Mark 13 (BEV)

1 Esime Yesu kple e ƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔa me gbe ma gbe la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.” 2 Yesu ɖo eŋu be, “Ekpɔ xɔ siawoa? Mele egblɔm na mi be, wole wo gbã ge gudugudu ale gbegbe be, kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.” 3 Azɔ eyi ɖanɔ anyi ɖe Amitoa dzi afi si dzeŋgɔ bali si le toa kple Yerusalem dome. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Ame siawo biae be, 4 “Nu siwo nèbe wole dzɔdzɔ ge ɖe gbedoxɔa dzi ɖe ɣekaɣie woadzɔ? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?” 5 Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi be miatra mɔ o. 6 Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye miaƒe Mesia la, eye woakplɔ mi atra mɔe. 7 Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme gake nuwuwu la meɖo haɖe o. 8 “Dukɔwo aho aʋa ɖe wo nɔewo ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo eye gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye kpɔkplɔyiɖeme na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”Yesu yi edzi be, 9 “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye woaƒo mi le ʋuƒoƒewo. Woahe mi ayi gɔvinawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta ke migblɔ nyanyui la na wo. Woahe nya ɖe mia ŋu le gɔvinawo kple fiawo ŋkume, be mienye yoyemedzelawo ta. Gake mele egblɔm na mi bena esiae nye munɔkpɔkpɔ nyuitɔ be miagblɔ nyanyui la na wo. 10 Elabena ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwu ŋkekea naɖo. 11 Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi kura le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.” 12 Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ kura ahe nɔvia de ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ viwo asi, eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu. 13 Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwua eye womagbe nu le gbɔnye o la akpɔ ɖeɖe. 14 “Nenye be miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea aƒedo’ vanɛ wòle tsitre ɖe gbedoxɔa me, afi si mele be wòanɔ o la, abe ale si nyagblɔɖila David gblɔe ene la, nɔvi nuxlẽla se egɔme. Mele egblɔm na wo be, si enumake ne àte ŋui. Ame siwo le Yudea la nasi ayi gbɛwo dzi. 15 Ame si le eƒe xɔta la naga ɖi va anyi alo age ɖe eƒe xɔme be yeatsɔ naneke o. 16 Ame si le agble me la nagatrɔ va tsɔ eƒe awu o. 17 “Le nyateƒe me la, baba na ame siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me, kple ame siwo si vi nonowo le. 18 Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi nagadze vuvɔŋli me o. 19 Elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi medzɔ kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexeame va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi magadzɔ kpɔ hã le ɣeaɖekeɣi le esia megbe o. 20 Le nyateƒe me nenye be Mawu meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, akpɔ nublanui ato ŋkekeawo ɖe eme. 21 “Nenye be ame a ɖe gblɔ na mi be, ‘Mesia lae nye esi alo eyae nye kemɛ la, migakpe kpe gɔ̃ hã dee o. 22 Elabena alakpa Mesiawo kple alakpa nyagblɔɖila geɖewo ava. Woawɔ nukunuwo fũ ale be ne woate ŋui la, woable Mawu viwo gɔ̃. 23 Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ! 24 “Le ŋkeke mawo me le xaxa gã ma megbe la, ‘ɣe ado viviti eye ɣleti hã magaɖi o. 25 Ɣletiviwo age tso dziƒo eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’ 26 “Le ɣemaɣi me la, amewo lakpɔ Amegbetɔvi la, wòava le alilĩkpowo dzi kple ŋusẽ gã kpakple ŋutikɔkɔe. 27 Adɔ mawudɔlawo ɖa be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo nuwuwu ke. 28 “Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be eƒe aŋgba fɛ̃wo ke eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la; ekema mienya enumnake be, dzomeŋɔli ɖo. 29 Eya ta ne miekpɔ be nu siwo katã megblɔ la le dzɔdzɔm la, minyae be nye vava zi evelia te tu aƒe, eye nye afɔ le miaƒe agbowo nu.” 30 Le nyateƒe me la, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o. 31 Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. 32 “Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tutu dzi nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menyae o, nye ŋutɔ gɔ̃ ha nyemenyae o, negbe Fofonye ko. 33 Esi mienya ɣeyiɣi sia o ta la minɔ ŋudzɔ aɖaba ƒoƒo ɖe sia ɖe. 34 “Nye vava zi evelia asɔ kple ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi. Hafi wòayi la ede dɔ asi na eƒe dɔwɔvi ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔgbɔ. 35 “Eya ta minɔ ŋɔdzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zã titina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o. 36 Ale be ne eva kpata la makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o. 37 Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia me be, ‘Minɔ ŋudzɔ!’ ”

