Amos 5 (BOECS)

1 “O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò: 2 “Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o.Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi,eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o, 3 elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be,‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la,ame alafa ɖeka koe agbɔ,eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa laame ewo koe agbɔ.’ ” 4 Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be,“Midim, ne mianɔ agbe. 5 Migati legba siwo le Betel,Gilgal alo Beerseba yome o,elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo,eye Betel atsrɔ̃.” 6 Midi Yehowa ne mianɔ agbe,ne menye nenema o la;miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi,afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o. 7 O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese,eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba! 8 Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui,avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli,eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã.Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me bewòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi.Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ. 9 Le aɖabaƒoƒo ɖeka me la,enana gbegblẽ vaa ame sesẽ dzi,eye wògbãa eƒe gli sesẽwo. 10 Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu,eye miele fu nyateƒetola. 11 Esi miefanya ame dahewo kple afɔ,eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la,mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la mealo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o. 12 Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ.Menya wo katã nyuie.Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu,eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe, 13 eya ta ame siwo nye nunyalawo la,azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me,elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye. 14 Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe!Ekema Yehowa,Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale simiawo ŋutɔ miegblɔ la ene. 15 Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui.Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo.Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la,akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo. 16 Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:“Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi.Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi;miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi. 17 Avifafa anɔ waingble ɖe sia ɖe me,elabena mava to afi ma akaka agbleawo.”Yehowae gblɔe. 18 Baba na mi, ame siwo tsi dziɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti.Nu ka ta mietsi dzi ɖeYehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo?Ŋkeke ma anye viviti,manye kekeli o. 19 Le ŋkeke ma dzi la,mianɔ abe ame sisi le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene,eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui. 20 Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti,eye menye kekeli oa?Ɖe menye blukɔe wònye,eye keklẽ mele eme oa? 21 “Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo.Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewokple ŋkekenyuiwo ase o. 22 Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la,nyemaxɔ wo o.Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la,nyemanye kɔ akpɔ wo o. 23 Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye,wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam! 24 Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene,eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene! 25 “O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ naesi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ? 26 Miekɔ miaƒe fia, Sakut kple Kaiwan, miaƒe ɣletivimawusiwo ƒe nɔnɔme miewɔ na mia ɖokuiwo la ɖe dzi, 27 eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.”Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.

