1 Corinthians 6 (BOECS)

1 Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be ame siwo mevɔa Mawu o la nadrɔ̃ na mi, esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ? 2 Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexea me blibo dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexea me tɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya suewo ɖo le mia nɔewo dome o? 3 Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye ge oa? 4 Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na dzimaxɔsetɔwo be woadrɔ̃ na mi? 5 Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa? 6 Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ nakplɔ nɔvia kristotɔ ayi ʋɔnu le dzimaxɔsetɔwo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ? 7 Ale si mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dzaa fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o? 8 Ewɔ nublanui ŋutɔ be miawo boŋue le nu vlowo wɔm. Miele amebaba dzi ɣe sia ɣi, eye esi gavlo wue nye be miewɔa nu siawo ɖe mia nɔvi kristotɔwo kekeake hã ŋu. 9 Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo, trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo, 10 fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. 11 Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo. 12 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa” ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o. 13 Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me. 14 Gbe ɖeka la, Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòtsɔ eƒe ŋusẽ fɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene. 15 Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o! 16 Ɖe mienya be ame si de ha kple ahasitɔ aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, “Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.” 17 Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me. 18 Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu. 19 Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o, 20 elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.

In Other Versions

1 Corinthians 6 in the ANGEFD

1 Corinthians 6 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 6 in the AS21

1 Corinthians 6 in the BAGH

1 Corinthians 6 in the BBPNG

1 Corinthians 6 in the BBT1E

1 Corinthians 6 in the BDS

1 Corinthians 6 in the BEV

1 Corinthians 6 in the BHAD

1 Corinthians 6 in the BIB

1 Corinthians 6 in the BLPT

1 Corinthians 6 in the BNT

1 Corinthians 6 in the BNTABOOT

1 Corinthians 6 in the BNTLV

1 Corinthians 6 in the BOATCB

1 Corinthians 6 in the BOATCB2

1 Corinthians 6 in the BOBCV

1 Corinthians 6 in the BOCNT

1 Corinthians 6 in the BOGWICC

1 Corinthians 6 in the BOHCB

1 Corinthians 6 in the BOHCV

1 Corinthians 6 in the BOHLNT

1 Corinthians 6 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 6 in the BOICB

1 Corinthians 6 in the BOILNTAP

1 Corinthians 6 in the BOITCV

1 Corinthians 6 in the BOKCV

1 Corinthians 6 in the BOKCV2

1 Corinthians 6 in the BOKHWOG

1 Corinthians 6 in the BOKSSV

1 Corinthians 6 in the BOLCB

1 Corinthians 6 in the BOLCB2

1 Corinthians 6 in the BOMCV

1 Corinthians 6 in the BONAV

1 Corinthians 6 in the BONCB

1 Corinthians 6 in the BONLT

1 Corinthians 6 in the BONUT2

1 Corinthians 6 in the BOPLNT

1 Corinthians 6 in the BOSCB

1 Corinthians 6 in the BOSNC

1 Corinthians 6 in the BOTLNT

1 Corinthians 6 in the BOVCB

1 Corinthians 6 in the BOYCB

1 Corinthians 6 in the BPBB

1 Corinthians 6 in the BPH