In Other Versions

Mark 13 in the ANGEFD

Mark 13 in the ANTPNG2D

Mark 13 in the AS21

Mark 13 in the BAGH

Mark 13 in the BBPNG

Mark 13 in the BBT1E

Mark 13 in the BDS

Mark 13 in the BHAD

Mark 13 in the BIB

Mark 13 in the BLPT

Mark 13 in the BNT

Mark 13 in the BNTABOOT

Mark 13 in the BNTLV

Mark 13 in the BOATCB

Mark 13 in the BOATCB2

Mark 13 in the BOBCV

Mark 13 in the BOCNT

Mark 13 in the BOECS

Mark 13 in the BOGWICC

Mark 13 in the BOHCB

Mark 13 in the BOHCV

Mark 13 in the BOHLNT

Mark 13 in the BOHNTLTAL

Mark 13 in the BOICB

Mark 13 in the BOILNTAP

Mark 13 in the BOITCV

Mark 13 in the BOKCV

Mark 13 in the BOKCV2

Mark 13 in the BOKHWOG

Mark 13 in the BOKSSV

Mark 13 in the BOLCB

Mark 13 in the BOLCB2

Mark 13 in the BOMCV

Mark 13 in the BONAV

Mark 13 in the BONCB

Mark 13 in the BONLT

Mark 13 in the BONUT2

Mark 13 in the BOPLNT

Mark 13 in the BOSCB

Mark 13 in the BOSNC

Mark 13 in the BOTLNT

Mark 13 in the BOVCB

Mark 13 in the BOYCB

Mark 13 in the BPBB

Mark 13 in the BPH

Mark 13 in the BSB

Mark 13 in the CCB

Mark 13 in the CUV

Mark 13 in the CUVS

Mark 13 in the DBT

Mark 13 in the DGDNT

Mark 13 in the DHNT

Mark 13 in the DNT

Mark 13 in the ELBE

Mark 13 in the EMTV

Mark 13 in the ESV

Mark 13 in the FBV

Mark 13 in the FEB

Mark 13 in the GGMNT

Mark 13 in the GNT

Mark 13 in the HARY

Mark 13 in the HNT

Mark 13 in the IRVA

Mark 13 in the IRVB

Mark 13 in the IRVG

Mark 13 in the IRVH

Mark 13 in the IRVK

Mark 13 in the IRVM

Mark 13 in the IRVM2

Mark 13 in the IRVO

Mark 13 in the IRVP

Mark 13 in the IRVT

Mark 13 in the IRVT2

Mark 13 in the IRVU

Mark 13 in the ISVN

Mark 13 in the JSNT

Mark 13 in the KAPI

Mark 13 in the KBT1ETNIK

Mark 13 in the KBV

Mark 13 in the KJV

Mark 13 in the KNFD

Mark 13 in the LBA

Mark 13 in the LBLA

Mark 13 in the LNT

Mark 13 in the LSV

Mark 13 in the MAAL

Mark 13 in the MBV

Mark 13 in the MBV2

Mark 13 in the MHNT

Mark 13 in the MKNFD

Mark 13 in the MNG

Mark 13 in the MNT

Mark 13 in the MNT2

Mark 13 in the MRS1T

Mark 13 in the NAA

Mark 13 in the NASB

Mark 13 in the NBLA

Mark 13 in the NBS

Mark 13 in the NBVTP

Mark 13 in the NET2

Mark 13 in the NIV11

Mark 13 in the NNT

Mark 13 in the NNT2

Mark 13 in the NNT3

Mark 13 in the PDDPT

Mark 13 in the PFNT

Mark 13 in the RMNT

Mark 13 in the SBIAS

Mark 13 in the SBIBS

Mark 13 in the SBIBS2

Mark 13 in the SBICS

Mark 13 in the SBIDS

Mark 13 in the SBIGS

Mark 13 in the SBIHS

Mark 13 in the SBIIS

Mark 13 in the SBIIS2

Mark 13 in the SBIIS3

Mark 13 in the SBIKS

Mark 13 in the SBIKS2

Mark 13 in the SBIMS

Mark 13 in the SBIOS

Mark 13 in the SBIPS

Mark 13 in the SBISS

Mark 13 in the SBITS

Mark 13 in the SBITS2

Mark 13 in the SBITS3

Mark 13 in the SBITS4

Mark 13 in the SBIUS

Mark 13 in the SBIVS

Mark 13 in the SBT

Mark 13 in the SBT1E

Mark 13 in the SCHL

Mark 13 in the SNT

Mark 13 in the SUSU

Mark 13 in the SUSU2

Mark 13 in the SYNO

Mark 13 in the TBIAOTANT

Mark 13 in the TBT1E

Mark 13 in the TBT1E2

Mark 13 in the TFTIP

Mark 13 in the TFTU

Mark 13 in the TGNTATF3T

Mark 13 in the THAI

Mark 13 in the TNFD

Mark 13 in the TNT

Mark 13 in the TNTIK

Mark 13 in the TNTIL

Mark 13 in the TNTIN

Mark 13 in the TNTIP

Mark 13 in the TNTIZ

Mark 13 in the TOMA

Mark 13 in the TTENT

Mark 13 in the UBG

Mark 13 in the UGV

Mark 13 in the UGV2

Mark 13 in the UGV3

Mark 13 in the VBL

Mark 13 in the VDCC

Mark 13 in the YALU

Mark 13 in the YAPE

Mark 13 in the YBVTP

Mark 13 in the ZBP