Ezekiel 5 (BOECS)

1 “Azɔ, ame vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, wɔ eŋu dɔ abe takola aɖe ƒe hɛ ene, eye nàlũ wò taɖa kple ge. Le esia megbe la, ma ɖa la le nudanu dzi. 2 Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku me atsɔ anya wo ɖe du nu. 3 Ke ɖe ɖa sue aɖe dzra ɖo ɖe wò awu ƒe biɖedziwo me, 4 eye nàgatsɔ ɖa sue aɖe ade dzo me. Dzo abi tso afi ma age ɖe Israel ƒe aƒe blibo la me. 5 “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esiae nye Yerusalem si metsɔ da ɖe dukɔwo dome, eye anyigba geɖewo ƒo xlãe. 6 Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’ 7 “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Miedze aglã wu dukɔ siwo ƒo xlã mi, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye mielé nye sewo me ɖe asi o. Miaƒe wɔnawo menyo abe dukɔ siwo ƒo xlã mi la tɔwo gɔ hã ene o.’ 8 “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Nye ŋutɔ medo dɔmedzoe ɖe wò, Yerusalem ŋu, eye mahe to na wò le dukɔwo ŋkume. 9 Le miaƒe legba nyɔŋuwo katã ta la, mawɔ nu si nyemewɔ kpɔ o la mi, esi nyemagawɔ gbeɖe o. 10 Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’ 11 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Eya ta meta nye agbe, zi ale si miegblẽ kɔ ɖo na nye Kɔkɔeƒe kple miaƒe legba nyɔŋuwo kple kɔnu vlowo ta la, nye ŋutɔ maɖe nye amenuveve ɖa le mia dzi. Nyemakpɔ nublanui na mi o, eye nyemaɖe mi o. 12 Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’ 13 “Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi. 14 “Miazu gbegbe, alɔmeɖenu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome, le emetsolawo katã ƒe ŋkume. 15 Miazu alɔmeɖenu, vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzi na dukɔ siwo ƒo xlã mi ne mehe to na mi le nye dɔmedzoe kple dziku me. Nye Yehowae gblɔe. 16 Ne metsɔ nye dɔwuame ƒe aŋutrɔ siwo hea ku vɛ, eye wogblẽa nu da mi la, mada wo be woatsrɔ̃ mi. Mana dɔwuame nagasẽ ɖe edzi wu tsã le mia dome, eye maxe mɔ na nuɖuɖu ƒe mia gbɔ ɖoɖo. 17 Mana dɔwuame kple lã wɔadãwo nava mia dzi, eye woana viwo maganɔ mia si o. Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi ava mia dzi, eye matsɔ yi ɖe mia ŋu. Nye Yehowae gblɔe.”

