Acts 23 (BOECS)

1 Paulo li ŋku ɖe takpekpea dzi gãa, eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣe sia ɣi.” 2 Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ. 3 Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!” 4 Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ be nànɔ Mawu ƒe nunɔlagã la dzum alea?” 5 Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye nunɔlagã la o, elabena mawunya gblɔ be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò dukɔ ƒe kplɔlawo ŋu o.’ ” 6 Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.” 7 Esi wògblɔ esia ko la, ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye takpekpe la ma ɖe akpa eve. 8 (Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.) 9 Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi. 10 Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe. 11 Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.” 12 Esi ŋu ke la, Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu, eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o. 13 Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene. 14 Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o. 15 Miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, miwɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene, ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la me. Míawo la, míade xa ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi, awui.” 16 Ke Paulo ƒe srɔ̃nyi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla ɖagblɔe na Paulo le mɔ la me. 17 Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ. 18 Asrafoa kplɔ ɖekakpui la yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene, eye wògblɔ na asrafoawo ƒe amegã be, “Paulo, gamenɔla la, yɔm va eɖokui gbɔ, eye wòɖe kuku nam be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò, elabena nya aɖe le esi be wòagblɔ na wò.” 19 Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?” 20 Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee be yewoagabia gbee. 21 Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be, ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wode xa ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.” 22 Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpui la be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo. 23 Enumake Asrafomegã la yɔ etevi eve, eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asiekɛ me. 24 Midi sɔ na Paulo wòado ale be miakplɔe aɖade asi na mɔmefia Felix dedie.” 25 Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale: 26 Klaudio Lisia,Na Bubutɔ, mɔ̃mefia Felix,Xɔ gbedoname nyui sia. 27 Gbe ɖeka la, Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mese be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woɖaxɔe le wo si. 28 Emegbe la, mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo. 29 Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔ be menye nya gobii aɖeke wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o. 30 Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo. 31 Ale, le zã ma me la, asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre. 32 Esi ŋu ke la, wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaesarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe le mɔ la me. 33 Esi wova ɖo Kaesarea la, wotsɔ Paulo de asi na mɔmefia la, eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ. 34 Esi mɔmefiagã la xlẽ agbalẽ la vɔ la, ebia du si me tɔ Paulo nye lae eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.” 35 Azɔ mɔmefia la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le Fia Herod ƒe fiasã me.

