Daniel 1 (BOECS)
1 Le Yuda fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Babilonia fia Nebukadnezar va Yerusalem, eye wòɖe to ɖee. 2 Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe. 3 Fia la ɖe gbe na Aspenaz, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã be wòatia Israelviwo dometɔ aɖewo tso fia la kple bubumewo ƒe ƒomewo me, 4 ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo. 5 Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo. 6 Ame siawo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo. Woawoe nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria. 7 Amegã la tsɔ ŋkɔ yeye na wo: Daniel ƒe ŋkɔ yeyeae nye Beltesazar, Hananiya tɔe nye Sadrak, Misael tɔe nye Mesak, eye Azaria tɔe nye Abednego. 8 Ke Daniel ɖo ta me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui kple fia la ƒe nuɖuɖu kple wain o, eye wòbia mɔ eƒe dzikpɔla be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui to mɔ sia dzi o. 9 Azɔ la, Mawu na be dzikpɔla la nave enu eye wòakpɔ nublanui nɛ. 10 Ke dzikpɔla la gblɔ na Daniel be, “Mele vɔvɔ̃m na nye aƒetɔ kple fia la, ame si ɖo wò nuɖuɖu kple nunono nam. Nu ka ta wòakpɔ wò, wò lãme manyo abe wò hati ɖekakpui bubuawo tɔ ene o? Ekema fia la axɔ nye ta ɖe tawò.” 11 Daniel gblɔ na ameŋudzɔla si dzikpɔla la tia be wòadzɔ Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria ŋu la be, 12 “Meɖe kuku do wò dɔlawo kpɔ ŋkeke ewo. Mègana nu bubu aɖeke mí wu amagbe si míaɖu kple tsi si míano o. 13 Ekema nàtsɔ míaƒe dzedzeme asɔ kple ɖekakpui siwo ɖua fia la ƒe nuɖuɖu eye nàwɔ na mí ɖe nu si nàkpɔ la nu.” 14 Ale wòlɔ̃ eye wòdo wo kpɔ ŋkeke ewo. 15 Le ŋkeke ewo megbe la, Yuda ɖekakpuiawo dze lãmesesẽtɔwo kple ame siwo ɖu nu nyuiwo wu ame siwo ɖu fia la ƒe nuɖuɖu. 16 Ale ameŋudzɔla la ɖe nuɖuɖu nyui si woaɖu kple wain si woano la ɖa eye wòtsɔa amagbewo na wo ɖe wo teƒe. 17 Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme. 18 Le ɣeyiɣi si fia la ɖo be woakplɔ wo vɛ na ye ƒe nuwuwu la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la kplɔ wo yi na Nebukadnezar. 19 Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme. 20 Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã. 21 Daniel nɔ afi ma va se ɖe fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me.
In Other Versions
Daniel 1 in the ANGEFD
Daniel 1 in the ANTPNG2D
Daniel 1 in the AS21
Daniel 1 in the BAGH
Daniel 1 in the BBPNG
Daniel 1 in the BBT1E
Daniel 1 in the BDS
Daniel 1 in the BEV
Daniel 1 in the BHAD
Daniel 1 in the BIB
Daniel 1 in the BLPT
Daniel 1 in the BNT
Daniel 1 in the BNTABOOT
Daniel 1 in the BNTLV
Daniel 1 in the BOATCB
Daniel 1 in the BOATCB2
Daniel 1 in the BOBCV
Daniel 1 in the BOCNT
Daniel 1 in the BOGWICC
Daniel 1 in the BOHCB
Daniel 1 in the BOHCV
Daniel 1 in the BOHLNT
Daniel 1 in the BOHNTLTAL
Daniel 1 in the BOICB
Daniel 1 in the BOILNTAP
Daniel 1 in the BOITCV
Daniel 1 in the BOKCV
