Romans 1 (BOECS)

1 Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la. 2 Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, 3 tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu. 4 To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme. 5 Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe. 6 Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome. 7 Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã. 8 Gbã la, medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena amewo le ɖase ɖim le xexea me godoo tso miaƒe xɔse ŋu. 9 Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo. 10 Medoa gbe ɖa na Mawu be makpɔ mɔnu, ne Mawu lɔ̃ la, be mava mia gbɔ mlɔeba. 11 Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi, 12 ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse. 13 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o. 14 Enye nye dɔdeasi be magblɔ nyanyui la na Grikitɔwo kple ame siwo menye Grikitɔwo o la, na nunyalawo kple bometsilawo siaa. 15 Eya ta medi vevie be magblɔ nyanyui la na mi ame siwo le Roma hã. 16 Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã. 17 Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.” 18 Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi me. 19 Elabena woɖe nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu la me na wo keŋ. 20 Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o. 21 Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti. 22 Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, 23 elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kple nutatawo tɔ ene. 24 Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. 25 Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen. 26 Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. 27 Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me. 28 Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o. 29 Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye amenyagblɔlawo, 30 ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o. 31 Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo. 32 Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.

In Other Versions

Romans 1 in the ANGEFD

Romans 1 in the ANTPNG2D

Romans 1 in the AS21

Romans 1 in the BAGH

Romans 1 in the BBPNG

Romans 1 in the BBT1E

Romans 1 in the BDS

Romans 1 in the BEV

Romans 1 in the BHAD

Romans 1 in the BIB

Romans 1 in the BLPT

Romans 1 in the BNT

Romans 1 in the BNTABOOT

Romans 1 in the BNTLV

Romans 1 in the BOATCB

Romans 1 in the BOATCB2

Romans 1 in the BOBCV

Romans 1 in the BOCNT

Romans 1 in the BOGWICC

Romans 1 in the BOHCB

Romans 1 in the BOHCV

Romans 1 in the BOHLNT

Romans 1 in the BOHNTLTAL

Romans 1 in the BOICB

Romans 1 in the BOILNTAP

Romans 1 in the BOITCV

Romans 1 in the BOKCV

Romans 1 in the BOKCV2

Romans 1 in the BOKHWOG

Romans 1 in the BOKSSV

Romans 1 in the BOLCB

Romans 1 in the BOLCB2

Romans 1 in the BOMCV

Romans 1 in the BONAV

Romans 1 in the BONCB

Romans 1 in the BONLT

Romans 1 in the BONUT2

Romans 1 in the BOPLNT

Romans 1 in the BOSCB

Romans 1 in the BOSNC

Romans 1 in the BOTLNT

Romans 1 in the BOVCB

Romans 1 in the BOYCB

Romans 1 in the BPBB

Romans 1 in the BPH

Romans 1 in the BSB

Romans 1 in the CCB

Romans 1 in the CUV

Romans 1 in the CUVS

Romans 1 in the DBT

Romans 1 in the DGDNT

Romans 1 in the DHNT

Romans 1 in the DNT

Romans 1 in the ELBE

Romans 1 in the EMTV

Romans 1 in the ESV

Romans 1 in the FBV

Romans 1 in the FEB

Romans 1 in the GGMNT

Romans 1 in the GNT

Romans 1 in the HARY

Romans 1 in the HNT

Romans 1 in the IRVA

Romans 1 in the IRVB

Romans 1 in the IRVG

Romans 1 in the IRVH

Romans 1 in the IRVK

Romans 1 in the IRVM

Romans 1 in the IRVM2

Romans 1 in the IRVO

Romans 1 in the IRVP

Romans 1 in the IRVT

Romans 1 in the IRVT2

Romans 1 in the IRVU

Romans 1 in the ISVN

Romans 1 in the JSNT

Romans 1 in the KAPI

Romans 1 in the KBT1ETNIK

Romans 1 in the KBV

Romans 1 in the KJV

Romans 1 in the KNFD

Romans 1 in the LBA

Romans 1 in the LBLA

Romans 1 in the LNT

Romans 1 in the LSV

Romans 1 in the MAAL

Romans 1 in the MBV

Romans 1 in the MBV2

Romans 1 in the MHNT

Romans 1 in the MKNFD

Romans 1 in the MNG

Romans 1 in the MNT

Romans 1 in the MNT2

Romans 1 in the MRS1T

Romans 1 in the NAA

Romans 1 in the NASB

Romans 1 in the NBLA

Romans 1 in the NBS

Romans 1 in the NBVTP

Romans 1 in the NET2

Romans 1 in the NIV11

Romans 1 in the NNT

Romans 1 in the NNT2

Romans 1 in the NNT3

Romans 1 in the PDDPT

Romans 1 in the PFNT

Romans 1 in the RMNT

Romans 1 in the SBIAS

Romans 1 in the SBIBS

Romans 1 in the SBIBS2

Romans 1 in the SBICS

Romans 1 in the SBIDS

Romans 1 in the SBIGS

Romans 1 in the SBIHS

Romans 1 in the SBIIS

Romans 1 in the SBIIS2

Romans 1 in the SBIIS3

Romans 1 in the SBIKS

Romans 1 in the SBIKS2

Romans 1 in the SBIMS

Romans 1 in the SBIOS

Romans 1 in the SBIPS

Romans 1 in the SBISS

Romans 1 in the SBITS

Romans 1 in the SBITS2

Romans 1 in the SBITS3

Romans 1 in the SBITS4

Romans 1 in the SBIUS

Romans 1 in the SBIVS

Romans 1 in the SBT

Romans 1 in the SBT1E

Romans 1 in the SCHL

Romans 1 in the SNT

Romans 1 in the SUSU

Romans 1 in the SUSU2

Romans 1 in the SYNO

Romans 1 in the TBIAOTANT

Romans 1 in the TBT1E

Romans 1 in the TBT1E2

Romans 1 in the TFTIP

Romans 1 in the TFTU

Romans 1 in the TGNTATF3T

Romans 1 in the THAI

Romans 1 in the TNFD

Romans 1 in the TNT

Romans 1 in the TNTIK

Romans 1 in the TNTIL

Romans 1 in the TNTIN

Romans 1 in the TNTIP

Romans 1 in the TNTIZ

Romans 1 in the TOMA

Romans 1 in the TTENT

Romans 1 in the UBG

Romans 1 in the UGV

Romans 1 in the UGV2

Romans 1 in the UGV3

Romans 1 in the VBL

Romans 1 in the VDCC

Romans 1 in the YALU

Romans 1 in the YAPE

Romans 1 in the YBVTP

Romans 1 in the ZBP