1 Corinthians 6 in the BSB

1 Corinthians 6 in the CCB

1 Corinthians 6 in the CUV

1 Corinthians 6 in the CUVS

1 Corinthians 6 in the DBT

1 Corinthians 6 in the DGDNT

1 Corinthians 6 in the DHNT

1 Corinthians 6 in the DNT

1 Corinthians 6 in the ELBE

1 Corinthians 6 in the EMTV

1 Corinthians 6 in the ESV

1 Corinthians 6 in the FBV

1 Corinthians 6 in the FEB

1 Corinthians 6 in the GGMNT

1 Corinthians 6 in the GNT

1 Corinthians 6 in the HARY

1 Corinthians 6 in the HNT

1 Corinthians 6 in the IRVA

1 Corinthians 6 in the IRVB

1 Corinthians 6 in the IRVG

1 Corinthians 6 in the IRVH

1 Corinthians 6 in the IRVK

1 Corinthians 6 in the IRVM

1 Corinthians 6 in the IRVM2

1 Corinthians 6 in the IRVO

1 Corinthians 6 in the IRVP

1 Corinthians 6 in the IRVT

1 Corinthians 6 in the IRVT2

1 Corinthians 6 in the IRVU

1 Corinthians 6 in the ISVN

1 Corinthians 6 in the JSNT

1 Corinthians 6 in the KAPI

1 Corinthians 6 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 6 in the KBV

1 Corinthians 6 in the KJV

1 Corinthians 6 in the KNFD

1 Corinthians 6 in the LBA

1 Corinthians 6 in the LBLA

1 Corinthians 6 in the LNT

1 Corinthians 6 in the LSV

1 Corinthians 6 in the MAAL

1 Corinthians 6 in the MBV

1 Corinthians 6 in the MBV2

1 Corinthians 6 in the MHNT

1 Corinthians 6 in the MKNFD

1 Corinthians 6 in the MNG

1 Corinthians 6 in the MNT

1 Corinthians 6 in the MNT2

1 Corinthians 6 in the MRS1T

1 Corinthians 6 in the NAA

1 Corinthians 6 in the NASB

1 Corinthians 6 in the NBLA

1 Corinthians 6 in the NBS

1 Corinthians 6 in the NBVTP

1 Corinthians 6 in the NET2

1 Corinthians 6 in the NIV11

1 Corinthians 6 in the NNT

1 Corinthians 6 in the NNT2

1 Corinthians 6 in the NNT3

1 Corinthians 6 in the PDDPT

1 Corinthians 6 in the PFNT

1 Corinthians 6 in the RMNT

1 Corinthians 6 in the SBIAS

1 Corinthians 6 in the SBIBS

1 Corinthians 6 in the SBIBS2

1 Corinthians 6 in the SBICS

1 Corinthians 6 in the SBIDS

1 Corinthians 6 in the SBIGS

1 Corinthians 6 in the SBIHS

1 Corinthians 6 in the SBIIS

1 Corinthians 6 in the SBIIS2

1 Corinthians 6 in the SBIIS3

1 Corinthians 6 in the SBIKS

1 Corinthians 6 in the SBIKS2

1 Corinthians 6 in the SBIMS

1 Corinthians 6 in the SBIOS

1 Corinthians 6 in the SBIPS

1 Corinthians 6 in the SBISS

1 Corinthians 6 in the SBITS

1 Corinthians 6 in the SBITS2

1 Corinthians 6 in the SBITS3

1 Corinthians 6 in the SBITS4

1 Corinthians 6 in the SBIUS

1 Corinthians 6 in the SBIVS

1 Corinthians 6 in the SBT

1 Corinthians 6 in the SBT1E

1 Corinthians 6 in the SCHL

1 Corinthians 6 in the SNT

1 Corinthians 6 in the SUSU

1 Corinthians 6 in the SUSU2

1 Corinthians 6 in the SYNO

1 Corinthians 6 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 6 in the TBT1E

1 Corinthians 6 in the TBT1E2

1 Corinthians 6 in the TFTIP

1 Corinthians 6 in the TFTU

1 Corinthians 6 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 6 in the THAI

1 Corinthians 6 in the TNFD

1 Corinthians 6 in the TNT

1 Corinthians 6 in the TNTIK

1 Corinthians 6 in the TNTIL

1 Corinthians 6 in the TNTIN

1 Corinthians 6 in the TNTIP

1 Corinthians 6 in the TNTIZ

1 Corinthians 6 in the TOMA

1 Corinthians 6 in the TTENT

1 Corinthians 6 in the UBG

1 Corinthians 6 in the UGV

1 Corinthians 6 in the UGV2

1 Corinthians 6 in the UGV3

1 Corinthians 6 in the VBL

1 Corinthians 6 in the VDCC

1 Corinthians 6 in the YALU

1 Corinthians 6 in the YAPE

1 Corinthians 6 in the YBVTP

1 Corinthians 6 in the ZBP