Matthew 7 (BEV)

1 “Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã. 2 Elebena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe eye dzidzenu si ŋudɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋudɔe woawɔ atsɔ adzidze nui na wò hã. 3 “Nu ka tae nèkpɔa ati fefe si ge ɖe nɔviwò ƒe ŋku dzi gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ya o? 4 Ale ke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefe le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 5 Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefe si le nɔviwò ƒe ŋku dzi. 6 “Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya aʋuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu eye woavuvu mi.” 7 Mibia nu eye woana mi; midi nu eye miakpɔe; miƒo ʋɔa eye woaʋui na mi. 8 Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi. 9 “Mia dometɔ kae li nenye be viaŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe anɛ? 10 Alo nenye be ebia tɔmelãe la wòatsɔ da anɛ? 11 Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la, mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa? 12 Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na ame bubuwo hã elabena esiae nye Se la kple nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya. 13 “Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me. Elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadza esi kplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. 14 Ke agbo si le xaxɛ, mɔ la hã le bie la, kplɔa amewo yina ɖe agbe me eye ame ʋe aɖewo koe kpɔa mɔ sia.” 15 “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo. 16 Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia? 17 Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ. 18 Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. 19 Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me. 20 Eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe.” 21 “Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ la ayi dziƒofiaɖuƒe la me o negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. 22 Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ ʋɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’ 23 Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnyue, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’ 24 “Ame siwo katã sea nye nyawo eye wowɔna ɖe wo dzi la le abe ame si nya nu, tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. 25 Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi. 26 “Gake ame siwo sea nye nyawo ke wometsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me. 27 Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.” 28 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta, 29 elabena efia nu wo abe ame si si tɔnyenye le ene ke menye abe woƒe sefialawo ene o.

In Other Versions

Matthew 7 in the ANGEFD

Matthew 7 in the ANTPNG2D

Matthew 7 in the AS21

Matthew 7 in the BAGH

Matthew 7 in the BBPNG

Matthew 7 in the BBT1E

Matthew 7 in the BDS

Matthew 7 in the BHAD

Matthew 7 in the BIB

Matthew 7 in the BLPT

Matthew 7 in the BNT

Matthew 7 in the BNTABOOT

Matthew 7 in the BNTLV

Matthew 7 in the BOATCB

Matthew 7 in the BOATCB2

Matthew 7 in the BOBCV

Matthew 7 in the BOCNT

Matthew 7 in the BOECS

Matthew 7 in the BOGWICC

Matthew 7 in the BOHCB

Matthew 7 in the BOHCV

Matthew 7 in the BOHLNT

Matthew 7 in the BOHNTLTAL

Matthew 7 in the BOICB

Matthew 7 in the BOILNTAP

Matthew 7 in the BOITCV

Matthew 7 in the BOKCV

Matthew 7 in the BOKCV2

Matthew 7 in the BOKHWOG

Matthew 7 in the BOKSSV

Matthew 7 in the BOLCB

Matthew 7 in the BOLCB2

Matthew 7 in the BOMCV

Matthew 7 in the BONAV

Matthew 7 in the BONCB

Matthew 7 in the BONLT

Matthew 7 in the BONUT2

Matthew 7 in the BOPLNT

Matthew 7 in the BOSCB

Matthew 7 in the BOSNC

Matthew 7 in the BOTLNT

Matthew 7 in the BOVCB

Matthew 7 in the BOYCB

Matthew 7 in the BPBB

Matthew 7 in the BPH

Matthew 7 in the BSB

Matthew 7 in the CCB

Matthew 7 in the CUV

Matthew 7 in the CUVS

Matthew 7 in the DBT

Matthew 7 in the DGDNT

Matthew 7 in the DHNT

Matthew 7 in the DNT

Matthew 7 in the ELBE

Matthew 7 in the EMTV

Matthew 7 in the ESV

Matthew 7 in the FBV

Matthew 7 in the FEB

Matthew 7 in the GGMNT

Matthew 7 in the GNT

Matthew 7 in the HARY

Matthew 7 in the HNT

Matthew 7 in the IRVA

Matthew 7 in the IRVB

Matthew 7 in the IRVG

Matthew 7 in the IRVH

Matthew 7 in the IRVK

Matthew 7 in the IRVM

Matthew 7 in the IRVM2

Matthew 7 in the IRVO

Matthew 7 in the IRVP

Matthew 7 in the IRVT

Matthew 7 in the IRVT2

Matthew 7 in the IRVU

Matthew 7 in the ISVN

Matthew 7 in the JSNT

Matthew 7 in the KAPI

Matthew 7 in the KBT1ETNIK

Matthew 7 in the KBV

Matthew 7 in the KJV

Matthew 7 in the KNFD

Matthew 7 in the LBA

Matthew 7 in the LBLA

Matthew 7 in the LNT

Matthew 7 in the LSV

Matthew 7 in the MAAL

Matthew 7 in the MBV

Matthew 7 in the MBV2

Matthew 7 in the MHNT

Matthew 7 in the MKNFD

Matthew 7 in the MNG

Matthew 7 in the MNT

Matthew 7 in the MNT2

Matthew 7 in the MRS1T

Matthew 7 in the NAA

Matthew 7 in the NASB

Matthew 7 in the NBLA

Matthew 7 in the NBS

Matthew 7 in the NBVTP

Matthew 7 in the NET2

Matthew 7 in the NIV11

Matthew 7 in the NNT

Matthew 7 in the NNT2

Matthew 7 in the NNT3

Matthew 7 in the PDDPT

Matthew 7 in the PFNT

Matthew 7 in the RMNT

Matthew 7 in the SBIAS

Matthew 7 in the SBIBS

Matthew 7 in the SBIBS2

Matthew 7 in the SBICS

Matthew 7 in the SBIDS

Matthew 7 in the SBIGS

Matthew 7 in the SBIHS

Matthew 7 in the SBIIS

Matthew 7 in the SBIIS2

Matthew 7 in the SBIIS3

Matthew 7 in the SBIKS

Matthew 7 in the SBIKS2

Matthew 7 in the SBIMS

Matthew 7 in the SBIOS

Matthew 7 in the SBIPS

Matthew 7 in the SBISS

Matthew 7 in the SBITS

Matthew 7 in the SBITS2

Matthew 7 in the SBITS3

Matthew 7 in the SBITS4

Matthew 7 in the SBIUS

Matthew 7 in the SBIVS

Matthew 7 in the SBT

Matthew 7 in the SBT1E

Matthew 7 in the SCHL

Matthew 7 in the SNT

Matthew 7 in the SUSU

Matthew 7 in the SUSU2

Matthew 7 in the SYNO

Matthew 7 in the TBIAOTANT

Matthew 7 in the TBT1E

Matthew 7 in the TBT1E2

Matthew 7 in the TFTIP

Matthew 7 in the TFTU

Matthew 7 in the TGNTATF3T

Matthew 7 in the THAI

Matthew 7 in the TNFD

Matthew 7 in the TNT

Matthew 7 in the TNTIK

Matthew 7 in the TNTIL

Matthew 7 in the TNTIN

Matthew 7 in the TNTIP

Matthew 7 in the TNTIZ

Matthew 7 in the TOMA

Matthew 7 in the TTENT

Matthew 7 in the UBG

Matthew 7 in the UGV

Matthew 7 in the UGV2

Matthew 7 in the UGV3

Matthew 7 in the VBL

Matthew 7 in the VDCC

Matthew 7 in the YALU

Matthew 7 in the YAPE

Matthew 7 in the YBVTP

Matthew 7 in the ZBP