John 3 (BOECS)

1 Azɔ la, ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eŋkɔe nye Nikodemo la li. Enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla. 2 Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o. 3 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.” 4 Nikodemo gblɔ be, “Aleke wɔ ametsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagbugbɔe adzii?” 5 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. 6 Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo. 7 Le esia ta megawɔ nuku na wò be megblɔ na wò be ele be woagbugbɔ wò adzi o. 8 Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la; àte ŋu ase eŋkɔ, gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o. Nenema ke wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me la.” 9 Nikodemo gabia Yesu be, “Aleke esia ate ŋu ava emee?” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa? 11 Le nyateƒe me la, míeƒoa nu tso nu siwo míenya la ŋu, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o. 12 Esi meƒo nu tso anyigbadzinuwo ŋu, eye mèxɔ wo dzi se o ɖe, aleke nàwɔ axɔe se ne meƒo nu tso dziƒonuwo ŋu na wò? 13 Elabena Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi, eye wòagatrɔ ayi dziƒo. 14 Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii, 15 be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.” 16 Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. 17 Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi. 18 Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o. 19 Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. 20 Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe. 21 Gake ame siwo le nyateƒe la dzi wɔm la vaa Kekeli la gbɔ be ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. 22 Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea nyigba dzi, afi si wonɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hede mawutsi ta na amewo. 23 Ke Yohanes hã nɔ mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo nɔ vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo. 24 (Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me.) 25 Nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu. 26 Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nèdo goe le Yɔdan tɔsisi la godo, ame si ŋuti nèɖi ɖase le hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖewo le egbɔ yim.” 27 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nu si Mawu na ame tso dziƒo la ko wòate ŋu axɔ. 28 Miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi be, ‘Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dɔdɔ menye le eyama ŋgɔ.’ 29 Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta. 30 Ele be nàzu gã, ke nye la, mayi to. 31 “Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o. 32 Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame aɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena o. 33 Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ 34 Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me. 35 Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de asi nɛ. 36 Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi.”

In Other Versions

John 3 in the ANGEFD

John 3 in the ANTPNG2D

John 3 in the AS21

John 3 in the BAGH

John 3 in the BBPNG

John 3 in the BBT1E

John 3 in the BDS

John 3 in the BEV

John 3 in the BHAD

John 3 in the BIB

John 3 in the BLPT

John 3 in the BNT

John 3 in the BNTABOOT

John 3 in the BNTLV

John 3 in the BOATCB

John 3 in the BOATCB2

John 3 in the BOBCV

John 3 in the BOCNT

John 3 in the BOGWICC

John 3 in the BOHCB

John 3 in the BOHCV

John 3 in the BOHLNT

John 3 in the BOHNTLTAL

John 3 in the BOICB

John 3 in the BOILNTAP

John 3 in the BOITCV

John 3 in the BOKCV

John 3 in the BOKCV2

John 3 in the BOKHWOG

John 3 in the BOKSSV

John 3 in the BOLCB

John 3 in the BOLCB2

John 3 in the BOMCV

John 3 in the BONAV

John 3 in the BONCB

John 3 in the BONLT

John 3 in the BONUT2

John 3 in the BOPLNT

John 3 in the BOSCB

John 3 in the BOSNC

John 3 in the BOTLNT

John 3 in the BOVCB

John 3 in the BOYCB

John 3 in the BPBB

John 3 in the BPH

John 3 in the BSB

John 3 in the CCB

John 3 in the CUV

John 3 in the CUVS

John 3 in the DBT

John 3 in the DGDNT

John 3 in the DHNT

John 3 in the DNT

John 3 in the ELBE

John 3 in the EMTV

John 3 in the ESV

John 3 in the FBV

John 3 in the FEB

John 3 in the GGMNT

John 3 in the GNT

John 3 in the HARY

John 3 in the HNT

John 3 in the IRVA

John 3 in the IRVB

John 3 in the IRVG

John 3 in the IRVH

John 3 in the IRVK

John 3 in the IRVM

John 3 in the IRVM2

John 3 in the IRVO

John 3 in the IRVP

John 3 in the IRVT

John 3 in the IRVT2

John 3 in the IRVU

John 3 in the ISVN

John 3 in the JSNT

John 3 in the KAPI

John 3 in the KBT1ETNIK

John 3 in the KBV

John 3 in the KJV

John 3 in the KNFD

John 3 in the LBA

John 3 in the LBLA

John 3 in the LNT

John 3 in the LSV

John 3 in the MAAL

John 3 in the MBV

John 3 in the MBV2

John 3 in the MHNT

John 3 in the MKNFD

John 3 in the MNG

John 3 in the MNT

John 3 in the MNT2

John 3 in the MRS1T

John 3 in the NAA

John 3 in the NASB

John 3 in the NBLA

John 3 in the NBS

John 3 in the NBVTP

John 3 in the NET2

John 3 in the NIV11

John 3 in the NNT

John 3 in the NNT2

John 3 in the NNT3

John 3 in the PDDPT

John 3 in the PFNT

John 3 in the RMNT

John 3 in the SBIAS

John 3 in the SBIBS

John 3 in the SBIBS2

John 3 in the SBICS

John 3 in the SBIDS

John 3 in the SBIGS

John 3 in the SBIHS

John 3 in the SBIIS

John 3 in the SBIIS2

John 3 in the SBIIS3

John 3 in the SBIKS

John 3 in the SBIKS2

John 3 in the SBIMS

John 3 in the SBIOS

John 3 in the SBIPS

John 3 in the SBISS

John 3 in the SBITS

John 3 in the SBITS2

John 3 in the SBITS3

John 3 in the SBITS4

John 3 in the SBIUS

John 3 in the SBIVS

John 3 in the SBT

John 3 in the SBT1E

John 3 in the SCHL

John 3 in the SNT

John 3 in the SUSU

John 3 in the SUSU2

John 3 in the SYNO

John 3 in the TBIAOTANT

John 3 in the TBT1E

John 3 in the TBT1E2

John 3 in the TFTIP

John 3 in the TFTU

John 3 in the TGNTATF3T

John 3 in the THAI

John 3 in the TNFD

John 3 in the TNT

John 3 in the TNTIK

John 3 in the TNTIL

John 3 in the TNTIN

John 3 in the TNTIP

John 3 in the TNTIZ

John 3 in the TOMA

John 3 in the TTENT

John 3 in the UBG

John 3 in the UGV

John 3 in the UGV2

John 3 in the UGV3

John 3 in the VBL

John 3 in the VDCC

John 3 in the YALU

John 3 in the YAPE

John 3 in the YBVTP

John 3 in the ZBP