Romans 1 (BEV)

1 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo le Roma: Agbalẽ sia tso Paulo, Yesu Kristo ƒe kluvi, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela eye wodɔe ɖa be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la, gbɔ. 2 Mawu ƒe nyagblɔɖilawo do nyanyui sia ŋugbe xoxoxo le Nubabla Xoxoa me. 3 Enye nyanyui tso Via, Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, ame si va xexeame abe amegbetɔ ene eye wodzii ɖe Fia David ƒe fiaƒomea me la ŋu. 4 Esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, wofia be eyae nye Mawu Vi ŋusẽtɔ la eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la nɔ eme. 5 Azɔ la, to Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la ele mía dɔm ɖe xexeame godoo be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexeame la na amewo katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase eye woaɖo toe. 6 Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome. 7 Ŋutifafa kple amenuveve tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã le Roma, ame siwo Mawu lɔ̃ eye wòyɔ mi be miazu ame kɔkɔewo. 8 Mina magblɔe na mi gbã be teƒe ɖe sia ɖe si meyi la, mesea amewo nɔa nu ƒom tso mia ŋu, elabena amewo le nu nyam le xexeame godo tso miaƒe xɔse ŋu. Medaa akpe na Mawu to Yesu Kristo dzi le ɖaseɖiɖi nyui sia sese ta eye megadaa akpe ɖe mia dometɔ ɖe sia ɖe ta. 9 Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo. 10 Nu siwo mebiana to gbedodoɖa me la dometɔ ɖekae nye be makpɔ mɔnu, ne Mawu lɔ̃ la, mava kpɔ mi ɖa mlɔeba la, eye ne adze edzi la, mazɔ mɔ la dedie. 11 Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖe si ado ŋusẽ mi la ana mi, 12 hekpe ɖe esia ŋu be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse. 13 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le Trɔ̃subɔlawo ƒe ha bubuwo me ene. Gake esia mete ŋu dze edzi o, 14 elabena menyi fe le ame sia ame si, ŋkuʋuʋutɔwo kple ŋkumaʋumaʋutɔwo, ame siwo wohe kple ame siwo womehe o siaa si. 15 Eya ta ne mate ŋui ko la, mele klalo be mava miawo hã gbɔ le Roma be magblɔ Mawu ƒe nyanyui la na mi. 16 Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si ŋu ŋusẽ le si dzi Mawu ato akplɔ ame siwo xɔ edzi se la ayi dziƒo. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, ke azɔ la wole ame sia ame yɔm be wòava Mawu gbɔ to mɔ ma ke dzi. 17 Nyanyui sia le gbɔgblɔm na mí be Mawu dzraa mí ɖo hena dziƒoyiyi eye wònaa míawo kple Mawu dome kɔna, ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí. Xɔsee wɔa nu sia tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu. Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame si akpɔ agbe la, akpɔe ato mawudzixɔse me.” 18 Woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖinyenye me. 19 Elabena nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu me kɔ na wo keŋ, elabena Mawu kɔ eme na wo. 20 Elabena tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔa kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o. 21 Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro eye woƒe dzi manyanu la me do viviti. 22 Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, 23 elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kpakple nutatawo tɔ ene. 24 Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. 25 Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsoe; wosubɔa eye wodea ta agu na nuwɔwɔwo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen. 26 Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la, ɖɔ li dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. 27 Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome ŋu eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔ woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me. 28 Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o. 29 Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃didi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye ameŋunyagblɔlawo, 30 ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o. 31 Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo. 32 Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenema nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.

