Matthew 23 (BEV)

1 Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo bena, 2 “Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe Zi dzi. 3 Eya ta miɖo to wo eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o. 4 Woblaa agba kpekpewo hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o. 5 “Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ eye wodea dzesi tɔxɛ woƒe awuʋlayawo to be amewo nakpɔ be yewo nye ame kɔkɔewo. 6 Wolɔ̃a kplɔ̃ta nɔnɔ le nuɖuƒewo eye wolɔ̃a ŋgɔgbe zikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. 7 Ne wole ablɔ dzi yina eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ. 8 Migana be ame aɖeke nada ŋkɔ siawo tɔgbi ɖe mia dzi o. Elabena Mawu ɖeka hɔ̃ koe nye miaƒe Nufiala, eye le mia dome la, mi katã miesɔ abe nɔviwo ene. 9 Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be Fofo o, elabena Mawu ɖeka si le dziƒo koe wòle be míayɔ nenema. 10 Eye migana hã be woayɔ mi be Nufiala o, elabena Nufiala ɖeka koe li na mi, eyae nye Mesia la. 11 “Ne miebɔbɔ mia ɖokuiwo eye miesubɔ ame bubuwo la, miaƒe gãnyenye adze wu le wo gbɔ. Ne ame aɖe di bena yeanye amegã la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ. 12 Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la woado wo ɖe dzi. 13 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be woage ɖe eme la hã nayi eme o. 14 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu, hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe eye emegbe miebua doa gbe didiwo ɖa! Le esia ta la mieƒe tohehe asesẽ wu bubuawo tɔ! 15 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigbadzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔʋemevi zigbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ. 16 “Babaa na mi, mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’ 17 Mi bometsila ŋkugbagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛa? 18 Miawo kee gblɔ be ame si ta vɔsamlekpuia la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpuia dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi. 19 Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpuia dzi loo alo vɔsamlekpuia ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔna? 20 Nenye be mieta vɔsamlekpuia ekema mietae kple nu siwo katã le edzi, 21 eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu ame si nɔa eme. 22 Nenye be mieta ‘Dziƒo’ la minyae be mieta Mawu ƒe Fiazikpui kple Mawu ame si nɔa edzi. 23 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo alakpanuwɔlawo! Mienaa adrike, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevietɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi eye mele be miagbe ekemɛawo hã o. 24 Mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miehe mia kpɔsɔ ya. 25 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wome yɔ fũu kple ŋukeklẽ kpakple ɖokuitɔdidi. 26 Farisitɔ ŋkugbagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã ekema wo godo hã la ɖi nyuie. 27 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple numakɔmakɔ bubuwo. 28 Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔawo ene, gake miaƒe ememe yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kpakple vɔɖivɔ̃ɖi. 29 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔwo ƒe yɔdowo. 30 Eye miegblɔ bena, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔkɔɖi me o’ 31 Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo. 32 Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu. 33 “Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Ale ke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? 34 “Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔa yɔ fũ la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklãwo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ. 35 Ne miewɔ esiawo la ekema ame kɔkɔe siwo wowu tso keke Abel dzi va se ɖe Zakaria, Barakia vi si miewu le Vɔsamlekpui kple Kɔkɔeƒea dome le gbedoxɔa me la ƒe ʋu ava mia dzi. 36 Ẽ, mele egblɔm na mi bena, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣemaɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi. 37 “O, Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò! Medi zi geɖe bena maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalãwo te ene, gake wogbe womena mɔm o. 38 Azɔ woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe. 39 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, miagakpɔm azɔ o, va se ɖe esime miagblɔ be woayra ame si gbɔna le Aƒetɔa ƒe ŋkɔ me.”

