Acts 8 (BOECS)

1 Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem.Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem. 2 Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua ɖaɖi, eye wofae ŋutɔ. 3 Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me. 4 Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi la. 5 Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo. 6 Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria, eya ta amewo va ɖoa toe ɣe sia ɣi. 7 Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo. 8 Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũu. 9 Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã. 10 Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la. 11 Amewo dze eyome hoo, elabena enana be woƒe nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe. 12 Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 13 Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ. 14 Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa. 15 Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria teti ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, 16 elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o. 17 Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 18 Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga apostoloawo, eye wògblɔ na wo be, 19 “Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.” 20 Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga! 21 Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o. 22 Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò, 23 elabena edze nam ƒãa be, èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.” 24 Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.” 25 Ke esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase hegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã. 26 Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.” 27 Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le, 28 eye wòtrɔ yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la, enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me. 29 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.” 30 Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?” 31 Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema. 32 Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be,“Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge,eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la,nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o. 33 Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnue ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o.Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia?Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.” 34 Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?” 35 Tete Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu dɔ hegblɔ nyanyui la nɛ le Yesu ŋu. 36 Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?”[ 37 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.”Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]” 38 Enumake etɔ tasiaɖam la, eye wòɖi ge ɖe tsi la me, eye Filipo de mawutsi ta nɛ. 39 Esi wòdo tso tsia me teti ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe, ale be Etiopia ŋutsu la megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ. 40 Egblɔ nyanyui la le afi ma, eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me.

In Other Versions

Acts 8 in the ANGEFD

Acts 8 in the ANTPNG2D

Acts 8 in the AS21

Acts 8 in the BAGH

Acts 8 in the BBPNG

Acts 8 in the BBT1E

Acts 8 in the BDS

Acts 8 in the BEV

Acts 8 in the BHAD

Acts 8 in the BIB

Acts 8 in the BLPT

Acts 8 in the BNT

Acts 8 in the BNTABOOT

Acts 8 in the BNTLV

Acts 8 in the BOATCB

Acts 8 in the BOATCB2

Acts 8 in the BOBCV

Acts 8 in the BOCNT

Acts 8 in the BOGWICC

Acts 8 in the BOHCB

Acts 8 in the BOHCV

Acts 8 in the BOHLNT

Acts 8 in the BOHNTLTAL

Acts 8 in the BOICB

Acts 8 in the BOILNTAP

Acts 8 in the BOITCV

Acts 8 in the BOKCV

Acts 8 in the BOKCV2

Acts 8 in the BOKHWOG

Acts 8 in the BOKSSV

Acts 8 in the BOLCB

Acts 8 in the BOLCB2

Acts 8 in the BOMCV

Acts 8 in the BONAV

Acts 8 in the BONCB

Acts 8 in the BONLT

Acts 8 in the BONUT2

Acts 8 in the BOPLNT

Acts 8 in the BOSCB

Acts 8 in the BOSNC

Acts 8 in the BOTLNT

Acts 8 in the BOVCB

Acts 8 in the BOYCB

Acts 8 in the BPBB

Acts 8 in the BPH

Acts 8 in the BSB

Acts 8 in the CCB

Acts 8 in the CUV

Acts 8 in the CUVS

Acts 8 in the DBT

Acts 8 in the DGDNT

Acts 8 in the DHNT

Acts 8 in the DNT

Acts 8 in the ELBE

Acts 8 in the EMTV

Acts 8 in the ESV

Acts 8 in the FBV

Acts 8 in the FEB

Acts 8 in the GGMNT

Acts 8 in the GNT

Acts 8 in the HARY

Acts 8 in the HNT

Acts 8 in the IRVA

Acts 8 in the IRVB

Acts 8 in the IRVG

Acts 8 in the IRVH

Acts 8 in the IRVK

Acts 8 in the IRVM

Acts 8 in the IRVM2

Acts 8 in the IRVO

Acts 8 in the IRVP

Acts 8 in the IRVT

Acts 8 in the IRVT2

Acts 8 in the IRVU

Acts 8 in the ISVN

Acts 8 in the JSNT

Acts 8 in the KAPI

Acts 8 in the KBT1ETNIK

Acts 8 in the KBV

Acts 8 in the KJV

Acts 8 in the KNFD

Acts 8 in the LBA

Acts 8 in the LBLA

Acts 8 in the LNT

Acts 8 in the LSV

Acts 8 in the MAAL

Acts 8 in the MBV

Acts 8 in the MBV2

Acts 8 in the MHNT

Acts 8 in the MKNFD

Acts 8 in the MNG

Acts 8 in the MNT

Acts 8 in the MNT2

Acts 8 in the MRS1T

Acts 8 in the NAA

Acts 8 in the NASB

Acts 8 in the NBLA

Acts 8 in the NBS

Acts 8 in the NBVTP

Acts 8 in the NET2

Acts 8 in the NIV11

Acts 8 in the NNT

Acts 8 in the NNT2

Acts 8 in the NNT3

Acts 8 in the PDDPT

Acts 8 in the PFNT

Acts 8 in the RMNT

Acts 8 in the SBIAS

Acts 8 in the SBIBS

Acts 8 in the SBIBS2

Acts 8 in the SBICS

Acts 8 in the SBIDS

Acts 8 in the SBIGS

Acts 8 in the SBIHS

Acts 8 in the SBIIS

Acts 8 in the SBIIS2

Acts 8 in the SBIIS3

Acts 8 in the SBIKS

Acts 8 in the SBIKS2

Acts 8 in the SBIMS

Acts 8 in the SBIOS

Acts 8 in the SBIPS

Acts 8 in the SBISS

Acts 8 in the SBITS

Acts 8 in the SBITS2

Acts 8 in the SBITS3

Acts 8 in the SBITS4

Acts 8 in the SBIUS

Acts 8 in the SBIVS

Acts 8 in the SBT

Acts 8 in the SBT1E

Acts 8 in the SCHL

Acts 8 in the SNT

Acts 8 in the SUSU

Acts 8 in the SUSU2

Acts 8 in the SYNO

Acts 8 in the TBIAOTANT

Acts 8 in the TBT1E

Acts 8 in the TBT1E2

Acts 8 in the TFTIP

Acts 8 in the TFTU

Acts 8 in the TGNTATF3T

Acts 8 in the THAI

Acts 8 in the TNFD

Acts 8 in the TNT

Acts 8 in the TNTIK

Acts 8 in the TNTIL

Acts 8 in the TNTIN

Acts 8 in the TNTIP

Acts 8 in the TNTIZ

Acts 8 in the TOMA

Acts 8 in the TTENT

Acts 8 in the UBG

Acts 8 in the UGV

Acts 8 in the UGV2

Acts 8 in the UGV3

Acts 8 in the VBL

Acts 8 in the VDCC

Acts 8 in the YALU

Acts 8 in the YAPE

Acts 8 in the YBVTP

Acts 8 in the ZBP