ la ƒe taɖodzinue nye be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye ya ɖe meva be mana agbe si de blibo amewo. 11 “Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la, elabena, metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 12 Ke apavi si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la meléa be na wo o. Ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegãxi la dzea alẽawo dzi hevuvua ɖewo, eye mamlɛawo kakana gbe. 13 Apavi la sina elabena ɖe ko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi ke eƒe dzi meku ɖe wo ŋu o. 14 “Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la. Menya nye alẽwo eye nye alẽwo hã nyam, 15 abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema kee nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 16 Alẽha bubuwo hã le asinye siwo wòle be makplɔ va gbɔnyee bena woase nye gbe, eye wo katã woanye alẽha ɖeka anɔ Kplɔla ɖeka te. 17 “Fofo la lɔ̃m ŋutɔ elabena metsɔ nye agbe na ɖe amewo ta bena magaxɔe emegbe. Ame aɖeke mate ŋu aɖem ɖa ne nyemena mɔ o. 18 Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe na elabena ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe ana eye ŋusẽ le asinye be magaxɔe. Mɔnukpɔkpɔ siae Fofo la tsɔ nam.” 19 Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo ƒe dumemegãwo dome elabena ame aɖewo xɔ eƒe nyawo dzi se eye ɖewo hã mexɔe se o. 20 Ame siwo mexɔe se o la gblɔ be, “Ame sia la gbɔgbɔ vɔ̃e le fu ɖem nɛ, ne menye nenema o la, ekema ele tsu kum eya ta migaɖo toe o.” 21 Ame bubuwo hã gblɔ be, “Ame sia ƒe nuƒo kple nuwɔnawo medze abe ame si gbɔgbɔ vɔ̃ le fu ɖem na la ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ame siwo ƒe ŋku gbã?” 22 Tete gbedoxɔ Ŋutikɔkɔŋkekenyui ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔlĩ, 23 eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Salomo ƒe Akpata. 24 Yudatɔwo ƒo xlãe eye wogblɔ nɛ be, “Ɣekayie nàna miatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.” 25 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye. 26 Gake miele exɔm se o elabena miele nye alẽhawo dome o. 27 Nye la, menya nye alẽwo eye woawo hã dze si nye gbe, eye wodzea yonyeme. 28 Mena agbe mavɔ nye alẽawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ o. Ame aɖeke hã mate ŋu axɔ wo le asinye akpasesẽtɔe o 29 elabena Fofonyee tsɔ wo nam eye Fofonyea sẽ wu ame sia ame. Ale ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le esi sesẽtɔe o. 30 Mí kple Fofonye la ame ɖekae míenye.” 31 Esi Yesu gblɔ alea la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo tsɔ kpe be yewoaƒui. 32 Gake Yesu gblɔ na wo be, “Mawu ŋutɔ ɖo nukunu siawo katã ɖi be mawɔ ne amewo nakpɔ ɖeɖe. Ke dɔ nyui siawo dometɔ ka tae miedi be yewoawum ɖo?” 33 Woɖo eŋu nɛ be, “Menye dɔ nyui siwo nèwɔ tae miedi be miawu wò o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Ale ke wò amegbetɔ nàtsɔ ɖokuiwò awɔ Mawui?” 34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa? 35 Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya va na, eye womate ŋu da mawunya dzi o, 36 eye ale ke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexeame? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya elabena megblɔ be ‘Nyee nye Mawu Vi’? 37 Ne menye Mawu gbɔe nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38 Ne mele nukunuwo wɔm eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunuawo ya dzi se ale be to esia me la miadze sii be Fofo la le menye eye nye hã mele eme.” 39 Ameawo di be yewoagalée gake edo go eye wòdzo le wo gbɔ. 40 Etso Yɔdan tɔsisi la yi egodo eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ tsi dem ta na amewo le tsã la. 41 Ame geɖewo dze eyome va afi sia hã. Ameawo gblɔ na wo nɔewo be, “Yohanes mewɔ nukunuwo o gake nya siwo katã wògblɔ ɖi tso ŋutsu sia ŋu la va eme pɛpɛpɛ.” 42 Yesu ƒe nuwɔnawo ɖo kpe edzi na ameawo be, eyae nye Mesia la vavã eye woxɔ edzi se.