In Other Versions

Romans 1 in the ANGEFD

Romans 1 in the ANTPNG2D

Romans 1 in the AS21

Romans 1 in the BAGH

Romans 1 in the BBPNG

Romans 1 in the BBT1E

Romans 1 in the BDS

Romans 1 in the BHAD

Romans 1 in the BIB

Romans 1 in the BLPT

Romans 1 in the BNT

Romans 1 in the BNTABOOT

Romans 1 in the BNTLV

Romans 1 in the BOATCB

Romans 1 in the BOATCB2

Romans 1 in the BOBCV

Romans 1 in the BOCNT

Romans 1 in the BOECS

Romans 1 in the BOGWICC

Romans 1 in the BOHCB

Romans 1 in the BOHCV

Romans 1 in the BOHLNT

Romans 1 in the BOHNTLTAL

Romans 1 in the BOICB

Romans 1 in the BOILNTAP

Romans 1 in the BOITCV

Romans 1 in the BOKCV

Romans 1 in the BOKCV2

Romans 1 in the BOKHWOG

Romans 1 in the BOKSSV

Romans 1 in the BOLCB

Romans 1 in the BOLCB2

Romans 1 in the BOMCV

Romans 1 in the BONAV

Romans 1 in the BONCB

Romans 1 in the BONLT

Romans 1 in the BONUT2

Romans 1 in the BOPLNT

Romans 1 in the BOSCB

Romans 1 in the BOSNC

Romans 1 in the BOTLNT

Romans 1 in the BOVCB

Romans 1 in the BOYCB

Romans 1 in the BPBB

Romans 1 in the BPH

Romans 1 in the BSB

Romans 1 in the CCB

Romans 1 in the CUV

Romans 1 in the CUVS

Romans 1 in the DBT

Romans 1 in the DGDNT

Romans 1 in the DHNT

Romans 1 in the DNT

Romans 1 in the ELBE

Romans 1 in the EMTV

Romans 1 in the ESV

Romans 1 in the FBV

Romans 1 in the FEB

Romans 1 in the GGMNT

Romans 1 in the GNT

Romans 1 in the HARY

Romans 1 in the HNT

Romans 1 in the IRVA

Romans 1 in the IRVB

Romans 1 in the IRVG

Romans 1 in the IRVH

Romans 1 in the IRVK

Romans 1 in the IRVM

Romans 1 in the IRVM2

Romans 1 in the IRVO

Romans 1 in the IRVP

Romans 1 in the IRVT

Romans 1 in the IRVT2

Romans 1 in the IRVU

Romans 1 in the ISVN

Romans 1 in the JSNT

Romans 1 in the KAPI

Romans 1 in the KBT1ETNIK

Romans 1 in the KBV

Romans 1 in the KJV

Romans 1 in the KNFD

Romans 1 in the LBA

Romans 1 in the LBLA

Romans 1 in the LNT

Romans 1 in the LSV

Romans 1 in the MAAL

Romans 1 in the MBV

Romans 1 in the MBV2

Romans 1 in the MHNT

Romans 1 in the MKNFD

Romans 1 in the MNG

Romans 1 in the MNT

Romans 1 in the MNT2

Romans 1 in the MRS1T

Romans 1 in the NAA

Romans 1 in the NASB

Romans 1 in the NBLA

Romans 1 in the NBS

Romans 1 in the NBVTP

Romans 1 in the NET2

Romans 1 in the NIV11

Romans 1 in the NNT

Romans 1 in the NNT2

Romans 1 in the NNT3

Romans 1 in the PDDPT

Romans 1 in the PFNT

Romans 1 in the RMNT

Romans 1 in the SBIAS

Romans 1 in the SBIBS

Romans 1 in the SBIBS2

Romans 1 in the SBICS

Romans 1 in the SBIDS

Romans 1 in the SBIGS

Romans 1 in the SBIHS

Romans 1 in the SBIIS

Romans 1 in the SBIIS2

Romans 1 in the SBIIS3

Romans 1 in the SBIKS

Romans 1 in the SBIKS2

Romans 1 in the SBIMS

Romans 1 in the SBIOS

Romans 1 in the SBIPS

Romans 1 in the SBISS

Romans 1 in the SBITS

Romans 1 in the SBITS2

Romans 1 in the SBITS3

Romans 1 in the SBITS4

Romans 1 in the SBIUS

Romans 1 in the SBIVS

Romans 1 in the SBT

Romans 1 in the SBT1E

Romans 1 in the SCHL

Romans 1 in the SNT

Romans 1 in the SUSU

Romans 1 in the SUSU2

Romans 1 in the SYNO

Romans 1 in the TBIAOTANT

Romans 1 in the TBT1E

Romans 1 in the TBT1E2

Romans 1 in the TFTIP

Romans 1 in the TFTU

Romans 1 in the TGNTATF3T

Romans 1 in the THAI

Romans 1 in the TNFD

Romans 1 in the TNT

Romans 1 in the TNTIK

Romans 1 in the TNTIL

Romans 1 in the TNTIN

Romans 1 in the TNTIP

Romans 1 in the TNTIZ

Romans 1 in the TOMA

Romans 1 in the TTENT

Romans 1 in the UBG

Romans 1 in the UGV

Romans 1 in the UGV2

Romans 1 in the UGV3

Romans 1 in the VBL

Romans 1 in the VDCC

Romans 1 in the YALU

Romans 1 in the YAPE

Romans 1 in the YBVTP

Romans 1 in the ZBP