Luke 11 (BEV)

1 Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be. “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa aɖe mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.” 2 Gbedodoɖa si Yesu fia wo lae nye esi. “Mia Fofo, woade bubu wò ŋkɔ kɔkɔe la ŋu ɖaa, na wò Fiaɖuƒea nava kaba. 3 Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe, 4 tsɔ mia ƒe nu vɔ̃wo ke mí le esi mietsɔ ame siwo da vo ɖe mía ŋuti la tɔwo kewo ta, eye megana be míage ɖe tetekpɔ me o.” 5 Tete egblɔ na wo be, “Le kpɔɖeŋu me xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi xɔ̃a gbɔ zatitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam, 6 elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem eye naneke meli matsɔ nɛ woaɖu o.’ 7 “Ekema ame si le xɔme la aɖo ŋu be, ‘Megaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’ 8 “Mele egblɔm na mi be, nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne eƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wo elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii. 9 Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Ne miebia nu la, woana mi, ne miedi nu la miakpɔe, eye ne mieƒo ʋɔa la woaʋui na mi ɣesiaɣi. 10 Ame sia ame si bia nu la, xɔa nu si wòbia, ame siwo dia nu la kpɔnɛ eye woaʋu ʋɔa na ame sia ame si aƒoe la.” 11 “Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwo bia abolo wò ɖe, kpee nàtsɔ nɛa? Ne wòbia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? 12 Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o! 13 “Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu si mia viwo bia mi wo la, ɖee mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔme, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?” 14 Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. 15 Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Satana, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” 16 Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eyae nye Mesia la vavã. 17 Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la dukɔa agba, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũ kple dzre la mate ŋu anɔ te o.” 18 Nenye be enye nyateƒe abe ale si míegblɔe be Satanae le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la ale ke eƒe fiaɖuƒe anɔ tee? 19 Eye nenye be Satana ƒe ŋusẽe le menye ɖe, nu kae le miawo ŋutɔ miaƒe amewo me? Woawo hã tea ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa? Alo miebu be esia fia kɔtee be Satana ƒe gbɔgbɔe le wo mea? Mibia wo se kpɔ be miaƒe nya la nye nyateƒe mahã? 20 Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema afia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. 21 Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo eye wole eƒe fiasã ŋu dzɔm la eƒe nuwo anɔ dedie. 22 Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi eye woxɔ ŋusẽ le esi la axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖa le esi eye wòama eƒe nunɔamesiwo. 23 “Ame si mele dzinye o la tsi tre ɖe ŋunye, eye ne ame aɖe mele kpekpem ɖe ŋunye o la ele nye dɔ me gblẽm nam.” 24 “Nenye be wonya gbɔgbɔ vɔ̃ le ame aɖe me la, gbɔgbɔ vɔ̃a nɔa tsatsam nɔa sitsoƒe dim le dzogbe kple teƒe teƒewo. Nenye be mekpɔ teƒe aɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si me wòdo go le la me. 25 Ne wòkpɔ be wowɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛ la, 26 eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.” 27 Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawo ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.” 28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo gake woana geɖe wu esia ame siwo sea mawunya la eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.” 29 Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o. 30 Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔvi la anye dzesi na dzidzime siae.” 31 “Le ʋɔnudrɔŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tre afia asi dzidzime sia eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso didiƒe aɖe ke va be yease Salomon ƒe nufiamenyawo. Evɔ ame si de ŋgɔ wu Salomon sãa la le afii gake ame ʋee aɖewo koe ɖoa toe.” 32 “Ninivetɔwo kura gɔ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo, ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o. 33 “Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi bena wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me. 34 Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ŋuti hã akɔ. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwo la, mate ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me. 35 Eya ta mikpɔ nyuie bena miagaxe mɔ na kekeli la o. 36 Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me eye viviti aɖeke mele mewo o la, ekema wò gota gome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewo ene.” 37 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe eme hebɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu. 38 Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa. 39 Yesu gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, miewɔa nu le gota abe ɖe miedza ene evɔ miaƒe dzime ya ƒoɖi kpekpekpe ŋubiabiã kpakple tamesesẽ sɔŋ koe le mia me. 40 Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? 41 Dzadzɛnyenye nyuitɔe nye esi woɖe fia to dɔmenyowɔwɔ me. 42 “Gake mele egblɔm na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔna miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia nana Mawu hã, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o. 43 “Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina. 44 Le nyateƒe me la ʋunudɔdrɔ̃ sesẽ aɖe le mia lalam. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ ene. Amewo vatoa mia dzi eye womenya nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.” 45 Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome, la yɔe eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, edo vlo miawo hã.” 46 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Esia le me vavã elabena nu dziŋɔ siawo le miawo hã lalam, elabena miedina be amewo nanɔ xɔse ƒe agbe ɖe ɖoɖo aɖewo nu, evɔ miawo ŋutɔwo la, mietenɛ kpɔ be yewoawɔ ɖe ɖoɖo siawo dzi o. 47 Baba na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. 48 Hlɔ̃dolawo! Mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Nenema ke ko miawo hã miawɔ. 49 “Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu la enye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo eye mianya ɖewo de gbe.’ 50 “Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu be miawoe wu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke. 51 Le nyateƒe me, woabu fɔ mi be miawoe wu ame siwo katã wowu tso Abel dzi va se ɖe Zakaria ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe mia dzi. 52 “Baba na mi senyalawo elabena mieɣla nyateƒe la ɖe amewo. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.” 53 Esi wòdo go tso afi ma la Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam 54 be woalée le eƒe nuƒoƒo me.