In Other Versions

Acts 23 in the ANGEFD

Acts 23 in the ANTPNG2D

Acts 23 in the AS21

Acts 23 in the BAGH

Acts 23 in the BBPNG

Acts 23 in the BBT1E

Acts 23 in the BDS

Acts 23 in the BEV

Acts 23 in the BHAD

Acts 23 in the BIB

Acts 23 in the BLPT

Acts 23 in the BNT

Acts 23 in the BNTABOOT

Acts 23 in the BNTLV

Acts 23 in the BOATCB

Acts 23 in the BOATCB2

Acts 23 in the BOBCV

Acts 23 in the BOCNT

Acts 23 in the BOGWICC

Acts 23 in the BOHCB

Acts 23 in the BOHCV

Acts 23 in the BOHLNT

Acts 23 in the BOHNTLTAL

Acts 23 in the BOICB

Acts 23 in the BOILNTAP

Acts 23 in the BOITCV

Acts 23 in the BOKCV

Acts 23 in the BOKCV2

Acts 23 in the BOKHWOG

Acts 23 in the BOKSSV

Acts 23 in the BOLCB

Acts 23 in the BOLCB2

Acts 23 in the BOMCV

Acts 23 in the BONAV

Acts 23 in the BONCB

Acts 23 in the BONLT

Acts 23 in the BONUT2

Acts 23 in the BOPLNT

Acts 23 in the BOSCB

Acts 23 in the BOSNC

Acts 23 in the BOTLNT

Acts 23 in the BOVCB

Acts 23 in the BOYCB

Acts 23 in the BPBB

Acts 23 in the BPH

Acts 23 in the BSB

Acts 23 in the CCB

Acts 23 in the CUV

Acts 23 in the CUVS

Acts 23 in the DBT

Acts 23 in the DGDNT

Acts 23 in the DHNT

Acts 23 in the DNT

Acts 23 in the ELBE

Acts 23 in the EMTV

Acts 23 in the ESV

Acts 23 in the FBV

Acts 23 in the FEB

Acts 23 in the GGMNT

Acts 23 in the GNT

Acts 23 in the HARY

Acts 23 in the HNT

Acts 23 in the IRVA

Acts 23 in the IRVB

Acts 23 in the IRVG

Acts 23 in the IRVH

Acts 23 in the IRVK

Acts 23 in the IRVM

Acts 23 in the IRVM2

Acts 23 in the IRVO

Acts 23 in the IRVP

Acts 23 in the IRVT

Acts 23 in the IRVT2

Acts 23 in the IRVU

Acts 23 in the ISVN

Acts 23 in the JSNT

Acts 23 in the KAPI

Acts 23 in the KBT1ETNIK

Acts 23 in the KBV

Acts 23 in the KJV

Acts 23 in the KNFD

Acts 23 in the LBA

Acts 23 in the LBLA

Acts 23 in the LNT

Acts 23 in the LSV

Acts 23 in the MAAL

Acts 23 in the MBV

Acts 23 in the MBV2

Acts 23 in the MHNT

Acts 23 in the MKNFD

Acts 23 in the MNG

Acts 23 in the MNT

Acts 23 in the MNT2

Acts 23 in the MRS1T

Acts 23 in the NAA

Acts 23 in the NASB

Acts 23 in the NBLA

Acts 23 in the NBS

Acts 23 in the NBVTP

Acts 23 in the NET2

Acts 23 in the NIV11

Acts 23 in the NNT

Acts 23 in the NNT2

Acts 23 in the NNT3

Acts 23 in the PDDPT

Acts 23 in the PFNT

Acts 23 in the RMNT

Acts 23 in the SBIAS

Acts 23 in the SBIBS

Acts 23 in the SBIBS2

Acts 23 in the SBICS

Acts 23 in the SBIDS

Acts 23 in the SBIGS

Acts 23 in the SBIHS

Acts 23 in the SBIIS

Acts 23 in the SBIIS2

Acts 23 in the SBIIS3

Acts 23 in the SBIKS

Acts 23 in the SBIKS2

Acts 23 in the SBIMS

Acts 23 in the SBIOS

Acts 23 in the SBIPS

Acts 23 in the SBISS

Acts 23 in the SBITS

Acts 23 in the SBITS2

Acts 23 in the SBITS3

Acts 23 in the SBITS4

Acts 23 in the SBIUS

Acts 23 in the SBIVS

Acts 23 in the SBT

Acts 23 in the SBT1E

Acts 23 in the SCHL

Acts 23 in the SNT

Acts 23 in the SUSU

Acts 23 in the SUSU2

Acts 23 in the SYNO

Acts 23 in the TBIAOTANT

Acts 23 in the TBT1E

Acts 23 in the TBT1E2

Acts 23 in the TFTIP

Acts 23 in the TFTU

Acts 23 in the TGNTATF3T

Acts 23 in the THAI

Acts 23 in the TNFD

Acts 23 in the TNT

Acts 23 in the TNTIK

Acts 23 in the TNTIL

Acts 23 in the TNTIN

Acts 23 in the TNTIP

Acts 23 in the TNTIZ

Acts 23 in the TOMA

Acts 23 in the TTENT

Acts 23 in the UBG

Acts 23 in the UGV

Acts 23 in the UGV2

Acts 23 in the UGV3

Acts 23 in the VBL

Acts 23 in the VDCC

Acts 23 in the YALU

Acts 23 in the YAPE

Acts 23 in the YBVTP

Acts 23 in the ZBP