2 Chronicles 18 (BOECS)

1 Azɔ la, kesinɔnu geɖe ɖo Yehosafat si eye bubu hã nɔ eŋu. Ewɔ ɖeka kple Ahab to via nyɔnuvi ɖeka ɖeɖe me. 2 Le ƒe ʋɛe aɖewo megbe la, eyi Samaria be yeakpɔ Fia Ahab ɖa eye Fia Ahab wu alẽ kple nyi geɖewo heɖo kplɔ̃ na Yehosafat kple eƒe amewo. Ahab bia Yehosafat be wòakpe ɖe ye ŋu yewoaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu. 3 Ahab, Israel fia, bia Yuda fia, Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?”Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene. Míakpe ɖe ŋutiwò le aʋa la me.” 4 Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.” 5 Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene (400) nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?”Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.” 6 Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?” 7 Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.”Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.” 8 Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!” 9 Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume. 10 Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.” 11 Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.” 12 Ame si yi ɖayɔ Mikaya la, gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nyanyui aɖe agblɔ.” 13 Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be, nya si Mawu gblɔ la ko magblɔ.” 14 Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?”Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!” 15 Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?” 16 Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ” 17 Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nyanyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.” 18 Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya bubu si Yehowa gagblɔ nam la ɖa. Mekpɔ Yehowa le eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ geɖewo le tsitre ɖe eƒe ɖusi kple mia dzi. 19 Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’“Amewo do susu vovovowo ɖa. 20 Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’“Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’ 21 “Eɖo eŋu be, ‘Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nume na eƒe nyagblɔɖilawo katã.’“Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’ 22 “Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nume na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be, Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.” 23 Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?” 24 Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.” 25 Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas. 26 Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ” 27 Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.” 28 Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead. 29 Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi. 30 Aram fia de se na eƒe tasiaɖamdzikpɔlawo be, “Miɖe asi le ame sia ame ŋu eye miati Israel fia ɖeɖe ko yome!” 31 Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, eya kokokoe nye Israel fia la. Ale wolũ ɖe edzi, ke Yehosafat do ɣli eye Yehowa xɔ nɛ. Ke Mawu ble wo dzoe le egbɔ 32 elabena esi wodze sii be menye eyae nye Israel fia la o ko la, wodzudzɔ eyometiti. 33 Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.” 34 Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Israel fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, ke esi ɣe ɖo to ko la, eku.

