John 10 (BOECS)

1 “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye. 2 Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. 3 Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. 4 Ne ekplɔ eƒe alẽawo katã do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye wokplɔnɛ ɖo, elabena wonya eƒe gbe. 5 Womadze ame bubu yome o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womede dzesi eƒe gbe o.” 6 Yesu do lo sia na wo, gake womese nya si gblɔm wòle na wo la gɔme o. 7 Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo, 8 eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawo wonye. 9 Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo. 10 Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la. 11 “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta. 12 Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe. 13 Apadɔwɔla la sina, elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, eye metsɔa ɖeke le eme na alẽawo o. 14 “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam, 15 abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 16 Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te. 17 “Fofonye lɔ̃m, elabena metsɔ nye agbe ɖo anyi be magaxɔe. Ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o. 18 Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.” 19 Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo dome. 20 Wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye wòle tsu kum. Migaɖo toe o.” 21 Ke ame bubuwo gblɔ be, “Ame sia ƒe nyawo medze abe ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la tɔ ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa?” 22 Ŋutikɔkɔŋkekenyui la ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔli, 23 eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me. 24 Yudatɔwo ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Ɣe ka yie nàna míatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.” 25 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye, 26 gake miexɔe se o, elabena menye nye alẽwo mienye o. 27 Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme. 28 Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, 29 elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. 30 Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.” 31 Yudatɔwo gafɔ kpewo be yewoaƒui, 32 gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?” 33 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?” 34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa? 35 Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o, 36 eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’? 37 Ne menye Fofonye gbɔ nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38 Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.” 39 Ameawo gadi be yewoalée, gake edo go dzo le wo gbɔ. 40 Yesu gatrɔ ɖatso Yɔdan tɔsisi la yi egodo, eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le tsã la. 41 Enɔ afi sia, eye ame geɖewo va egbɔ. Ameawo gblɔ be, “Togbɔ be Yohanes mewɔ nukunu aɖeke o hã la, nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ŋutsu sia ŋu la nye nyateƒe.” 42 Ame geɖewo xɔ Yesu dzi se le teƒe sia.

In Other Versions

John 10 in the ANGEFD

John 10 in the ANTPNG2D

John 10 in the AS21

John 10 in the BAGH

John 10 in the BBPNG

John 10 in the BBT1E

John 10 in the BDS

John 10 in the BEV

John 10 in the BHAD

John 10 in the BIB

John 10 in the BLPT

John 10 in the BNT

John 10 in the BNTABOOT

John 10 in the BNTLV

John 10 in the BOATCB

John 10 in the BOATCB2

John 10 in the BOBCV

John 10 in the BOCNT

John 10 in the BOGWICC

John 10 in the BOHCB

John 10 in the BOHCV

John 10 in the BOHLNT

John 10 in the BOHNTLTAL

John 10 in the BOICB

John 10 in the BOILNTAP

John 10 in the BOITCV

John 10 in the BOKCV

John 10 in the BOKCV2

John 10 in the BOKHWOG

John 10 in the BOKSSV

John 10 in the BOLCB

John 10 in the BOLCB2

John 10 in the BOMCV

John 10 in the BONAV

John 10 in the BONCB

John 10 in the BONLT

John 10 in the BONUT2

John 10 in the BOPLNT

John 10 in the BOSCB

John 10 in the BOSNC

John 10 in the BOTLNT

John 10 in the BOVCB

John 10 in the BOYCB

John 10 in the BPBB

John 10 in the BPH

John 10 in the BSB

John 10 in the CCB

John 10 in the CUV

John 10 in the CUVS

John 10 in the DBT

John 10 in the DGDNT

John 10 in the DHNT

John 10 in the DNT

John 10 in the ELBE

John 10 in the EMTV

John 10 in the ESV

John 10 in the FBV

John 10 in the FEB

John 10 in the GGMNT

John 10 in the GNT

John 10 in the HARY

John 10 in the HNT

John 10 in the IRVA

John 10 in the IRVB

John 10 in the IRVG

John 10 in the IRVH

John 10 in the IRVK

John 10 in the IRVM

John 10 in the IRVM2

John 10 in the IRVO

John 10 in the IRVP

John 10 in the IRVT

John 10 in the IRVT2

John 10 in the IRVU

John 10 in the ISVN

John 10 in the JSNT

John 10 in the KAPI

John 10 in the KBT1ETNIK

John 10 in the KBV

John 10 in the KJV

John 10 in the KNFD

John 10 in the LBA

John 10 in the LBLA

John 10 in the LNT

John 10 in the LSV

John 10 in the MAAL

John 10 in the MBV

John 10 in the MBV2

John 10 in the MHNT

John 10 in the MKNFD

John 10 in the MNG

John 10 in the MNT

John 10 in the MNT2

John 10 in the MRS1T

John 10 in the NAA

John 10 in the NASB

John 10 in the NBLA

John 10 in the NBS

John 10 in the NBVTP

John 10 in the NET2

John 10 in the NIV11

John 10 in the NNT

John 10 in the NNT2

John 10 in the NNT3

John 10 in the PDDPT

John 10 in the PFNT

John 10 in the RMNT

John 10 in the SBIAS

John 10 in the SBIBS

John 10 in the SBIBS2

John 10 in the SBICS

John 10 in the SBIDS

John 10 in the SBIGS

John 10 in the SBIHS

John 10 in the SBIIS

John 10 in the SBIIS2

John 10 in the SBIIS3

John 10 in the SBIKS

John 10 in the SBIKS2

John 10 in the SBIMS

John 10 in the SBIOS

John 10 in the SBIPS

John 10 in the SBISS

John 10 in the SBITS

John 10 in the SBITS2

John 10 in the SBITS3

John 10 in the SBITS4

John 10 in the SBIUS

John 10 in the SBIVS

John 10 in the SBT

John 10 in the SBT1E

John 10 in the SCHL

John 10 in the SNT

John 10 in the SUSU

John 10 in the SUSU2

John 10 in the SYNO

John 10 in the TBIAOTANT

John 10 in the TBT1E

John 10 in the TBT1E2

John 10 in the TFTIP

John 10 in the TFTU

John 10 in the TGNTATF3T

John 10 in the THAI

John 10 in the TNFD

John 10 in the TNT

John 10 in the TNTIK

John 10 in the TNTIL

John 10 in the TNTIN

John 10 in the TNTIP

John 10 in the TNTIZ

John 10 in the TOMA

John 10 in the TTENT

John 10 in the UBG

John 10 in the UGV

John 10 in the UGV2

John 10 in the UGV3

John 10 in the VBL

John 10 in the VDCC

John 10 in the YALU

John 10 in the YAPE

John 10 in the YBVTP

John 10 in the ZBP