Deuteronomy 3 (BOECS)

1 Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei. 2 Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.” 3 Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o. 4 Míexɔ eƒe du blaadeawo katã kple Basan ƒe to si woyɔna be Argob. 5 Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã. 6 Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. 7 Ke mieha woƒe nyiwo kple afunyinuwo na mía ɖokuiwo. 8 Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ. 9 (Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.) 10 Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei. 11 (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.) 12 Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo. 13 Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.” 14 Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene. 15 Metsɔ Gilead na Makir ƒe hlɔ̃. 16 Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina. 17 Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu. 18 Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ. 19 Ke mia srɔ̃wo kple mia viwo ya ate ŋu anɔ afi sia le du siwo metsɔ na mi la me; woanɔ miaƒe nyiwo dzi kpɔm 20 va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.” 21 Megblɔ na Yosua be, “Wò ŋutɔ èkpɔ nu si Yehowa miaƒe Mawu wɔ fia eve mawo. Miwɔ nu ma tɔgbi ke fiaɖuƒe siwo le Yɔdan tɔsisi la godo. 22 Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.” 23 Meƒo koko sia na Yehowa le ɣe ma ɣi be, 24 “Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi? 25 Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.” 26 Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o, 27 ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o. 28 Na Yosua naxɔ ɖe tewòƒe. De dzi ƒo nɛ, elabena eyae akplɔ ameawo atso tɔsisi la be woaxɔ anyigba si nàkpɔ tso to la tame.” 29 Míetsi bali la me le Bet Peor kasa.

In Other Versions

Deuteronomy 3 in the ANGEFD

Deuteronomy 3 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 3 in the AS21

Deuteronomy 3 in the BAGH

Deuteronomy 3 in the BBPNG

Deuteronomy 3 in the BBT1E

Deuteronomy 3 in the BDS

Deuteronomy 3 in the BEV

Deuteronomy 3 in the BHAD

Deuteronomy 3 in the BIB

Deuteronomy 3 in the BLPT

Deuteronomy 3 in the BNT

Deuteronomy 3 in the BNTABOOT

Deuteronomy 3 in the BNTLV

Deuteronomy 3 in the BOATCB

Deuteronomy 3 in the BOATCB2

Deuteronomy 3 in the BOBCV

Deuteronomy 3 in the BOCNT

Deuteronomy 3 in the BOGWICC

Deuteronomy 3 in the BOHCB

Deuteronomy 3 in the BOHCV

Deuteronomy 3 in the BOHLNT

Deuteronomy 3 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 3 in the BOICB