In Other Versions

Matthew 23 in the ANGEFD

Matthew 23 in the ANTPNG2D

Matthew 23 in the AS21

Matthew 23 in the BAGH

Matthew 23 in the BBPNG

Matthew 23 in the BBT1E

Matthew 23 in the BDS

Matthew 23 in the BHAD

Matthew 23 in the BIB

Matthew 23 in the BLPT

Matthew 23 in the BNT

Matthew 23 in the BNTABOOT

Matthew 23 in the BNTLV

Matthew 23 in the BOATCB

Matthew 23 in the BOATCB2

Matthew 23 in the BOBCV

Matthew 23 in the BOCNT

Matthew 23 in the BOECS

Matthew 23 in the BOGWICC

Matthew 23 in the BOHCB

Matthew 23 in the BOHCV

Matthew 23 in the BOHLNT

Matthew 23 in the BOHNTLTAL

Matthew 23 in the BOICB

Matthew 23 in the BOILNTAP

Matthew 23 in the BOITCV

Matthew 23 in the BOKCV

Matthew 23 in the BOKCV2

Matthew 23 in the BOKHWOG

Matthew 23 in the BOKSSV

Matthew 23 in the BOLCB

Matthew 23 in the BOLCB2

Matthew 23 in the BOMCV

Matthew 23 in the BONAV

Matthew 23 in the BONCB

Matthew 23 in the BONLT

Matthew 23 in the BONUT2

Matthew 23 in the BOPLNT

Matthew 23 in the BOSCB

Matthew 23 in the BOSNC

Matthew 23 in the BOTLNT

Matthew 23 in the BOVCB

Matthew 23 in the BOYCB

Matthew 23 in the BPBB

Matthew 23 in the BPH

Matthew 23 in the BSB

Matthew 23 in the CCB

Matthew 23 in the CUV

Matthew 23 in the CUVS

Matthew 23 in the DBT

Matthew 23 in the DGDNT

Matthew 23 in the DHNT

Matthew 23 in the DNT

Matthew 23 in the ELBE

Matthew 23 in the EMTV

Matthew 23 in the ESV

Matthew 23 in the FBV

Matthew 23 in the FEB

Matthew 23 in the GGMNT

Matthew 23 in the GNT

Matthew 23 in the HARY

Matthew 23 in the HNT

Matthew 23 in the IRVA

Matthew 23 in the IRVB

Matthew 23 in the IRVG

Matthew 23 in the IRVH

Matthew 23 in the IRVK

Matthew 23 in the IRVM

Matthew 23 in the IRVM2

Matthew 23 in the IRVO

Matthew 23 in the IRVP

Matthew 23 in the IRVT

Matthew 23 in the IRVT2

Matthew 23 in the IRVU

Matthew 23 in the ISVN

Matthew 23 in the JSNT

Matthew 23 in the KAPI

Matthew 23 in the KBT1ETNIK

Matthew 23 in the KBV

Matthew 23 in the KJV

Matthew 23 in the KNFD

Matthew 23 in the LBA

Matthew 23 in the LBLA

Matthew 23 in the LNT

Matthew 23 in the LSV

Matthew 23 in the MAAL

Matthew 23 in the MBV

Matthew 23 in the MBV2

Matthew 23 in the MHNT

Matthew 23 in the MKNFD

Matthew 23 in the MNG

Matthew 23 in the MNT

Matthew 23 in the MNT2

Matthew 23 in the MRS1T

Matthew 23 in the NAA

Matthew 23 in the NASB

Matthew 23 in the NBLA

Matthew 23 in the NBS

Matthew 23 in the NBVTP

Matthew 23 in the NET2

Matthew 23 in the NIV11

Matthew 23 in the NNT

Matthew 23 in the NNT2

Matthew 23 in the NNT3

Matthew 23 in the PDDPT

Matthew 23 in the PFNT

Matthew 23 in the RMNT

Matthew 23 in the SBIAS

Matthew 23 in the SBIBS

Matthew 23 in the SBIBS2

Matthew 23 in the SBICS

Matthew 23 in the SBIDS

Matthew 23 in the SBIGS

Matthew 23 in the SBIHS

Matthew 23 in the SBIIS

Matthew 23 in the SBIIS2

Matthew 23 in the SBIIS3

Matthew 23 in the SBIKS

Matthew 23 in the SBIKS2

Matthew 23 in the SBIMS

Matthew 23 in the SBIOS

Matthew 23 in the SBIPS

Matthew 23 in the SBISS

Matthew 23 in the SBITS

Matthew 23 in the SBITS2

Matthew 23 in the SBITS3

Matthew 23 in the SBITS4

Matthew 23 in the SBIUS

Matthew 23 in the SBIVS

Matthew 23 in the SBT

Matthew 23 in the SBT1E

Matthew 23 in the SCHL

Matthew 23 in the SNT

Matthew 23 in the SUSU

Matthew 23 in the SUSU2

Matthew 23 in the SYNO

Matthew 23 in the TBIAOTANT

Matthew 23 in the TBT1E

Matthew 23 in the TBT1E2

Matthew 23 in the TFTIP

Matthew 23 in the TFTU

Matthew 23 in the TGNTATF3T

Matthew 23 in the THAI

Matthew 23 in the TNFD

Matthew 23 in the TNT

Matthew 23 in the TNTIK

Matthew 23 in the TNTIL

Matthew 23 in the TNTIN

Matthew 23 in the TNTIP

Matthew 23 in the TNTIZ

Matthew 23 in the TOMA

Matthew 23 in the TTENT

Matthew 23 in the UBG

Matthew 23 in the UGV

Matthew 23 in the UGV2

Matthew 23 in the UGV3

Matthew 23 in the VBL

Matthew 23 in the VDCC

Matthew 23 in the YALU

Matthew 23 in the YAPE

Matthew 23 in the YBVTP

Matthew 23 in the ZBP