Daniel 1 in the BOKCV2
Daniel 1 in the BOKHWOG
Daniel 1 in the BOKSSV
Daniel 1 in the BOLCB
Daniel 1 in the BOLCB2
Daniel 1 in the BOMCV
Daniel 1 in the BONAV
Daniel 1 in the BONCB
Daniel 1 in the BONLT
Daniel 1 in the BONUT2
Daniel 1 in the BOPLNT
Daniel 1 in the BOSCB
Daniel 1 in the BOSNC
Daniel 1 in the BOTLNT
Daniel 1 in the BOVCB
Daniel 1 in the BOYCB
Daniel 1 in the BPBB
Daniel 1 in the BPH
Daniel 1 in the BSB
Daniel 1 in the CCB
Daniel 1 in the CUV
Daniel 1 in the CUVS
Daniel 1 in the DBT
Daniel 1 in the DGDNT
Daniel 1 in the DHNT
Daniel 1 in the DNT
Daniel 1 in the ELBE
Daniel 1 in the EMTV
Daniel 1 in the ESV
Daniel 1 in the FBV
Daniel 1 in the FEB
Daniel 1 in the GGMNT
Daniel 1 in the GNT
Daniel 1 in the HARY
Daniel 1 in the HNT
Daniel 1 in the IRVA
Daniel 1 in the IRVB
Daniel 1 in the IRVG
Daniel 1 in the IRVH
Daniel 1 in the IRVK
Daniel 1 in the IRVM
Daniel 1 in the IRVM2
Daniel 1 in the IRVO
Daniel 1 in the IRVP
Daniel 1 in the IRVT
Daniel 1 in the IRVT2
Daniel 1 in the IRVU
Daniel 1 in the ISVN
Daniel 1 in the JSNT
Daniel 1 in the KAPI
Daniel 1 in the KBT1ETNIK
Daniel 1 in the KBV
Daniel 1 in the KJV
Daniel 1 in the KNFD
Daniel 1 in the LBA
Daniel 1 in the LBLA
Daniel 1 in the LNT
Daniel 1 in the LSV
Daniel 1 in the MAAL
Daniel 1 in the MBV
Daniel 1 in the MBV2
Daniel 1 in the MHNT
Daniel 1 in the MKNFD
Daniel 1 in the MNG
Daniel 1 in the MNT
Daniel 1 in the MNT2
Daniel 1 in the MRS1T
Daniel 1 in the NAA
Daniel 1 in the NASB
Daniel 1 in the NBLA
Daniel 1 in the NBS
Daniel 1 in the NBVTP
Daniel 1 in the NET2
Daniel 1 in the NIV11
Daniel 1 in the NNT
Daniel 1 in the NNT2
Daniel 1 in the NNT3
Daniel 1 in the PDDPT
Daniel 1 in the PFNT
Daniel 1 in the RMNT
Daniel 1 in the SBIAS
Daniel 1 in the SBIBS
Daniel 1 in the SBIBS2
Daniel 1 in the SBICS
Daniel 1 in the SBIDS
Daniel 1 in the SBIGS
Daniel 1 in the SBIHS
Daniel 1 in the SBIIS
Daniel 1 in the SBIIS2
Daniel 1 in the SBIIS3
Daniel 1 in the SBIKS
Daniel 1 in the SBIKS2
Daniel 1 in the SBIMS
Daniel 1 in the SBIOS
Daniel 1 in the SBIPS
Daniel 1 in the SBISS
Daniel 1 in the SBITS
Daniel 1 in the SBITS2
Daniel 1 in the SBITS3
Daniel 1 in the SBITS4
Daniel 1 in the SBIUS
Daniel 1 in the SBIVS
Daniel 1 in the SBT
Daniel 1 in the SBT1E
Daniel 1 in the SCHL
Daniel 1 in the SNT
Daniel 1 in the SUSU
Daniel 1 in the SUSU2
Daniel 1 in the SYNO
Daniel 1 in the TBIAOTANT
Daniel 1 in the TBT1E
Daniel 1 in the TBT1E2
Daniel 1 in the TFTIP
Daniel 1 in the TFTU
Daniel 1 in the TGNTATF3T
Daniel 1 in the THAI
Daniel 1 in the TNFD
Daniel 1 in the TNT
Daniel 1 in the TNTIK
Daniel 1 in the TNTIL
Daniel 1 in the TNTIN
Daniel 1 in the TNTIP
Daniel 1 in the TNTIZ
Daniel 1 in the TOMA
Daniel 1 in the TTENT
Daniel 1 in the UBG
Daniel 1 in the UGV
Daniel 1 in the UGV2
Daniel 1 in the UGV3
Daniel 1 in the VBL
Daniel 1 in the VDCC
Daniel 1 in the YALU
Daniel 1 in the YAPE
Daniel 1 in the YBVTP
Daniel 1 in the ZBP