Deuteronomy 3 in the BOILNTAP

Deuteronomy 3 in the BOITCV

Deuteronomy 3 in the BOKCV

Deuteronomy 3 in the BOKCV2

Deuteronomy 3 in the BOKHWOG

Deuteronomy 3 in the BOKSSV

Deuteronomy 3 in the BOLCB

Deuteronomy 3 in the BOLCB2

Deuteronomy 3 in the BOMCV

Deuteronomy 3 in the BONAV

Deuteronomy 3 in the BONCB

Deuteronomy 3 in the BONLT

Deuteronomy 3 in the BONUT2

Deuteronomy 3 in the BOPLNT

Deuteronomy 3 in the BOSCB

Deuteronomy 3 in the BOSNC

Deuteronomy 3 in the BOTLNT

Deuteronomy 3 in the BOVCB

Deuteronomy 3 in the BOYCB

Deuteronomy 3 in the BPBB

Deuteronomy 3 in the BPH

Deuteronomy 3 in the BSB

Deuteronomy 3 in the CCB

Deuteronomy 3 in the CUV

Deuteronomy 3 in the CUVS

Deuteronomy 3 in the DBT

Deuteronomy 3 in the DGDNT

Deuteronomy 3 in the DHNT

Deuteronomy 3 in the DNT

Deuteronomy 3 in the ELBE

Deuteronomy 3 in the EMTV

Deuteronomy 3 in the ESV

Deuteronomy 3 in the FBV

Deuteronomy 3 in the FEB

Deuteronomy 3 in the GGMNT

Deuteronomy 3 in the GNT

Deuteronomy 3 in the HARY

Deuteronomy 3 in the HNT

Deuteronomy 3 in the IRVA

Deuteronomy 3 in the IRVB

Deuteronomy 3 in the IRVG

Deuteronomy 3 in the IRVH

Deuteronomy 3 in the IRVK

Deuteronomy 3 in the IRVM

Deuteronomy 3 in the IRVM2

Deuteronomy 3 in the IRVO

Deuteronomy 3 in the IRVP

Deuteronomy 3 in the IRVT

Deuteronomy 3 in the IRVT2

Deuteronomy 3 in the IRVU

Deuteronomy 3 in the ISVN

Deuteronomy 3 in the JSNT

Deuteronomy 3 in the KAPI

Deuteronomy 3 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 3 in the KBV

Deuteronomy 3 in the KJV

Deuteronomy 3 in the KNFD

Deuteronomy 3 in the LBA

Deuteronomy 3 in the LBLA

Deuteronomy 3 in the LNT

Deuteronomy 3 in the LSV

Deuteronomy 3 in the MAAL

Deuteronomy 3 in the MBV

Deuteronomy 3 in the MBV2

Deuteronomy 3 in the MHNT

Deuteronomy 3 in the MKNFD

Deuteronomy 3 in the MNG

Deuteronomy 3 in the MNT

Deuteronomy 3 in the MNT2

Deuteronomy 3 in the MRS1T

Deuteronomy 3 in the NAA

Deuteronomy 3 in the NASB

Deuteronomy 3 in the NBLA

Deuteronomy 3 in the NBS

Deuteronomy 3 in the NBVTP

Deuteronomy 3 in the NET2

Deuteronomy 3 in the NIV11

Deuteronomy 3 in the NNT

Deuteronomy 3 in the NNT2

Deuteronomy 3 in the NNT3

Deuteronomy 3 in the PDDPT

Deuteronomy 3 in the PFNT

Deuteronomy 3 in the RMNT

Deuteronomy 3 in the SBIAS

Deuteronomy 3 in the SBIBS

Deuteronomy 3 in the SBIBS2

Deuteronomy 3 in the SBICS

Deuteronomy 3 in the SBIDS

Deuteronomy 3 in the SBIGS

Deuteronomy 3 in the SBIHS

Deuteronomy 3 in the SBIIS

Deuteronomy 3 in the SBIIS2

Deuteronomy 3 in the SBIIS3

Deuteronomy 3 in the SBIKS

Deuteronomy 3 in the SBIKS2

Deuteronomy 3 in the SBIMS

Deuteronomy 3 in the SBIOS

Deuteronomy 3 in the SBIPS

Deuteronomy 3 in the SBISS

Deuteronomy 3 in the SBITS

Deuteronomy 3 in the SBITS2

Deuteronomy 3 in the SBITS3

Deuteronomy 3 in the SBITS4

Deuteronomy 3 in the SBIUS

Deuteronomy 3 in the SBIVS

Deuteronomy 3 in the SBT

Deuteronomy 3 in the SBT1E

Deuteronomy 3 in the SCHL

Deuteronomy 3 in the SNT

Deuteronomy 3 in the SUSU

Deuteronomy 3 in the SUSU2

Deuteronomy 3 in the SYNO

Deuteronomy 3 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 3 in the TBT1E

Deuteronomy 3 in the TBT1E2

Deuteronomy 3 in the TFTIP

Deuteronomy 3 in the TFTU

Deuteronomy 3 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 3 in the THAI

Deuteronomy 3 in the TNFD

Deuteronomy 3 in the TNT

Deuteronomy 3 in the TNTIK

Deuteronomy 3 in the TNTIL

Deuteronomy 3 in the TNTIN

Deuteronomy 3 in the TNTIP

Deuteronomy 3 in the TNTIZ

Deuteronomy 3 in the TOMA

Deuteronomy 3 in the TTENT

Deuteronomy 3 in the UBG

Deuteronomy 3 in the UGV

Deuteronomy 3 in the UGV2

Deuteronomy 3 in the UGV3

Deuteronomy 3 in the VBL

Deuteronomy 3 in the VDCC

Deuteronomy 3 in the YALU

Deuteronomy 3 in the YAPE

Deuteronomy 3 in the YBVTP

Deuteronomy 3 in the ZBP