Ezekiel 41 (BOECS)

1 Tete ŋutsu la kplɔm yi gbedoxɔ la godo, eye wòdzidze domegliawo; woƒe kekeme nye mita etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe. 2 Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo. 3 Azɔ la, eyi gbedoxɔ emetɔ me, eye wòdzidze ʋɔtru la ƒe domegliwo: ɖe sia ɖe keke mita ɖeka. Mɔnu la keke mita etɔ̃, eye gli siwo le eƒe axawo dzi la keke mita etɔ̃ kple afã. 4 Edzidze gbedoxɔ emetɔ ƒe didime; esia nye mita ewo, eye eƒe kekeme nye mita ewo. Egblɔ nam be, “Esiae nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.” 5 Tete wòdzidze gbedoxɔ la ƒe gliwo; etri mita etɔ̃, eye axadzixɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe keke mita eve. 6 Axadzixɔawo le ɖoɖo etɔ̃ me, ɖoɖo ɖeka le nɔvia tame, eye xɔ blaetɔ̃ le ɖoɖo ɖe sia ɖe me. Wonɔ gbedoxɔ la ƒe gliwo ŋu be, woalé axadzixɔawo ɖe asi ale be léɖeasiwo mege ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo me o. 7 Axadzixɔawo le ɖoɖo gbãtɔ me mekeke abe evelia me tɔwo ene o, eye woawo hã mekeke abe ɖoɖo etɔ̃lia me tɔwo ene o. Atrakpuiwo tso ɖoɖo gbãtɔ yi ɖoɖo etɔ̃lia to ɖoɖo titinatɔ me. 8 Mekpɔ be woƒu kpo ƒo xlã gbedoxɔ la wòzu gɔmeɖokpe na axadzixɔawo. Ekeke abe dzidzeti la ƒe didime ene: mita etɔ̃. 9 Axadzixɔawo ƒe gli egodotɔ tri mita eve kple afã. Teƒe si tsi anyi le axadzixɔawo 10 kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome la keke mita ewo ƒo xlã gbedoxɔ la. 11 Ʋɔtruwo le axadzixɔawo ŋu tso teƒe si le woawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome, ɖeka le anyiehe gome, eye bubu hã le dziehe gome. Teƒe sia keke mita eve kple afã ƒo xlã va kpe ɖo. 12 Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣetoɖoƒe lɔƒo la keke mita blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòtri mita eve kple afã. Gli la didi mita blaene-vɔ-atɔ̃. 13 Azɔ la, edzidze gbedoxɔ la. Edidi mita blaatɔ̃, eye gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu kple xɔ la ƒe gliwo hã didi nenema ke. 14 Gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣedzeƒe lɔƒo kple gbedoxɔ la ŋgɔ keke mita blaatɔ̃. 15 Le esia megbe la, edzidze xɔ si dze ŋgɔ xɔxɔnu si le gbedoxɔ la megbe la kple dziƒoxɔ siwo le gbedoxɔ la me le akpa ɖe sia ɖe, eye wode mita blaatɔ̃.Gbedoxɔ egodotɔ kple emetɔ kple akpata si dze ŋgɔ xɔxɔnu la, 16 kple fesre sue kple xɔmedziƒoxɔ siwo ƒo xlã nu etɔ̃awo; wofa ʋuƒo ɖe wo kple anyigba kpakple gliawo ŋu va se ɖe fesreawo te. 17 Le teƒe si le gbedoxɔ emetɔ ƒe ʋɔtru tame kple gliawo ŋu le dometsotso mamlɛtɔ si ƒo xlã gbedoxɔ emetɔ kple egodotɔ ŋu la, 18 kerubiwo kple deti siwo wokpa la li. Mo eve li na kerubi ɖe sia ɖe. 19 Ame ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa ɖeka, eye dzata ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa kemɛ. Wokpa wo ɖe gliawo ŋu ƒo xlã gbedoxɔ blibo la. 20 Tso anyigba yi teƒe si le ʋɔtru la tame la, wokpa kerubiwo kple detiwo ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe gliwo ŋu. 21 Ʋɔtruti si le dzogoe ene me la le gbedoxɔ egodotɔ ƒe mɔnu abe esi le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ ene. 22 Ativɔsamlekpui si kɔ mita ɖeka kple afã, eye eƒe axawo didi mita ɖeka la, wowɔ eƒe dzogoewo, ete kple eƒe axawo kple ati. Ame la gblɔ nam be, “Esiae nye kplɔ̃ si le Yehowa ŋkume.” 23 Ʋɔtru gã evee nɔ gbedoxɔ egodotɔ kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu. 24 Ʋɔtru ɖe sia ɖe ʋuna ɖe akpa eve. 25 Wokpa kerubiwo kple detiwo abe esiwo wokpa ɖe gliawo ŋuti la ene ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe ʋɔtruwo ŋu, eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbali ɖe akpata la ŋgɔ. 26 Fesre sue siwo ƒe akpa eveawo ŋu wokpa detiwo ɖo la, le akpata la ƒe axadzigliwo ŋu. Agbaliwo le gbedoxɔ la ƒe axadzixɔawo hã ŋu.