In Other Versions

Ezekiel 5 in the ANGEFD

Ezekiel 5 in the ANTPNG2D

Ezekiel 5 in the AS21

Ezekiel 5 in the BAGH

Ezekiel 5 in the BBPNG

Ezekiel 5 in the BBT1E

Ezekiel 5 in the BDS

Ezekiel 5 in the BEV

Ezekiel 5 in the BHAD

Ezekiel 5 in the BIB

Ezekiel 5 in the BLPT

Ezekiel 5 in the BNT

Ezekiel 5 in the BNTABOOT

Ezekiel 5 in the BNTLV

Ezekiel 5 in the BOATCB

Ezekiel 5 in the BOATCB2

Ezekiel 5 in the BOBCV

Ezekiel 5 in the BOCNT

Ezekiel 5 in the BOGWICC

Ezekiel 5 in the BOHCB

Ezekiel 5 in the BOHCV

Ezekiel 5 in the BOHLNT

Ezekiel 5 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 5 in the BOICB

Ezekiel 5 in the BOILNTAP

Ezekiel 5 in the BOITCV

Ezekiel 5 in the BOKCV

Ezekiel 5 in the BOKCV2

Ezekiel 5 in the BOKHWOG

Ezekiel 5 in the BOKSSV

Ezekiel 5 in the BOLCB

Ezekiel 5 in the BOLCB2

Ezekiel 5 in the BOMCV

Ezekiel 5 in the BONAV

Ezekiel 5 in the BONCB

Ezekiel 5 in the BONLT

Ezekiel 5 in the BONUT2

Ezekiel 5 in the BOPLNT

Ezekiel 5 in the BOSCB

Ezekiel 5 in the BOSNC

Ezekiel 5 in the BOTLNT

Ezekiel 5 in the BOVCB

Ezekiel 5 in the BOYCB

Ezekiel 5 in the BPBB

Ezekiel 5 in the BPH

Ezekiel 5 in the BSB

Ezekiel 5 in the CCB

Ezekiel 5 in the CUV

Ezekiel 5 in the CUVS

Ezekiel 5 in the DBT

Ezekiel 5 in the DGDNT

Ezekiel 5 in the DHNT

Ezekiel 5 in the DNT

Ezekiel 5 in the ELBE

Ezekiel 5 in the EMTV

Ezekiel 5 in the ESV

Ezekiel 5 in the FBV

Ezekiel 5 in the FEB

Ezekiel 5 in the GGMNT

Ezekiel 5 in the GNT

Ezekiel 5 in the HARY

Ezekiel 5 in the HNT

Ezekiel 5 in the IRVA

Ezekiel 5 in the IRVB

Ezekiel 5 in the IRVG

Ezekiel 5 in the IRVH

Ezekiel 5 in the IRVK

Ezekiel 5 in the IRVM

Ezekiel 5 in the IRVM2

Ezekiel 5 in the IRVO

Ezekiel 5 in the IRVP

Ezekiel 5 in the IRVT

Ezekiel 5 in the IRVT2

Ezekiel 5 in the IRVU

Ezekiel 5 in the ISVN

Ezekiel 5 in the JSNT

Ezekiel 5 in the KAPI

Ezekiel 5 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 5 in the KBV

Ezekiel 5 in the KJV

Ezekiel 5 in the KNFD

Ezekiel 5 in the LBA

Ezekiel 5 in the LBLA

Ezekiel 5 in the LNT

Ezekiel 5 in the LSV

Ezekiel 5 in the MAAL

Ezekiel 5 in the MBV

Ezekiel 5 in the MBV2

Ezekiel 5 in the MHNT

Ezekiel 5 in the MKNFD

Ezekiel 5 in the MNG

Ezekiel 5 in the MNT

Ezekiel 5 in the MNT2

Ezekiel 5 in the MRS1T

Ezekiel 5 in the NAA

Ezekiel 5 in the NASB

Ezekiel 5 in the NBLA

Ezekiel 5 in the NBS

Ezekiel 5 in the NBVTP

Ezekiel 5 in the NET2

Ezekiel 5 in the NIV11

Ezekiel 5 in the NNT

Ezekiel 5 in the NNT2

Ezekiel 5 in the NNT3

Ezekiel 5 in the PDDPT

Ezekiel 5 in the PFNT

Ezekiel 5 in the RMNT

Ezekiel 5 in the SBIAS

Ezekiel 5 in the SBIBS

Ezekiel 5 in the SBIBS2

Ezekiel 5 in the SBICS

Ezekiel 5 in the SBIDS

Ezekiel 5 in the SBIGS

Ezekiel 5 in the SBIHS

Ezekiel 5 in the SBIIS

Ezekiel 5 in the SBIIS2

Ezekiel 5 in the SBIIS3

Ezekiel 5 in the SBIKS

Ezekiel 5 in the SBIKS2

Ezekiel 5 in the SBIMS

Ezekiel 5 in the SBIOS

Ezekiel 5 in the SBIPS

Ezekiel 5 in the SBISS

Ezekiel 5 in the SBITS

Ezekiel 5 in the SBITS2

Ezekiel 5 in the SBITS3

Ezekiel 5 in the SBITS4

Ezekiel 5 in the SBIUS

Ezekiel 5 in the SBIVS

Ezekiel 5 in the SBT

Ezekiel 5 in the SBT1E

Ezekiel 5 in the SCHL

Ezekiel 5 in the SNT

Ezekiel 5 in the SUSU

Ezekiel 5 in the SUSU2

Ezekiel 5 in the SYNO

Ezekiel 5 in the TBIAOTANT

Ezekiel 5 in the TBT1E

Ezekiel 5 in the TBT1E2

Ezekiel 5 in the TFTIP

Ezekiel 5 in the TFTU

Ezekiel 5 in the TGNTATF3T

Ezekiel 5 in the THAI

Ezekiel 5 in the TNFD

Ezekiel 5 in the TNT

Ezekiel 5 in the TNTIK

Ezekiel 5 in the TNTIL

Ezekiel 5 in the TNTIN

Ezekiel 5 in the TNTIP

Ezekiel 5 in the TNTIZ

Ezekiel 5 in the TOMA

Ezekiel 5 in the TTENT

Ezekiel 5 in the UBG

Ezekiel 5 in the UGV

Ezekiel 5 in the UGV2

Ezekiel 5 in the UGV3

Ezekiel 5 in the VBL

Ezekiel 5 in the VDCC

Ezekiel 5 in the YALU

Ezekiel 5 in the YAPE

Ezekiel 5 in the YBVTP

Ezekiel 5 in the ZBP