In Other Versions

2 Chronicles 18 in the ANGEFD

2 Chronicles 18 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 18 in the AS21

2 Chronicles 18 in the BAGH

2 Chronicles 18 in the BBPNG

2 Chronicles 18 in the BBT1E

2 Chronicles 18 in the BDS

2 Chronicles 18 in the BEV

2 Chronicles 18 in the BHAD

2 Chronicles 18 in the BIB

2 Chronicles 18 in the BLPT

2 Chronicles 18 in the BNT

2 Chronicles 18 in the BNTABOOT

2 Chronicles 18 in the BNTLV

2 Chronicles 18 in the BOATCB

2 Chronicles 18 in the BOATCB2

2 Chronicles 18 in the BOBCV

2 Chronicles 18 in the BOCNT

2 Chronicles 18 in the BOGWICC

2 Chronicles 18 in the BOHCB

2 Chronicles 18 in the BOHCV

2 Chronicles 18 in the BOHLNT

2 Chronicles 18 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 18 in the BOICB

2 Chronicles 18 in the BOILNTAP

2 Chronicles 18 in the BOITCV

2 Chronicles 18 in the BOKCV

2 Chronicles 18 in the BOKCV2

2 Chronicles 18 in the BOKHWOG

2 Chronicles 18 in the BOKSSV

2 Chronicles 18 in the BOLCB

2 Chronicles 18 in the BOLCB2

2 Chronicles 18 in the BOMCV

2 Chronicles 18 in the BONAV

2 Chronicles 18 in the BONCB

2 Chronicles 18 in the BONLT

2 Chronicles 18 in the BONUT2

2 Chronicles 18 in the BOPLNT

2 Chronicles 18 in the BOSCB

2 Chronicles 18 in the BOSNC

2 Chronicles 18 in the BOTLNT

2 Chronicles 18 in the BOVCB

2 Chronicles 18 in the BOYCB

2 Chronicles 18 in the BPBB

2 Chronicles 18 in the BPH

2 Chronicles 18 in the BSB

2 Chronicles 18 in the CCB

2 Chronicles 18 in the CUV

2 Chronicles 18 in the CUVS

2 Chronicles 18 in the DBT

2 Chronicles 18 in the DGDNT

2 Chronicles 18 in the DHNT

2 Chronicles 18 in the DNT

2 Chronicles 18 in the ELBE

2 Chronicles 18 in the EMTV

2 Chronicles 18 in the ESV

2 Chronicles 18 in the FBV

2 Chronicles 18 in the FEB

2 Chronicles 18 in the GGMNT

2 Chronicles 18 in the GNT

2 Chronicles 18 in the HARY

2 Chronicles 18 in the HNT

2 Chronicles 18 in the IRVA

2 Chronicles 18 in the IRVB

2 Chronicles 18 in the IRVG

2 Chronicles 18 in the IRVH

2 Chronicles 18 in the IRVK

2 Chronicles 18 in the IRVM

2 Chronicles 18 in the IRVM2

2 Chronicles 18 in the IRVO

2 Chronicles 18 in the IRVP

2 Chronicles 18 in the IRVT

2 Chronicles 18 in the IRVT2

2 Chronicles 18 in the IRVU

2 Chronicles 18 in the ISVN

2 Chronicles 18 in the JSNT

2 Chronicles 18 in the KAPI

2 Chronicles 18 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 18 in the KBV

2 Chronicles 18 in the KJV

2 Chronicles 18 in the KNFD

2 Chronicles 18 in the LBA

2 Chronicles 18 in the LBLA

2 Chronicles 18 in the LNT

2 Chronicles 18 in the LSV

2 Chronicles 18 in the MAAL

2 Chronicles 18 in the MBV

2 Chronicles 18 in the MBV2

2 Chronicles 18 in the MHNT

2 Chronicles 18 in the MKNFD

2 Chronicles 18 in the MNG

2 Chronicles 18 in the MNT

2 Chronicles 18 in the MNT2

2 Chronicles 18 in the MRS1T

2 Chronicles 18 in the NAA

2 Chronicles 18 in the NASB

2 Chronicles 18 in the NBLA

2 Chronicles 18 in the NBS

2 Chronicles 18 in the NBVTP

2 Chronicles 18 in the NET2

2 Chronicles 18 in the NIV11

2 Chronicles 18 in the NNT

2 Chronicles 18 in the NNT2

2 Chronicles 18 in the NNT3

2 Chronicles 18 in the PDDPT

2 Chronicles 18 in the PFNT

2 Chronicles 18 in the RMNT

2 Chronicles 18 in the SBIAS

2 Chronicles 18 in the SBIBS

2 Chronicles 18 in the SBIBS2

2 Chronicles 18 in the SBICS

2 Chronicles 18 in the SBIDS

2 Chronicles 18 in the SBIGS

2 Chronicles 18 in the SBIHS

2 Chronicles 18 in the SBIIS

2 Chronicles 18 in the SBIIS2

2 Chronicles 18 in the SBIIS3

2 Chronicles 18 in the SBIKS

2 Chronicles 18 in the SBIKS2

2 Chronicles 18 in the SBIMS

2 Chronicles 18 in the SBIOS

2 Chronicles 18 in the SBIPS

2 Chronicles 18 in the SBISS

2 Chronicles 18 in the SBITS

2 Chronicles 18 in the SBITS2

2 Chronicles 18 in the SBITS3

2 Chronicles 18 in the SBITS4

2 Chronicles 18 in the SBIUS

2 Chronicles 18 in the SBIVS

2 Chronicles 18 in the SBT

2 Chronicles 18 in the SBT1E

2 Chronicles 18 in the SCHL

2 Chronicles 18 in the SNT

2 Chronicles 18 in the SUSU

2 Chronicles 18 in the SUSU2

2 Chronicles 18 in the SYNO

2 Chronicles 18 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 18 in the TBT1E

2 Chronicles 18 in the TBT1E2

2 Chronicles 18 in the TFTIP

2 Chronicles 18 in the TFTU

2 Chronicles 18 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 18 in the THAI

2 Chronicles 18 in the TNFD

2 Chronicles 18 in the TNT

2 Chronicles 18 in the TNTIK

2 Chronicles 18 in the TNTIL

2 Chronicles 18 in the TNTIN

2 Chronicles 18 in the TNTIP

2 Chronicles 18 in the TNTIZ

2 Chronicles 18 in the TOMA

2 Chronicles 18 in the TTENT

2 Chronicles 18 in the UBG

2 Chronicles 18 in the UGV

2 Chronicles 18 in the UGV2

2 Chronicles 18 in the UGV3

2 Chronicles 18 in the VBL

2 Chronicles 18 in the VDCC

2 Chronicles 18 in the YALU

2 Chronicles 18 in the YAPE

2 Chronicles 18 in the YBVTP

2 Chronicles 18 in the ZBP