In Other Versions

Ezekiel 41 in the ANGEFD

Ezekiel 41 in the ANTPNG2D

Ezekiel 41 in the AS21

Ezekiel 41 in the BAGH

Ezekiel 41 in the BBPNG

Ezekiel 41 in the BBT1E

Ezekiel 41 in the BDS

Ezekiel 41 in the BEV

Ezekiel 41 in the BHAD

Ezekiel 41 in the BIB

Ezekiel 41 in the BLPT

Ezekiel 41 in the BNT

Ezekiel 41 in the BNTABOOT

Ezekiel 41 in the BNTLV

Ezekiel 41 in the BOATCB

Ezekiel 41 in the BOATCB2

Ezekiel 41 in the BOBCV

Ezekiel 41 in the BOCNT

Ezekiel 41 in the BOGWICC

Ezekiel 41 in the BOHCB

Ezekiel 41 in the BOHCV

Ezekiel 41 in the BOHLNT

Ezekiel 41 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 41 in the BOICB

Ezekiel 41 in the BOILNTAP

Ezekiel 41 in the BOITCV

Ezekiel 41 in the BOKCV

Ezekiel 41 in the BOKCV2

Ezekiel 41 in the BOKHWOG

Ezekiel 41 in the BOKSSV

Ezekiel 41 in the BOLCB

Ezekiel 41 in the BOLCB2

Ezekiel 41 in the BOMCV

Ezekiel 41 in the BONAV

Ezekiel 41 in the BONCB

Ezekiel 41 in the BONLT

Ezekiel 41 in the BONUT2

Ezekiel 41 in the BOPLNT

Ezekiel 41 in the BOSCB

Ezekiel 41 in the BOSNC

Ezekiel 41 in the BOTLNT

Ezekiel 41 in the BOVCB

Ezekiel 41 in the BOYCB

Ezekiel 41 in the BPBB

Ezekiel 41 in the BPH

Ezekiel 41 in the BSB

Ezekiel 41 in the CCB

Ezekiel 41 in the CUV

Ezekiel 41 in the CUVS

Ezekiel 41 in the DBT

Ezekiel 41 in the DGDNT

Ezekiel 41 in the DHNT

Ezekiel 41 in the DNT

Ezekiel 41 in the ELBE

Ezekiel 41 in the EMTV

Ezekiel 41 in the ESV

Ezekiel 41 in the FBV

Ezekiel 41 in the FEB

Ezekiel 41 in the GGMNT

Ezekiel 41 in the GNT

Ezekiel 41 in the HARY

Ezekiel 41 in the HNT

Ezekiel 41 in the IRVA

Ezekiel 41 in the IRVB

Ezekiel 41 in the IRVG

Ezekiel 41 in the IRVH

Ezekiel 41 in the IRVK

Ezekiel 41 in the IRVM

Ezekiel 41 in the IRVM2

Ezekiel 41 in the IRVO

Ezekiel 41 in the IRVP

Ezekiel 41 in the IRVT

Ezekiel 41 in the IRVT2

Ezekiel 41 in the IRVU

Ezekiel 41 in the ISVN

Ezekiel 41 in the JSNT

Ezekiel 41 in the KAPI

Ezekiel 41 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 41 in the KBV

