1 Corinthians 15 (BOECS)

1 Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔse la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi. 2 Nyanyui sia ke dzie mieto kpɔ ɖeɖe, ne mielé nya si megblɔ na mi la me ɖe asi sesĩe ko. Ne menye nenema o la, ekema miaƒe xɔse la nye dzodzro. 3 Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene. 4 Woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene. 5 Eɖe eɖokui fia Kefa gbã, eye emegbe ame wuieveawo dometɔ bubuawo hã kpɔe. 6 Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe, ke ɖewo hã ku. 7 Yakobo kpɔe, eye emegbe la, apostoloawo katã kpɔe. 8 Nyee nye ame mamlɛtɔ si kpɔe; nye ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o ene ɖe ame bubuawo katã yome abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene. 9 Elabena nyee nye apostoloawo katã dometɔ suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o. 10 Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram. 11 Nenye nyee alo woawoe wɔ dɔ sesĩe wu hã la, vovototo aɖeke mele eme o. Nu vevitɔe nye be míegblɔ nyanyui la na mi eye miexɔe se. 12 Ke ne woɖe gbeƒã be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome la, aleke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o mahã? 13 Elabena ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi meli o la, ekema womefɔ Kristo hã ɖe tsitre o. 14 Eye ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema viɖe aɖeke mele míaƒe mawunyagbɔgblɔ me o, eye míaƒe Mawudzixɔse nye nu gbɔlo kple nu dzodzro kple nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, 15 eye wogakpɔa mí hã abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo ene, elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me. 16 Nenye be ame kukuwo metsia tsitre o la, ekema Kristo ganye ame kuku kokoko. 17 Ke ne Kristo metsi tsitre o la, míaƒe xɔse nye dzodzro, eye míegale míaƒe nu vɔ̃wo me. 18 Ne ele nenema la, ekema kristotɔ siwo katã ku la bu, 19 eye ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖe ko la, ekema míenye nublanuitɔ gãtɔwo wu amewo katã. 20 Ke nyateƒe lae nye be Kristo tsi tsitre tso ame kukuwo dome vavã eye wòzu gbãtɔ na ame akpeakpe siwo ava tsi tsitre gbe ɖeka. 21 Ku va xexea me le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ. 22 Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me. 23 Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe. 24 Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia ɖe kple fiaɖuƒe kpakple ŋusẽ ƒomevi ɖe sia ɖe dzi. Nuwuwu la ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la. 25 Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi, 26 eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ si nye ku gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi, eye woaɖee ɖa, 27 elabena Fofo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi na Kristo, ke Kristo meɖu Fofo la ŋutɔ, ame si tsɔ ŋusẽ sia nɛ be wòaɖu dzi la ya dzi o. 28 Ne Kristo ɖu dzi le aʋa si wɔm wòle kple eƒe futɔwo katã me mlɔeba la, ekema eya, Mawu ƒe Vi la, atsɔ eya ŋutɔ hã ade Fofoa ƒe ɖoɖowo te, ale be Mawu, ame si na dziɖuɖui ɖe nu bubu ɖe sia ɖe dzi la azu tatɔ alo dziɖula gãtɔ. 29 Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidede ta na amewo ɖe ame kukuwo nu me? Nu ka ta wòle be miawɔe ne miexɔe se be ame kukuwo magatsi tsitre o? 30 Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asi me ɣe sia ɣi? 31 Enye nyateƒe be menɔa ku ƒe asi me gbe sia gbe. Esia nye nyateƒe abe ale si medana le miaƒe tsitsi le Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la me la ta ene. 32 Nenye ame ƒe susu nue mewɔ avu kple lã wɔadã mawo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la,“Ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ,elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.” 33 Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo. 34 Miwɔ susu ŋu dɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Mia dometɔ aɖewo menya Mawu o, mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi. 35 Ke ame aɖe abia be, “Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Ŋutilã ka tɔgbie anɔ wo si?” 36 Biabia sia nye abunɛtɔwo ƒe biabia! Ne mietsɔ nuku aɖe de to me la, metsina zua ati o negbe ɖeko “wòaku” gbã hafi. 37 Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tso nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede to me la nye bliku sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã. 38 Emegbe la, Mawu naa dzedzeme nyui yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tso nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me. 39 Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo. 40 Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigbadzitɔ gbɔ. Nenema ke woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe. 41 Ŋutikɔkɔe aɖe ƒomevi le ɣe si, eye ŋutikɔkɔe ƒomevi bubu le ɣleti kple ɣletiviwo hã si eye ɣletiviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyonyo kple keklẽ me. 42 Nenema ke míaƒe anyigbadziŋutilã siwo kuna, eye wonyunyɔna la to vovo tso ŋutilã siwo anɔ mía si ne míetsi tsitre la gbɔ, elabena woawo ya magaku gbeɖe o. 43 Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ, eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ɛ̃, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna, eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũu. 44 Wonye dzɔdzɔmeŋutilãwo ko le ku me, ke ne míeva tsi tsitre la, woanye gbɔgbɔmeŋutilãwo elabena abe ale si amegbetɔwo ƒe ŋutilã dzɔdzɔmetɔwo li ene la, nenema ke ŋutilã siwo nye gbɔgbɔmetɔwo hã li. 45 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe. 46 Ale menye gbɔgbɔmetɔe nye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae. Eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va. 47 Ame gbãtɔ si tso anyigba me la nye anyi, ame evelia nye Aƒetɔ si tso dziƒo. 48 Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me, ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la anɔ wo si. 49 Abe ale si anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mía ŋu la, nenema kee dziƒotɔa ƒe nɔnɔme anɔ mía si gbe ɖeka. 50 Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o. 51 Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã. 52 Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake. 53 Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia, eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee. 54 Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.” 55 O, ku, afi ka wò dziɖuɖu la le?O, ku afi ka wò ti la le? 56 Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la. 57 Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi! 58 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.

