Matthew 23 (BOECS)

1 Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo be, 2 “Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi, 3 eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o. 4 Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o. 5 “Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo. 6 Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. 7 Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ. 8 “Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. 9 Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo. 10 Migana hã be woayɔ mi be kplɔlawo o, elabena Kplɔla ɖeka koe li na mi, eyae nye Kristo la. 11 Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ. 12 Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la, woado wo ɖe dzi. 13 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o.[ 14 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!] 15 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ. 16 “Baba na mi, mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la, medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’ 17 Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea? 18 Miawo kee gblɔ be, ‘Ame si ta vɔsamlekpui la la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpui la dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.’ 19 Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa? 20 Nenye be mieta vɔsamlekpui la la, ekema mietae kple nu siwo katã le edzi, 21 eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la. 22 Nenye be mieta dziƒo la, minyae be mieta Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu, ame si nɔa edzi la. 23 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o. 24 Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya. 25 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpatɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi. 26 Farisitɔ ŋkuagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã, ekema wo godo hã aɖi nyuie. 27 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo. 28 Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi. 29 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo, eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo, 30 eye miegblɔ be, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi me o’ 31 Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo. 32 Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu. 33 “Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? 34 Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ. 35 Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi. 36 Vavã, mele egblɔm na mi be, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣe ma ɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi. 37 “O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o. 38 Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. 39 Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”

In Other Versions

Matthew 23 in the ANGEFD

Matthew 23 in the ANTPNG2D

Matthew 23 in the AS21

Matthew 23 in the BAGH

Matthew 23 in the BBPNG

Matthew 23 in the BBT1E

Matthew 23 in the BDS

Matthew 23 in the BEV

Matthew 23 in the BHAD

Matthew 23 in the BIB

Matthew 23 in the BLPT

Matthew 23 in the BNT

Matthew 23 in the BNTABOOT

Matthew 23 in the BNTLV

Matthew 23 in the BOATCB

Matthew 23 in the BOATCB2

Matthew 23 in the BOBCV

Matthew 23 in the BOCNT

Matthew 23 in the BOGWICC

Matthew 23 in the BOHCB

Matthew 23 in the BOHCV

Matthew 23 in the BOHLNT

Matthew 23 in the BOHNTLTAL

Matthew 23 in the BOICB

Matthew 23 in the BOILNTAP

Matthew 23 in the BOITCV

Matthew 23 in the BOKCV

Matthew 23 in the BOKCV2

Matthew 23 in the BOKHWOG

Matthew 23 in the BOKSSV

Matthew 23 in the BOLCB

Matthew 23 in the BOLCB2

Matthew 23 in the BOMCV

Matthew 23 in the BONAV

Matthew 23 in the BONCB

Matthew 23 in the BONLT

Matthew 23 in the BONUT2

Matthew 23 in the BOPLNT

Matthew 23 in the BOSCB

Matthew 23 in the BOSNC

Matthew 23 in the BOTLNT

Matthew 23 in the BOVCB

Matthew 23 in the BOYCB

Matthew 23 in the BPBB

Matthew 23 in the BPH

Matthew 23 in the BSB

Matthew 23 in the CCB

Matthew 23 in the CUV

Matthew 23 in the CUVS

Matthew 23 in the DBT

Matthew 23 in the DGDNT

Matthew 23 in the DHNT

Matthew 23 in the DNT

Matthew 23 in the ELBE

Matthew 23 in the EMTV

Matthew 23 in the ESV

Matthew 23 in the FBV

Matthew 23 in the FEB

Matthew 23 in the GGMNT

Matthew 23 in the GNT

Matthew 23 in the HARY

Matthew 23 in the HNT

Matthew 23 in the IRVA

Matthew 23 in the IRVB

Matthew 23 in the IRVG

Matthew 23 in the IRVH

Matthew 23 in the IRVK

Matthew 23 in the IRVM

Matthew 23 in the IRVM2

Matthew 23 in the IRVO

Matthew 23 in the IRVP

Matthew 23 in the IRVT

Matthew 23 in the IRVT2

Matthew 23 in the IRVU

Matthew 23 in the ISVN

Matthew 23 in the JSNT

Matthew 23 in the KAPI

Matthew 23 in the KBT1ETNIK

Matthew 23 in the KBV

Matthew 23 in the KJV

Matthew 23 in the KNFD

Matthew 23 in the LBA

Matthew 23 in the LBLA

Matthew 23 in the LNT

Matthew 23 in the LSV

Matthew 23 in the MAAL

Matthew 23 in the MBV

Matthew 23 in the MBV2

Matthew 23 in the MHNT

Matthew 23 in the MKNFD

Matthew 23 in the MNG

Matthew 23 in the MNT

Matthew 23 in the MNT2

Matthew 23 in the MRS1T

Matthew 23 in the NAA

Matthew 23 in the NASB

Matthew 23 in the NBLA

Matthew 23 in the NBS

Matthew 23 in the NBVTP

Matthew 23 in the NET2

Matthew 23 in the NIV11

Matthew 23 in the NNT

Matthew 23 in the NNT2

Matthew 23 in the NNT3

Matthew 23 in the PDDPT

Matthew 23 in the PFNT

Matthew 23 in the RMNT

Matthew 23 in the SBIAS

Matthew 23 in the SBIBS

Matthew 23 in the SBIBS2

Matthew 23 in the SBICS

Matthew 23 in the SBIDS

Matthew 23 in the SBIGS

Matthew 23 in the SBIHS

Matthew 23 in the SBIIS

Matthew 23 in the SBIIS2

Matthew 23 in the SBIIS3

Matthew 23 in the SBIKS

Matthew 23 in the SBIKS2

Matthew 23 in the SBIMS

Matthew 23 in the SBIOS

Matthew 23 in the SBIPS

Matthew 23 in the SBISS

Matthew 23 in the SBITS

Matthew 23 in the SBITS2

Matthew 23 in the SBITS3

Matthew 23 in the SBITS4

Matthew 23 in the SBIUS

Matthew 23 in the SBIVS

Matthew 23 in the SBT

Matthew 23 in the SBT1E

Matthew 23 in the SCHL

Matthew 23 in the SNT

Matthew 23 in the SUSU

Matthew 23 in the SUSU2

Matthew 23 in the SYNO

Matthew 23 in the TBIAOTANT

Matthew 23 in the TBT1E

Matthew 23 in the TBT1E2

Matthew 23 in the TFTIP

Matthew 23 in the TFTU

Matthew 23 in the TGNTATF3T

Matthew 23 in the THAI

Matthew 23 in the TNFD

Matthew 23 in the TNT

Matthew 23 in the TNTIK

Matthew 23 in the TNTIL

Matthew 23 in the TNTIN

Matthew 23 in the TNTIP

Matthew 23 in the TNTIZ

Matthew 23 in the TOMA

Matthew 23 in the TTENT

Matthew 23 in the UBG

Matthew 23 in the UGV

Matthew 23 in the UGV2

Matthew 23 in the UGV3

Matthew 23 in the VBL

Matthew 23 in the VDCC

Matthew 23 in the YALU

Matthew 23 in the YAPE

Matthew 23 in the YBVTP

Matthew 23 in the ZBP