In Other Versions

John 10 in the ANGEFD

John 10 in the ANTPNG2D

John 10 in the AS21

John 10 in the BAGH

John 10 in the BBPNG

John 10 in the BBT1E

John 10 in the BDS

John 10 in the BHAD

John 10 in the BIB

John 10 in the BLPT

John 10 in the BNT

John 10 in the BNTABOOT

John 10 in the BNTLV

John 10 in the BOATCB

John 10 in the BOATCB2

John 10 in the BOBCV

John 10 in the BOCNT

John 10 in the BOECS

John 10 in the BOGWICC

John 10 in the BOHCB

John 10 in the BOHCV

John 10 in the BOHLNT

John 10 in the BOHNTLTAL

John 10 in the BOICB

John 10 in the BOILNTAP

John 10 in the BOITCV

John 10 in the BOKCV

John 10 in the BOKCV2

John 10 in the BOKHWOG

John 10 in the BOKSSV

John 10 in the BOLCB

John 10 in the BOLCB2

John 10 in the BOMCV

John 10 in the BONAV

John 10 in the BONCB

John 10 in the BONLT

John 10 in the BONUT2

John 10 in the BOPLNT

John 10 in the BOSCB

John 10 in the BOSNC

John 10 in the BOTLNT

John 10 in the BOVCB

John 10 in the BOYCB

John 10 in the BPBB

John 10 in the BPH

John 10 in the BSB

John 10 in the CCB

John 10 in the CUV

John 10 in the CUVS

John 10 in the DBT

John 10 in the DGDNT

John 10 in the DHNT

John 10 in the DNT

John 10 in the ELBE

John 10 in the EMTV

John 10 in the ESV

John 10 in the FBV

John 10 in the FEB

John 10 in the GGMNT

John 10 in the GNT

John 10 in the HARY

John 10 in the HNT

John 10 in the IRVA

John 10 in the IRVB

John 10 in the IRVG

John 10 in the IRVH

John 10 in the IRVK

John 10 in the IRVM

John 10 in the IRVM2

John 10 in the IRVO

John 10 in the IRVP

John 10 in the IRVT

John 10 in the IRVT2

John 10 in the IRVU

John 10 in the ISVN

John 10 in the JSNT

John 10 in the KAPI

John 10 in the KBT1ETNIK

John 10 in the KBV

John 10 in the KJV

John 10 in the KNFD

John 10 in the LBA

John 10 in the LBLA

John 10 in the LNT

John 10 in the LSV

John 10 in the MAAL

John 10 in the MBV

John 10 in the MBV2

John 10 in the MHNT

John 10 in the MKNFD

John 10 in the MNG

John 10 in the MNT

John 10 in the MNT2

John 10 in the MRS1T

John 10 in the NAA

John 10 in the NASB

John 10 in the NBLA

John 10 in the NBS

John 10 in the NBVTP

John 10 in the NET2

John 10 in the NIV11

John 10 in the NNT

John 10 in the NNT2

John 10 in the NNT3

John 10 in the PDDPT

John 10 in the PFNT

John 10 in the RMNT

John 10 in the SBIAS

John 10 in the SBIBS

John 10 in the SBIBS2

John 10 in the SBICS

John 10 in the SBIDS

John 10 in the SBIGS

John 10 in the SBIHS

John 10 in the SBIIS

John 10 in the SBIIS2

John 10 in the SBIIS3

John 10 in the SBIKS

John 10 in the SBIKS2

John 10 in the SBIMS

John 10 in the SBIOS

John 10 in the SBIPS

John 10 in the SBISS

John 10 in the SBITS

John 10 in the SBITS2

John 10 in the SBITS3

John 10 in the SBITS4

John 10 in the SBIUS

John 10 in the SBIVS

John 10 in the SBT

John 10 in the SBT1E

John 10 in the SCHL

John 10 in the SNT

John 10 in the SUSU

John 10 in the SUSU2

John 10 in the SYNO

John 10 in the TBIAOTANT

John 10 in the TBT1E

John 10 in the TBT1E2

John 10 in the TFTIP

John 10 in the TFTU

John 10 in the TGNTATF3T

John 10 in the THAI

John 10 in the TNFD

John 10 in the TNT

John 10 in the TNTIK

John 10 in the TNTIL

John 10 in the TNTIN

John 10 in the TNTIP

John 10 in the TNTIZ

John 10 in the TOMA

John 10 in the TTENT

John 10 in the UBG

John 10 in the UGV

John 10 in the UGV2

John 10 in the UGV3

John 10 in the VBL

John 10 in the VDCC

John 10 in the YALU

John 10 in the YAPE

John 10 in the YBVTP

John 10 in the ZBP