Deuteronomy 24 (BOECS)
1 “Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na srɔ̃a, eye wòanyae. 2 Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃, 3 eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la, 4 srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. 5 “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.” 6 “Se meɖe mɔ be woaxɔ wɔtute abe awɔbanu ene o, elabena eyae nye dɔwɔnu si naa nuɖuɖu ame si tɔ wònye. 7 Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome. 8 “Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo. 9 Ɖo ŋku nu si Yehowa, wò Mawu la wɔ Miriam esi miegbɔna tso Egipte la dzi. 10 “Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o. 11 Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò. 12 Ne amea da ahe, eye wòtsɔ eƒe avɔ na wò abe awɔbanu ene la, mele be nàtsyɔ avɔ la amlɔ anyie o. 13 Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò. 14 “Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o. 15 Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.” 16 “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta. 17 “Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o. 18 Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi. 19 Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò. 20 Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. 21 Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo. 22 Ɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eya tae mele se sia dem na mi.”
In Other Versions
Deuteronomy 24 in the ANGEFD
Deuteronomy 24 in the ANTPNG2D
Deuteronomy 24 in the AS21
Deuteronomy 24 in the BAGH
Deuteronomy 24 in the BBPNG
Deuteronomy 24 in the BBT1E
Deuteronomy 24 in the BDS
Deuteronomy 24 in the BEV
Deuteronomy 24 in the BHAD
Deuteronomy 24 in the BIB
Deuteronomy 24 in the BLPT
Deuteronomy 24 in the BNT
Deuteronomy 24 in the BNTABOOT
Deuteronomy 24 in the BNTLV
Deuteronomy 24 in the BOATCB
Deuteronomy 24 in the BOATCB2
Deuteronomy 24 in the BOBCV
Deuteronomy 24 in the BOCNT
Deuteronomy 24 in the BOGWICC
Deuteronomy 24 in the BOHCB
Deuteronomy 24 in the BOHCV
Deuteronomy 24 in the BOHLNT
Deuteronomy 24 in the BOHNTLTAL
Deuteronomy 24 in the BOICB
Deuteronomy 24 in the BOILNTAP
Deuteronomy 24 in the BOITCV
Deuteronomy 24 in the BOKCV
Deuteronomy 24 in the BOKCV2
Deuteronomy 24 in the BOKHWOG
Deuteronomy 24 in the BOKSSV
Deuteronomy 24 in the BOLCB
Deuteronomy 24 in the BOLCB2
Deuteronomy 24 in the BOMCV
Deuteronomy 24 in the BONAV
Deuteronomy 24 in the BONCB
Deuteronomy 24 in the BONLT
Deuteronomy 24 in the BONUT2
Deuteronomy 24 in the BOPLNT
Deuteronomy 24 in the BOSCB
Deuteronomy 24 in the BOSNC
Deuteronomy 24 in the BOTLNT
Deuteronomy 24 in the BOVCB
Deuteronomy 24 in the BOYCB
Deuteronomy 24 in the BPBB
Deuteronomy 24 in the BPH
Deuteronomy 24 in the BSB
Deuteronomy 24 in the CCB
Deuteronomy 24 in the CUV
Deuteronomy 24 in the CUVS
Deuteronomy 24 in the DBT
Deuteronomy 24 in the DGDNT
Deuteronomy 24 in the DHNT
Deuteronomy 24 in the DNT