In Other Versions

Amos 5 in the ANGEFD

Amos 5 in the ANTPNG2D

Amos 5 in the AS21

Amos 5 in the BAGH

Amos 5 in the BBPNG

Amos 5 in the BBT1E

Amos 5 in the BDS

Amos 5 in the BEV

Amos 5 in the BHAD

Amos 5 in the BIB

Amos 5 in the BLPT

Amos 5 in the BNT

Amos 5 in the BNTABOOT

Amos 5 in the BNTLV

Amos 5 in the BOATCB

Amos 5 in the BOATCB2

Amos 5 in the BOBCV

Amos 5 in the BOCNT

Amos 5 in the BOGWICC

Amos 5 in the BOHCB

Amos 5 in the BOHCV

Amos 5 in the BOHLNT

Amos 5 in the BOHNTLTAL

Amos 5 in the BOICB

Amos 5 in the BOILNTAP

Amos 5 in the BOITCV

Amos 5 in the BOKCV

Amos 5 in the BOKCV2

Amos 5 in the BOKHWOG

Amos 5 in the BOKSSV

Amos 5 in the BOLCB

Amos 5 in the BOLCB2

Amos 5 in the BOMCV

Amos 5 in the BONAV

Amos 5 in the BONCB

Amos 5 in the BONLT

Amos 5 in the BONUT2

Amos 5 in the BOPLNT

Amos 5 in the BOSCB

Amos 5 in the BOSNC

Amos 5 in the BOTLNT

Amos 5 in the BOVCB

Amos 5 in the BOYCB

Amos 5 in the BPBB

Amos 5 in the BPH

Amos 5 in the BSB

Amos 5 in the CCB

Amos 5 in the CUV

Amos 5 in the CUVS

Amos 5 in the DBT

Amos 5 in the DGDNT

Amos 5 in the DHNT

Amos 5 in the DNT

Amos 5 in the ELBE

Amos 5 in the EMTV

Amos 5 in the ESV

Amos 5 in the FBV

Amos 5 in the FEB

Amos 5 in the GGMNT

Amos 5 in the GNT

Amos 5 in the HARY

Amos 5 in the HNT

Amos 5 in the IRVA

Amos 5 in the IRVB

Amos 5 in the IRVG

Amos 5 in the IRVH

Amos 5 in the IRVK

Amos 5 in the IRVM

Amos 5 in the IRVM2

Amos 5 in the IRVO

Amos 5 in the IRVP

Amos 5 in the IRVT

Amos 5 in the IRVT2

Amos 5 in the IRVU

Amos 5 in the ISVN

Amos 5 in the JSNT

Amos 5 in the KAPI

Amos 5 in the KBT1ETNIK

Amos 5 in the KBV

Amos 5 in the KJV

Amos 5 in the KNFD

Amos 5 in the LBA

Amos 5 in the LBLA

Amos 5 in the LNT

Amos 5 in the LSV

Amos 5 in the MAAL

Amos 5 in the MBV

Amos 5 in the MBV2

Amos 5 in the MHNT

Amos 5 in the MKNFD

Amos 5 in the MNG

Amos 5 in the MNT

Amos 5 in the MNT2

Amos 5 in the MRS1T

Amos 5 in the NAA

Amos 5 in the NASB

Amos 5 in the NBLA

Amos 5 in the NBS

Amos 5 in the NBVTP

Amos 5 in the NET2

Amos 5 in the NIV11

Amos 5 in the NNT

Amos 5 in the NNT2

Amos 5 in the NNT3

Amos 5 in the PDDPT

Amos 5 in the PFNT

Amos 5 in the RMNT

Amos 5 in the SBIAS

Amos 5 in the SBIBS

Amos 5 in the SBIBS2

Amos 5 in the SBICS

Amos 5 in the SBIDS

Amos 5 in the SBIGS

Amos 5 in the SBIHS

Amos 5 in the SBIIS

Amos 5 in the SBIIS2

Amos 5 in the SBIIS3

Amos 5 in the SBIKS

Amos 5 in the SBIKS2

Amos 5 in the SBIMS

Amos 5 in the SBIOS

Amos 5 in the SBIPS

Amos 5 in the SBISS

Amos 5 in the SBITS

Amos 5 in the SBITS2

Amos 5 in the SBITS3

Amos 5 in the SBITS4

Amos 5 in the SBIUS

Amos 5 in the SBIVS

Amos 5 in the SBT

Amos 5 in the SBT1E

Amos 5 in the SCHL

Amos 5 in the SNT

Amos 5 in the SUSU

Amos 5 in the SUSU2

Amos 5 in the SYNO

Amos 5 in the TBIAOTANT

Amos 5 in the TBT1E

Amos 5 in the TBT1E2

Amos 5 in the TFTIP

Amos 5 in the TFTU

Amos 5 in the TGNTATF3T

Amos 5 in the THAI

Amos 5 in the TNFD

Amos 5 in the TNT

Amos 5 in the TNTIK

Amos 5 in the TNTIL

Amos 5 in the TNTIN

Amos 5 in the TNTIP

Amos 5 in the TNTIZ

Amos 5 in the TOMA

Amos 5 in the TTENT

Amos 5 in the UBG

Amos 5 in the UGV

Amos 5 in the UGV2

Amos 5 in the UGV3

Amos 5 in the VBL

Amos 5 in the VDCC

Amos 5 in the YALU

Amos 5 in the YAPE

Amos 5 in the YBVTP

Amos 5 in the ZBP