Romans 16 (BEV)

1 Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hame me la kafum na mi. 2 Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋu. 3 Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me. 4 Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o. Ame siwo katã le Trɔ̃subɔla siwo zu kristotɔwo ƒe hamewo me la hã le akpe dam na wo. 5 Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam. Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto, hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu kristotɔ le Asia. 6 Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la, nam. 7 Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye nye ƒometɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim. Apostoloawo bua wo eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam. 8 Mido gbe na Ampliato, ame si melɔ̃na abe Mawu ŋutɔ viwo dometɔ ɖeka ene 9 kple Urbano, míaƒe hadɔwɔla kpakple Stakis nam. 10 Apeles, ame nyui si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze le la hã li. Mido gbe nɛ nam. Mitsɔ nye gbedoname nyuitɔ na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒeme. 11 Medo gbe na nye ƒometɔ Herodion kple kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒeme, 12 kple Trifena kpakple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo kple Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la. 13 Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene. 14 Mido gbe na Asinkrito, Flego, Herme, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le gbɔ. 15 Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvianyɔnu kple Olimpa kpakple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo. 16 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam. Hame siwo katã le afi sia la do gbe na mi katã. 17 Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, naa amewo ƒe xɔse trana eye wofiaa nu siwo tsi tre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o. 18 Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu. 19 Ke ame sia ame nya be miawo ya la mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ gã nam. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣesiaɣi eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me. 20 Esusɔ vie Ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi. 21 Timoteo, nye hadɔwɔla, kple Lukio, Yasom kple Sosipatro, nye ƒometɔwo do gbe na mi. 22 Nye Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm na Paulo la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene. 23 Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒeme. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe, do gbe na mi. 24 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. 25 Azɔ ame si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke. 26 Ke azɔ la abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase eye woaɖo to eya amea. 27 Mawu ame si ɖeka koe nye nunyatɔ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

In Other Versions

Romans 16 in the ANGEFD

Romans 16 in the ANTPNG2D

Romans 16 in the AS21

Romans 16 in the BAGH

Romans 16 in the BBPNG

Romans 16 in the BBT1E

Romans 16 in the BDS

Romans 16 in the BHAD

Romans 16 in the BIB

Romans 16 in the BLPT

Romans 16 in the BNT

Romans 16 in the BNTABOOT

Romans 16 in the BNTLV

Romans 16 in the BOATCB

Romans 16 in the BOATCB2

Romans 16 in the BOBCV

Romans 16 in the BOCNT

Romans 16 in the BOECS

Romans 16 in the BOGWICC

Romans 16 in the BOHCB

Romans 16 in the BOHCV

Romans 16 in the BOHLNT

Romans 16 in the BOHNTLTAL

Romans 16 in the BOICB

Romans 16 in the BOILNTAP

Romans 16 in the BOITCV

Romans 16 in the BOKCV

Romans 16 in the BOKCV2

Romans 16 in the BOKHWOG

Romans 16 in the BOKSSV

Romans 16 in the BOLCB

Romans 16 in the BOLCB2

Romans 16 in the BOMCV

Romans 16 in the BONAV

Romans 16 in the BONCB

Romans 16 in the BONLT

Romans 16 in the BONUT2

Romans 16 in the BOPLNT

Romans 16 in the BOSCB

Romans 16 in the BOSNC

Romans 16 in the BOTLNT

Romans 16 in the BOVCB

Romans 16 in the BOYCB

Romans 16 in the BPBB

Romans 16 in the BPH

Romans 16 in the BSB

Romans 16 in the CCB

Romans 16 in the CUV

Romans 16 in the CUVS

Romans 16 in the DBT

Romans 16 in the DGDNT

Romans 16 in the DHNT

Romans 16 in the DNT

Romans 16 in the ELBE

Romans 16 in the EMTV

Romans 16 in the ESV

Romans 16 in the FBV

Romans 16 in the FEB

Romans 16 in the GGMNT

Romans 16 in the GNT

Romans 16 in the HARY

Romans 16 in the HNT

Romans 16 in the IRVA

Romans 16 in the IRVB

Romans 16 in the IRVG

Romans 16 in the IRVH

Romans 16 in the IRVK

Romans 16 in the IRVM

Romans 16 in the IRVM2

Romans 16 in the IRVO

Romans 16 in the IRVP

Romans 16 in the IRVT

Romans 16 in the IRVT2

Romans 16 in the IRVU

Romans 16 in the ISVN

Romans 16 in the JSNT

Romans 16 in the KAPI

Romans 16 in the KBT1ETNIK

Romans 16 in the KBV

Romans 16 in the KJV

Romans 16 in the KNFD

Romans 16 in the LBA

Romans 16 in the LBLA

Romans 16 in the LNT

Romans 16 in the LSV

Romans 16 in the MAAL

Romans 16 in the MBV

Romans 16 in the MBV2

Romans 16 in the MHNT

Romans 16 in the MKNFD

Romans 16 in the MNG

Romans 16 in the MNT

Romans 16 in the MNT2

Romans 16 in the MRS1T

Romans 16 in the NAA

Romans 16 in the NASB

Romans 16 in the NBLA

Romans 16 in the NBS

Romans 16 in the NBVTP

Romans 16 in the NET2

Romans 16 in the NIV11

Romans 16 in the NNT

Romans 16 in the NNT2

Romans 16 in the NNT3

Romans 16 in the PDDPT

Romans 16 in the PFNT

Romans 16 in the RMNT

Romans 16 in the SBIAS

Romans 16 in the SBIBS

Romans 16 in the SBIBS2

Romans 16 in the SBICS

Romans 16 in the SBIDS

Romans 16 in the SBIGS

Romans 16 in the SBIHS

Romans 16 in the SBIIS

Romans 16 in the SBIIS2

Romans 16 in the SBIIS3

Romans 16 in the SBIKS

Romans 16 in the SBIKS2

Romans 16 in the SBIMS

Romans 16 in the SBIOS

Romans 16 in the SBIPS

Romans 16 in the SBISS

Romans 16 in the SBITS

Romans 16 in the SBITS2

Romans 16 in the SBITS3

Romans 16 in the SBITS4

Romans 16 in the SBIUS

Romans 16 in the SBIVS

Romans 16 in the SBT

Romans 16 in the SBT1E

Romans 16 in the SCHL

Romans 16 in the SNT

Romans 16 in the SUSU

Romans 16 in the SUSU2

Romans 16 in the SYNO

Romans 16 in the TBIAOTANT

Romans 16 in the TBT1E

Romans 16 in the TBT1E2

Romans 16 in the TFTIP

Romans 16 in the TFTU

Romans 16 in the TGNTATF3T

Romans 16 in the THAI

Romans 16 in the TNFD

Romans 16 in the TNT

Romans 16 in the TNTIK

Romans 16 in the TNTIL

Romans 16 in the TNTIN

Romans 16 in the TNTIP

Romans 16 in the TNTIZ

Romans 16 in the TOMA

Romans 16 in the TTENT

Romans 16 in the UBG

Romans 16 in the UGV

Romans 16 in the UGV2

Romans 16 in the UGV3

Romans 16 in the VBL

Romans 16 in the VDCC

Romans 16 in the YALU

Romans 16 in the YAPE

Romans 16 in the YBVTP

Romans 16 in the ZBP