In Other Versions

1 Corinthians 15 in the ANGEFD

1 Corinthians 15 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 15 in the AS21

1 Corinthians 15 in the BAGH

1 Corinthians 15 in the BBPNG

1 Corinthians 15 in the BBT1E

1 Corinthians 15 in the BDS

1 Corinthians 15 in the BEV

1 Corinthians 15 in the BHAD

1 Corinthians 15 in the BIB

1 Corinthians 15 in the BLPT

1 Corinthians 15 in the BNT

1 Corinthians 15 in the BNTABOOT

1 Corinthians 15 in the BNTLV

1 Corinthians 15 in the BOATCB

1 Corinthians 15 in the BOATCB2

1 Corinthians 15 in the BOBCV

1 Corinthians 15 in the BOCNT

1 Corinthians 15 in the BOGWICC

1 Corinthians 15 in the BOHCB

1 Corinthians 15 in the BOHCV

1 Corinthians 15 in the BOHLNT

1 Corinthians 15 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 15 in the BOICB

1 Corinthians 15 in the BOILNTAP

1 Corinthians 15 in the BOITCV

1 Corinthians 15 in the BOKCV

1 Corinthians 15 in the BOKCV2

1 Corinthians 15 in the BOKHWOG

1 Corinthians 15 in the BOKSSV

1 Corinthians 15 in the BOLCB

1 Corinthians 15 in the BOLCB2

1 Corinthians 15 in the BOMCV

1 Corinthians 15 in the BONAV

1 Corinthians 15 in the BONCB

1 Corinthians 15 in the BONLT

1 Corinthians 15 in the BONUT2

1 Corinthians 15 in the BOPLNT

1 Corinthians 15 in the BOSCB

1 Corinthians 15 in the BOSNC

1 Corinthians 15 in the BOTLNT

1 Corinthians 15 in the BOVCB

1 Corinthians 15 in the BOYCB

1 Corinthians 15 in the BPBB

1 Corinthians 15 in the BPH

1 Corinthians 15 in the BSB

1 Corinthians 15 in the CCB

1 Corinthians 15 in the CUV

1 Corinthians 15 in the CUVS

1 Corinthians 15 in the DBT

1 Corinthians 15 in the DGDNT

1 Corinthians 15 in the DHNT

1 Corinthians 15 in the DNT

1 Corinthians 15 in the ELBE

1 Corinthians 15 in the EMTV

1 Corinthians 15 in the ESV

1 Corinthians 15 in the FBV

1 Corinthians 15 in the FEB

1 Corinthians 15 in the GGMNT

1 Corinthians 15 in the GNT

1 Corinthians 15 in the HARY

1 Corinthians 15 in the HNT

1 Corinthians 15 in the IRVA

1 Corinthians 15 in the IRVB

1 Corinthians 15 in the IRVG

1 Corinthians 15 in the IRVH

1 Corinthians 15 in the IRVK

1 Corinthians 15 in the IRVM

1 Corinthians 15 in the IRVM2

1 Corinthians 15 in the IRVO

1 Corinthians 15 in the IRVP

1 Corinthians 15 in the IRVT

1 Corinthians 15 in the IRVT2

1 Corinthians 15 in the IRVU

1 Corinthians 15 in the ISVN

1 Corinthians 15 in the JSNT

1 Corinthians 15 in the KAPI

1 Corinthians 15 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 15 in the KBV

1 Corinthians 15 in the KJV

