John 3 (BEV)

1 Azɔ la ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eƒe ŋkɔe nye Nikodemo la li; enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla. 2 Eva Yesu gbɔ le zã me eye wògblɔ bena, “Rabi alo Nufiala, menyae be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.” 3 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Esia le eme, gake le nyateƒe me, mele egblɔm na wò bena, ne womegbugbɔ wò dzi o la, màte ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.” 4 Nikodemo do ɣli gblɔ be, “Ɖe nèbe woagadzim akea? Nya sia gɔme ɖe? Ale ke wɔ ame tsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe vidzigolo me be woagadzii ake?” 5 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nya si dzi mele gbe tem ɖo lae nye be, ne womegbugbɔ ame aɖe dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. 6 Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo. 7 Le esia ta megawɔ nuku na wò bena megblɔ na wò be ale be woagagbugbɔ wò adzi o. 8 Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃, àte ŋu ase eŋkɔ gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o nenema kee wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me.” 9 Nikodemo gabia Yesu bena, “Nu ka tutu gblɔm nèle? Nyemese wò nyaa gɔme o.” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa? 11 Le nyateƒe me la, miawo la mieƒoa nu tso nu siwo mienya, eye mieɖia ɖase tso nu siwo miekpɔ la ŋu, ke hã la miexɔa miaƒe ɖaseɖiɖi o. 12 Esi megblɔ nu siwo le edzi yim le amewo dome le anyigba dzi le afii la na wò gake mèxɔ wo dzi se o ɖe, ale ke nàwɔ axɔe se ne megblɔ nu siwo le edzi yim le dziƒo la na wò? 13 Elabena nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi eye magatrɔ ayi dziƒo. 14 “Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzii, 15 be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ. 16 Elabena Mawu lɔ̃a xexeame ale gbegbe bena wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ la na bena, ame sia ame si axɔ edzi ase la, matsrɔ̃ o, ke boŋ akpɔ agbe mavɔ. 17 Mawu meɖo Via ɖa be woava drɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ be woaɖe xexeame to eya amea dzi. 18 “Ame siwo xɔ edzi se la womadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ la dzi se o. 19 Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be, Kekeli tso dziƒo va xexeame, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. 20 Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la elabena wodi vevie bena yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe. 21 Gake ame siwo le nu nyui wɔm la, vaa Kekeli la gbɔ dzidzɔtɔe bena ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔnu wɔm.” 22 Le esia magbe la, Yesu kple ƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea afi si wonɔ ŋkeke ʋee aɖewo hede mawutsi ta na amewo. 23 Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo le vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo 24 Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me. 25 Gbe ɖeka la, nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu. 26 Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nedo goe le Yɔdan tɔsisia godo, ame si nèbe eyae nye Mesia la hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖe le egbɔ yim, le esime wòle be woava mia gbɔ boŋ hafi.” 27 Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Mawu si le dziƒo la de dɔ tɔxɛ asi na ame sia ame. 28 Nye dɔe nye be madzra mɔ ɖo ɖi na ŋutsu sia bena ame sia ame nate ŋu ayi egbɔ. Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi va yi kɔtee be, menye nyee nye Mesia la o. Nye ya la, nu si wɔ ge meva la koe nye be mata mɔ na Mesia la. 29 Ele eme be amewo ƒoa zi ɖe nu nyui ɖe sia ɖe ŋu. Nenema ke ŋugbetɔ ayi afi si ŋugbetɔsrɔ̃ la le, eye afi mae ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo akpɔ dzidzɔ kplii le. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔ yɔ menye ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋuti. 30 Ele be eya amea natsi ɖe edzi gbeawotsyogbe. Ke nye la, mayi to. 31 “Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o. 32 Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame ʋee aɖewo koe xɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena. 33 Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ 34 Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo, elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me. 35 Fofo la lɔ̃a via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de eƒe asime. 36 Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la, makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dziku anɔ wo dzi ɖaa.”