In Other Versions

Luke 11 in the ANGEFD

Luke 11 in the ANTPNG2D

Luke 11 in the AS21

Luke 11 in the BAGH

Luke 11 in the BBPNG

Luke 11 in the BBT1E

Luke 11 in the BDS

Luke 11 in the BHAD

Luke 11 in the BIB

Luke 11 in the BLPT

Luke 11 in the BNT

Luke 11 in the BNTABOOT

Luke 11 in the BNTLV

Luke 11 in the BOATCB

Luke 11 in the BOATCB2

Luke 11 in the BOBCV

Luke 11 in the BOCNT

Luke 11 in the BOECS

Luke 11 in the BOGWICC

Luke 11 in the BOHCB

Luke 11 in the BOHCV

Luke 11 in the BOHLNT

Luke 11 in the BOHNTLTAL

Luke 11 in the BOICB

Luke 11 in the BOILNTAP

Luke 11 in the BOITCV

Luke 11 in the BOKCV

Luke 11 in the BOKCV2

Luke 11 in the BOKHWOG

Luke 11 in the BOKSSV

Luke 11 in the BOLCB

Luke 11 in the BOLCB2

Luke 11 in the BOMCV

Luke 11 in the BONAV

Luke 11 in the BONCB

Luke 11 in the BONLT

Luke 11 in the BONUT2

Luke 11 in the BOPLNT

Luke 11 in the BOSCB

Luke 11 in the BOSNC

Luke 11 in the BOTLNT

Luke 11 in the BOVCB

Luke 11 in the BOYCB

Luke 11 in the BPBB

Luke 11 in the BPH

Luke 11 in the BSB

Luke 11 in the CCB

Luke 11 in the CUV

Luke 11 in the CUVS

Luke 11 in the DBT

Luke 11 in the DGDNT

Luke 11 in the DHNT

Luke 11 in the DNT

Luke 11 in the ELBE

Luke 11 in the EMTV

Luke 11 in the ESV

Luke 11 in the FBV

Luke 11 in the FEB

Luke 11 in the GGMNT

Luke 11 in the GNT

Luke 11 in the HARY

Luke 11 in the HNT

Luke 11 in the IRVA

Luke 11 in the IRVB

Luke 11 in the IRVG

Luke 11 in the IRVH

Luke 11 in the IRVK

Luke 11 in the IRVM

Luke 11 in the IRVM2

Luke 11 in the IRVO

Luke 11 in the IRVP

Luke 11 in the IRVT

Luke 11 in the IRVT2

Luke 11 in the IRVU

Luke 11 in the ISVN

Luke 11 in the JSNT

Luke 11 in the KAPI

Luke 11 in the KBT1ETNIK

Luke 11 in the KBV

Luke 11 in the KJV

Luke 11 in the KNFD

Luke 11 in the LBA

Luke 11 in the LBLA

Luke 11 in the LNT

Luke 11 in the LSV

Luke 11 in the MAAL

Luke 11 in the MBV

Luke 11 in the MBV2

Luke 11 in the MHNT

Luke 11 in the MKNFD

Luke 11 in the MNG

Luke 11 in the MNT

Luke 11 in the MNT2

Luke 11 in the MRS1T

Luke 11 in the NAA

Luke 11 in the NASB

Luke 11 in the NBLA

Luke 11 in the NBS

Luke 11 in the NBVTP

Luke 11 in the NET2

Luke 11 in the NIV11

Luke 11 in the NNT

Luke 11 in the NNT2

Luke 11 in the NNT3

Luke 11 in the PDDPT

Luke 11 in the PFNT

Luke 11 in the RMNT

Luke 11 in the SBIAS

Luke 11 in the SBIBS

Luke 11 in the SBIBS2

Luke 11 in the SBICS

Luke 11 in the SBIDS

Luke 11 in the SBIGS

Luke 11 in the SBIHS

Luke 11 in the SBIIS

Luke 11 in the SBIIS2

Luke 11 in the SBIIS3

Luke 11 in the SBIKS

Luke 11 in the SBIKS2

Luke 11 in the SBIMS

Luke 11 in the SBIOS

Luke 11 in the SBIPS

Luke 11 in the SBISS

Luke 11 in the SBITS

Luke 11 in the SBITS2

Luke 11 in the SBITS3

Luke 11 in the SBITS4

Luke 11 in the SBIUS

Luke 11 in the SBIVS

Luke 11 in the SBT

Luke 11 in the SBT1E

Luke 11 in the SCHL

Luke 11 in the SNT

Luke 11 in the SUSU

Luke 11 in the SUSU2

Luke 11 in the SYNO

Luke 11 in the TBIAOTANT

Luke 11 in the TBT1E

Luke 11 in the TBT1E2

Luke 11 in the TFTIP

Luke 11 in the TFTU

Luke 11 in the TGNTATF3T

Luke 11 in the THAI

Luke 11 in the TNFD

Luke 11 in the TNT

Luke 11 in the TNTIK

Luke 11 in the TNTIL

Luke 11 in the TNTIN

Luke 11 in the TNTIP

Luke 11 in the TNTIZ

Luke 11 in the TOMA

Luke 11 in the TTENT

Luke 11 in the UBG

Luke 11 in the UGV

Luke 11 in the UGV2

Luke 11 in the UGV3

Luke 11 in the VBL

Luke 11 in the VDCC

Luke 11 in the YALU

Luke 11 in the YAPE

Luke 11 in the YBVTP

Luke 11 in the ZBP