Ezekiel 41 in the KJV

Ezekiel 41 in the KNFD

Ezekiel 41 in the LBA

Ezekiel 41 in the LBLA

Ezekiel 41 in the LNT

Ezekiel 41 in the LSV

Ezekiel 41 in the MAAL

Ezekiel 41 in the MBV

Ezekiel 41 in the MBV2

Ezekiel 41 in the MHNT

Ezekiel 41 in the MKNFD

Ezekiel 41 in the MNG

Ezekiel 41 in the MNT

Ezekiel 41 in the MNT2

Ezekiel 41 in the MRS1T

Ezekiel 41 in the NAA

Ezekiel 41 in the NASB

Ezekiel 41 in the NBLA

Ezekiel 41 in the NBS

Ezekiel 41 in the NBVTP

Ezekiel 41 in the NET2

Ezekiel 41 in the NIV11

Ezekiel 41 in the NNT

Ezekiel 41 in the NNT2

Ezekiel 41 in the NNT3

Ezekiel 41 in the PDDPT

Ezekiel 41 in the PFNT

Ezekiel 41 in the RMNT

Ezekiel 41 in the SBIAS

Ezekiel 41 in the SBIBS

Ezekiel 41 in the SBIBS2

Ezekiel 41 in the SBICS

Ezekiel 41 in the SBIDS

Ezekiel 41 in the SBIGS

Ezekiel 41 in the SBIHS

Ezekiel 41 in the SBIIS

Ezekiel 41 in the SBIIS2

Ezekiel 41 in the SBIIS3

Ezekiel 41 in the SBIKS

Ezekiel 41 in the SBIKS2

Ezekiel 41 in the SBIMS

Ezekiel 41 in the SBIOS

Ezekiel 41 in the SBIPS

Ezekiel 41 in the SBISS

Ezekiel 41 in the SBITS

Ezekiel 41 in the SBITS2

Ezekiel 41 in the SBITS3

Ezekiel 41 in the SBITS4

Ezekiel 41 in the SBIUS

Ezekiel 41 in the SBIVS

Ezekiel 41 in the SBT

Ezekiel 41 in the SBT1E

Ezekiel 41 in the SCHL

Ezekiel 41 in the SNT

Ezekiel 41 in the SUSU

Ezekiel 41 in the SUSU2

Ezekiel 41 in the SYNO

Ezekiel 41 in the TBIAOTANT

Ezekiel 41 in the TBT1E

Ezekiel 41 in the TBT1E2

Ezekiel 41 in the TFTIP

Ezekiel 41 in the TFTU

Ezekiel 41 in the TGNTATF3T

Ezekiel 41 in the THAI

Ezekiel 41 in the TNFD

Ezekiel 41 in the TNT

Ezekiel 41 in the TNTIK

Ezekiel 41 in the TNTIL

Ezekiel 41 in the TNTIN

Ezekiel 41 in the TNTIP

Ezekiel 41 in the TNTIZ

Ezekiel 41 in the TOMA

Ezekiel 41 in the TTENT

Ezekiel 41 in the UBG

Ezekiel 41 in the UGV

Ezekiel 41 in the UGV2

Ezekiel 41 in the UGV3

Ezekiel 41 in the VBL

Ezekiel 41 in the VDCC

Ezekiel 41 in the YALU

Ezekiel 41 in the YAPE

Ezekiel 41 in the YBVTP

Ezekiel 41 in the ZBP