In Other Versions

John 3 in the ANGEFD

John 3 in the ANTPNG2D

John 3 in the AS21

John 3 in the BAGH

John 3 in the BBPNG

John 3 in the BBT1E

John 3 in the BDS

John 3 in the BHAD

John 3 in the BIB

John 3 in the BLPT

John 3 in the BNT

John 3 in the BNTABOOT

John 3 in the BNTLV

John 3 in the BOATCB

John 3 in the BOATCB2

John 3 in the BOBCV

John 3 in the BOCNT

John 3 in the BOECS

John 3 in the BOGWICC

John 3 in the BOHCB

John 3 in the BOHCV

John 3 in the BOHLNT

John 3 in the BOHNTLTAL

John 3 in the BOICB

John 3 in the BOILNTAP

John 3 in the BOITCV

John 3 in the BOKCV

John 3 in the BOKCV2

John 3 in the BOKHWOG

John 3 in the BOKSSV

John 3 in the BOLCB

John 3 in the BOLCB2

John 3 in the BOMCV

John 3 in the BONAV

John 3 in the BONCB

John 3 in the BONLT

John 3 in the BONUT2

John 3 in the BOPLNT

John 3 in the BOSCB

John 3 in the BOSNC

John 3 in the BOTLNT

John 3 in the BOVCB

John 3 in the BOYCB

John 3 in the BPBB

John 3 in the BPH

John 3 in the BSB

John 3 in the CCB

John 3 in the CUV

John 3 in the CUVS

John 3 in the DBT

John 3 in the DGDNT

John 3 in the DHNT

John 3 in the DNT

John 3 in the ELBE

John 3 in the EMTV

John 3 in the ESV

John 3 in the FBV

John 3 in the FEB

John 3 in the GGMNT

John 3 in the GNT

John 3 in the HARY

John 3 in the HNT

John 3 in the IRVA

John 3 in the IRVB

John 3 in the IRVG

John 3 in the IRVH

John 3 in the IRVK

John 3 in the IRVM

John 3 in the IRVM2

John 3 in the IRVO

John 3 in the IRVP

John 3 in the IRVT

John 3 in the IRVT2

John 3 in the IRVU

John 3 in the ISVN

John 3 in the JSNT

John 3 in the KAPI

John 3 in the KBT1ETNIK

John 3 in the KBV

John 3 in the KJV

John 3 in the KNFD

John 3 in the LBA

John 3 in the LBLA

John 3 in the LNT

John 3 in the LSV

John 3 in the MAAL

John 3 in the MBV

John 3 in the MBV2

John 3 in the MHNT

John 3 in the MKNFD

John 3 in the MNG

John 3 in the MNT

John 3 in the MNT2

John 3 in the MRS1T

John 3 in the NAA

John 3 in the NASB

John 3 in the NBLA

John 3 in the NBS

John 3 in the NBVTP

John 3 in the NET2

John 3 in the NIV11

John 3 in the NNT

John 3 in the NNT2

John 3 in the NNT3

John 3 in the PDDPT

John 3 in the PFNT

John 3 in the RMNT

John 3 in the SBIAS

John 3 in the SBIBS

John 3 in the SBIBS2

John 3 in the SBICS

John 3 in the SBIDS

John 3 in the SBIGS

John 3 in the SBIHS

John 3 in the SBIIS

John 3 in the SBIIS2

John 3 in the SBIIS3

John 3 in the SBIKS

John 3 in the SBIKS2

John 3 in the SBIMS

John 3 in the SBIOS

John 3 in the SBIPS

John 3 in the SBISS

John 3 in the SBITS

John 3 in the SBITS2

John 3 in the SBITS3

John 3 in the SBITS4

John 3 in the SBIUS

John 3 in the SBIVS

John 3 in the SBT

John 3 in the SBT1E

John 3 in the SCHL

John 3 in the SNT

John 3 in the SUSU

John 3 in the SUSU2

John 3 in the SYNO

John 3 in the TBIAOTANT

John 3 in the TBT1E

John 3 in the TBT1E2

John 3 in the TFTIP

John 3 in the TFTU

John 3 in the TGNTATF3T

John 3 in the THAI

John 3 in the TNFD

John 3 in the TNT

John 3 in the TNTIK

John 3 in the TNTIL

John 3 in the TNTIN

John 3 in the TNTIP

John 3 in the TNTIZ

John 3 in the TOMA

John 3 in the TTENT

John 3 in the UBG

John 3 in the UGV

John 3 in the UGV2

John 3 in the UGV3

John 3 in the VBL

John 3 in the VDCC

John 3 in the YALU

John 3 in the YAPE

John 3 in the YBVTP

John 3 in the ZBP