1 Corinthians 15 in the KNFD

1 Corinthians 15 in the LBA

1 Corinthians 15 in the LBLA

1 Corinthians 15 in the LNT

1 Corinthians 15 in the LSV

1 Corinthians 15 in the MAAL

1 Corinthians 15 in the MBV

1 Corinthians 15 in the MBV2

1 Corinthians 15 in the MHNT

1 Corinthians 15 in the MKNFD

1 Corinthians 15 in the MNG

1 Corinthians 15 in the MNT

1 Corinthians 15 in the MNT2

1 Corinthians 15 in the MRS1T

1 Corinthians 15 in the NAA

1 Corinthians 15 in the NASB

1 Corinthians 15 in the NBLA

1 Corinthians 15 in the NBS

1 Corinthians 15 in the NBVTP

1 Corinthians 15 in the NET2

1 Corinthians 15 in the NIV11

1 Corinthians 15 in the NNT

1 Corinthians 15 in the NNT2

1 Corinthians 15 in the NNT3

1 Corinthians 15 in the PDDPT

1 Corinthians 15 in the PFNT

1 Corinthians 15 in the RMNT

1 Corinthians 15 in the SBIAS

1 Corinthians 15 in the SBIBS

1 Corinthians 15 in the SBIBS2

1 Corinthians 15 in the SBICS

1 Corinthians 15 in the SBIDS

1 Corinthians 15 in the SBIGS

1 Corinthians 15 in the SBIHS

1 Corinthians 15 in the SBIIS

1 Corinthians 15 in the SBIIS2

1 Corinthians 15 in the SBIIS3

1 Corinthians 15 in the SBIKS

1 Corinthians 15 in the SBIKS2

1 Corinthians 15 in the SBIMS

1 Corinthians 15 in the SBIOS

1 Corinthians 15 in the SBIPS

1 Corinthians 15 in the SBISS

1 Corinthians 15 in the SBITS

1 Corinthians 15 in the SBITS2

1 Corinthians 15 in the SBITS3

1 Corinthians 15 in the SBITS4

1 Corinthians 15 in the SBIUS

1 Corinthians 15 in the SBIVS

1 Corinthians 15 in the SBT

1 Corinthians 15 in the SBT1E

1 Corinthians 15 in the SCHL

1 Corinthians 15 in the SNT

1 Corinthians 15 in the SUSU

1 Corinthians 15 in the SUSU2

1 Corinthians 15 in the SYNO

1 Corinthians 15 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 15 in the TBT1E

1 Corinthians 15 in the TBT1E2

1 Corinthians 15 in the TFTIP

1 Corinthians 15 in the TFTU

1 Corinthians 15 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 15 in the THAI

1 Corinthians 15 in the TNFD

1 Corinthians 15 in the TNT

1 Corinthians 15 in the TNTIK

1 Corinthians 15 in the TNTIL

1 Corinthians 15 in the TNTIN

1 Corinthians 15 in the TNTIP

1 Corinthians 15 in the TNTIZ

1 Corinthians 15 in the TOMA

1 Corinthians 15 in the TTENT

1 Corinthians 15 in the UBG

1 Corinthians 15 in the UGV

1 Corinthians 15 in the UGV2

1 Corinthians 15 in the UGV3

1 Corinthians 15 in the VBL

1 Corinthians 15 in the VDCC

1 Corinthians 15 in the YALU

1 Corinthians 15 in the YAPE

1 Corinthians 15 in the YBVTP

1 Corinthians 15 in the ZBP