Deuteronomy 24 in the ELBE
Deuteronomy 24 in the EMTV
Deuteronomy 24 in the ESV
Deuteronomy 24 in the FBV
Deuteronomy 24 in the FEB
Deuteronomy 24 in the GGMNT
Deuteronomy 24 in the GNT
Deuteronomy 24 in the HARY
Deuteronomy 24 in the HNT
Deuteronomy 24 in the IRVA
Deuteronomy 24 in the IRVB
Deuteronomy 24 in the IRVG
Deuteronomy 24 in the IRVH
Deuteronomy 24 in the IRVK
Deuteronomy 24 in the IRVM
Deuteronomy 24 in the IRVM2
Deuteronomy 24 in the IRVO
Deuteronomy 24 in the IRVP
Deuteronomy 24 in the IRVT
Deuteronomy 24 in the IRVT2
Deuteronomy 24 in the IRVU
Deuteronomy 24 in the ISVN
Deuteronomy 24 in the JSNT
Deuteronomy 24 in the KAPI
Deuteronomy 24 in the KBT1ETNIK
Deuteronomy 24 in the KBV
Deuteronomy 24 in the KJV
Deuteronomy 24 in the KNFD
Deuteronomy 24 in the LBA
Deuteronomy 24 in the LBLA
Deuteronomy 24 in the LNT
Deuteronomy 24 in the LSV
Deuteronomy 24 in the MAAL
Deuteronomy 24 in the MBV
Deuteronomy 24 in the MBV2
Deuteronomy 24 in the MHNT
Deuteronomy 24 in the MKNFD
Deuteronomy 24 in the MNG
Deuteronomy 24 in the MNT
Deuteronomy 24 in the MNT2
Deuteronomy 24 in the MRS1T
Deuteronomy 24 in the NAA
Deuteronomy 24 in the NASB
Deuteronomy 24 in the NBLA
Deuteronomy 24 in the NBS
Deuteronomy 24 in the NBVTP
Deuteronomy 24 in the NET2
Deuteronomy 24 in the NIV11
Deuteronomy 24 in the NNT
Deuteronomy 24 in the NNT2
Deuteronomy 24 in the NNT3
Deuteronomy 24 in the PDDPT
Deuteronomy 24 in the PFNT
Deuteronomy 24 in the RMNT
Deuteronomy 24 in the SBIAS
Deuteronomy 24 in the SBIBS
Deuteronomy 24 in the SBIBS2
Deuteronomy 24 in the SBICS
Deuteronomy 24 in the SBIDS
Deuteronomy 24 in the SBIGS
Deuteronomy 24 in the SBIHS
Deuteronomy 24 in the SBIIS
Deuteronomy 24 in the SBIIS2
Deuteronomy 24 in the SBIIS3
Deuteronomy 24 in the SBIKS
Deuteronomy 24 in the SBIKS2
Deuteronomy 24 in the SBIMS
Deuteronomy 24 in the SBIOS
Deuteronomy 24 in the SBIPS
Deuteronomy 24 in the SBISS
Deuteronomy 24 in the SBITS
Deuteronomy 24 in the SBITS2
Deuteronomy 24 in the SBITS3
Deuteronomy 24 in the SBITS4
Deuteronomy 24 in the SBIUS
Deuteronomy 24 in the SBIVS
Deuteronomy 24 in the SBT
Deuteronomy 24 in the SBT1E
Deuteronomy 24 in the SCHL
Deuteronomy 24 in the SNT
Deuteronomy 24 in the SUSU
Deuteronomy 24 in the SUSU2
Deuteronomy 24 in the SYNO
Deuteronomy 24 in the TBIAOTANT
Deuteronomy 24 in the TBT1E
Deuteronomy 24 in the TBT1E2
Deuteronomy 24 in the TFTIP
Deuteronomy 24 in the TFTU
Deuteronomy 24 in the TGNTATF3T
Deuteronomy 24 in the THAI
Deuteronomy 24 in the TNFD
Deuteronomy 24 in the TNT
Deuteronomy 24 in the TNTIK
Deuteronomy 24 in the TNTIL
Deuteronomy 24 in the TNTIN
Deuteronomy 24 in the TNTIP
Deuteronomy 24 in the TNTIZ
Deuteronomy 24 in the TOMA
Deuteronomy 24 in the TTENT
Deuteronomy 24 in the UBG
Deuteronomy 24 in the UGV
Deuteronomy 24 in the UGV2
Deuteronomy 24 in the UGV3
Deuteronomy 24 in the VBL
Deuteronomy 24 in the VDCC
Deuteronomy 24 in the YALU
Deuteronomy 24 in the YAPE
Deuteronomy 24 in the YBVTP
Deuteronomy 24 in the ZBP