Ezra 10 (BOECS)

1 Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie. 2 Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko. 3 Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu. 4 Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.” 5 Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la. 6 Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu. 7 Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem. 8 Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame. 9 Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta. 10 Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi. 11 Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.” 12 Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene, 13 gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me. 14 Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.” 15 Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo. 16 Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me, 17 eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu. 18 Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia. 19 Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene. 20 Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome:Hanani kple Zebadia. 21 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome:Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia. 22 Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome:Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa. 23 Tso Levitɔwo dome:Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer. 24 Tso hadzilawo dome:Eliasib.Tso agbonudzɔlawo dome:Salum, Telem kple Uri. 25 Tso Israelvi bubuwo dome:Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome:Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya. 26 Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome:Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya. 27 Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome:Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza. 28 Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome:Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai. 29 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome:Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot. 30 Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome:Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase. 31 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome:Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon, 32 Benyamin; Maluk kple Semaria. 33 Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei. 34 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome:Madai, Amram, Uel, 35 Benaya, Bedeya, Keluhi, 36 Vania, Meremot, Eliasib, 37 Matania, Matenai kple Yaasu. 38 Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome:Simei, 39 Selemia, Natan, Adaya, 40 Maknadebai, Sasai, Sarai, 41 Azarel, Selemia, Semaria, 42 Salum, Amaria kple Yosef. 43 Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome:Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya. 44 Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo.

In Other Versions

Ezra 10 in the ANGEFD

Ezra 10 in the ANTPNG2D

Ezra 10 in the AS21

Ezra 10 in the BAGH

Ezra 10 in the BBPNG

Ezra 10 in the BBT1E

Ezra 10 in the BDS

Ezra 10 in the BEV

Ezra 10 in the BHAD

Ezra 10 in the BIB

Ezra 10 in the BLPT

Ezra 10 in the BNT

Ezra 10 in the BNTABOOT

Ezra 10 in the BNTLV

Ezra 10 in the BOATCB

Ezra 10 in the BOATCB2

Ezra 10 in the BOBCV

Ezra 10 in the BOCNT

Ezra 10 in the BOGWICC

Ezra 10 in the BOHCB

Ezra 10 in the BOHCV

Ezra 10 in the BOHLNT

Ezra 10 in the BOHNTLTAL

Ezra 10 in the BOICB

Ezra 10 in the BOILNTAP

Ezra 10 in the BOITCV

Ezra 10 in the BOKCV

Ezra 10 in the BOKCV2

Ezra 10 in the BOKHWOG

Ezra 10 in the BOKSSV

Ezra 10 in the BOLCB

Ezra 10 in the BOLCB2

Ezra 10 in the BOMCV

Ezra 10 in the BONAV

Ezra 10 in the BONCB

Ezra 10 in the BONLT

Ezra 10 in the BONUT2

Ezra 10 in the BOPLNT

Ezra 10 in the BOSCB

Ezra 10 in the BOSNC

Ezra 10 in the BOTLNT

Ezra 10 in the BOVCB

Ezra 10 in the BOYCB

Ezra 10 in the BPBB

Ezra 10 in the BPH

Ezra 10 in the BSB

Ezra 10 in the CCB

Ezra 10 in the CUV

Ezra 10 in the CUVS

Ezra 10 in the DBT

Ezra 10 in the DGDNT

Ezra 10 in the DHNT

Ezra 10 in the DNT

Ezra 10 in the ELBE

Ezra 10 in the EMTV

Ezra 10 in the ESV

Ezra 10 in the FBV

Ezra 10 in the FEB

Ezra 10 in the GGMNT

Ezra 10 in the GNT

Ezra 10 in the HARY

Ezra 10 in the HNT

Ezra 10 in the IRVA

Ezra 10 in the IRVB

Ezra 10 in the IRVG

Ezra 10 in the IRVH

Ezra 10 in the IRVK

Ezra 10 in the IRVM

Ezra 10 in the IRVM2

Ezra 10 in the IRVO

Ezra 10 in the IRVP

Ezra 10 in the IRVT

Ezra 10 in the IRVT2

Ezra 10 in the IRVU

Ezra 10 in the ISVN

Ezra 10 in the JSNT

Ezra 10 in the KAPI

Ezra 10 in the KBT1ETNIK

Ezra 10 in the KBV

Ezra 10 in the KJV

Ezra 10 in the KNFD

Ezra 10 in the LBA

Ezra 10 in the LBLA

Ezra 10 in the LNT

Ezra 10 in the LSV

Ezra 10 in the MAAL

Ezra 10 in the MBV

Ezra 10 in the MBV2

Ezra 10 in the MHNT

Ezra 10 in the MKNFD

Ezra 10 in the MNG

Ezra 10 in the MNT

Ezra 10 in the MNT2

Ezra 10 in the MRS1T

Ezra 10 in the NAA

Ezra 10 in the NASB

Ezra 10 in the NBLA

Ezra 10 in the NBS

Ezra 10 in the NBVTP

Ezra 10 in the NET2

Ezra 10 in the NIV11

Ezra 10 in the NNT

Ezra 10 in the NNT2

Ezra 10 in the NNT3

Ezra 10 in the PDDPT

Ezra 10 in the PFNT

Ezra 10 in the RMNT

Ezra 10 in the SBIAS

Ezra 10 in the SBIBS

Ezra 10 in the SBIBS2

Ezra 10 in the SBICS

Ezra 10 in the SBIDS

Ezra 10 in the SBIGS

Ezra 10 in the SBIHS

Ezra 10 in the SBIIS

Ezra 10 in the SBIIS2

Ezra 10 in the SBIIS3

Ezra 10 in the SBIKS

Ezra 10 in the SBIKS2

Ezra 10 in the SBIMS

Ezra 10 in the SBIOS

Ezra 10 in the SBIPS

Ezra 10 in the SBISS

Ezra 10 in the SBITS

Ezra 10 in the SBITS2

Ezra 10 in the SBITS3

Ezra 10 in the SBITS4

Ezra 10 in the SBIUS

Ezra 10 in the SBIVS

Ezra 10 in the SBT

Ezra 10 in the SBT1E

Ezra 10 in the SCHL

Ezra 10 in the SNT

Ezra 10 in the SUSU

Ezra 10 in the SUSU2

Ezra 10 in the SYNO

Ezra 10 in the TBIAOTANT

Ezra 10 in the TBT1E

Ezra 10 in the TBT1E2

Ezra 10 in the TFTIP

Ezra 10 in the TFTU

Ezra 10 in the TGNTATF3T

Ezra 10 in the THAI

Ezra 10 in the TNFD

Ezra 10 in the TNT

Ezra 10 in the TNTIK

Ezra 10 in the TNTIL

Ezra 10 in the TNTIN

Ezra 10 in the TNTIP

Ezra 10 in the TNTIZ

Ezra 10 in the TOMA

Ezra 10 in the TTENT

Ezra 10 in the UBG

Ezra 10 in the UGV

Ezra 10 in the UGV2

Ezra 10 in the UGV3

Ezra 10 in the VBL

Ezra 10 in the VDCC

Ezra 10 in the YALU

Ezra 10 in the YAPE

Ezra 10 in the YBVTP

Ezra 10 in the ZBP