Ezra 3 (BOECS)

1 Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo nɔ woƒe duwo me nyuie vɔ la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yerusalem abe ame ɖekawo ene. 2 Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu. 3 Togbɔ be wovɔ̃ na ame siwo ƒo xlã wo hã la, woɖi vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi, eye wosa ŋdi kple fiẽ numevɔsawo le edzi na Yehowa. 4 Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe. 5 Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa. 6 Togbɔ be womeɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi haɖe o hã la, wodze vɔsasa na Yehowa gɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. 7 Azɔ la, wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu, nunono kple ami na Sidontɔwo kple Tirotɔwo, be woatsɔ sedati lalãwo tso Lebanon ato ƒu dzi ava kɔ ɖe Yopa, le Persia fia, Sirus ƒe mɔnana nu. 8 Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi. 9 Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me. 10 Esi xɔtulawo ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe vɔ la, nunɔlawo nɔ woƒe awu ʋlayawo me, lé kpẽwo ɖe asi kple Levitɔ siwo tso Asaf ƒe ƒome me, lé asiʋuiwo ɖe asi, eye woyi ɖanɔ woƒe nɔƒewo be woakafu Yehowa, abe ale si Israel fia, David ɖoe da ɖi ene. 11 Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be,“Eƒe dɔ me nyo,eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.”Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ. 12 Ke esi nunɔla tsitsi geɖewo, Levitɔwo kple ƒometatɔwo, ame siwo kpɔ gbedoxɔ xoxo la kpɔ, eye wogakpɔ yeyea ƒe gɔmeɖoƒe la, wo katã fa avi kple ɣli, ke ame bubu geɖewo ya do dzidzɔɣli. 13 Ame aɖeke mate ŋu ade vovototo dzidzɔɣli la kple aviɣli la dome o, elabena ameawo ƒe aseyetsotso de dzi ŋutɔ. Ale wose woƒe ɣli la le didiƒe ke.

In Other Versions

Ezra 3 in the ANGEFD

Ezra 3 in the ANTPNG2D

Ezra 3 in the AS21

Ezra 3 in the BAGH

Ezra 3 in the BBPNG

Ezra 3 in the BBT1E

Ezra 3 in the BDS

Ezra 3 in the BEV

Ezra 3 in the BHAD

Ezra 3 in the BIB

Ezra 3 in the BLPT

Ezra 3 in the BNT

Ezra 3 in the BNTABOOT

Ezra 3 in the BNTLV

Ezra 3 in the BOATCB

Ezra 3 in the BOATCB2

Ezra 3 in the BOBCV

Ezra 3 in the BOCNT

Ezra 3 in the BOGWICC

Ezra 3 in the BOHCB

Ezra 3 in the BOHCV

Ezra 3 in the BOHLNT

Ezra 3 in the BOHNTLTAL

Ezra 3 in the BOICB

Ezra 3 in the BOILNTAP

Ezra 3 in the BOITCV

Ezra 3 in the BOKCV

Ezra 3 in the BOKCV2

Ezra 3 in the BOKHWOG

Ezra 3 in the BOKSSV

Ezra 3 in the BOLCB

Ezra 3 in the BOLCB2

Ezra 3 in the BOMCV

Ezra 3 in the BONAV

Ezra 3 in the BONCB

Ezra 3 in the BONLT

Ezra 3 in the BONUT2

Ezra 3 in the BOPLNT

Ezra 3 in the BOSCB

Ezra 3 in the BOSNC

Ezra 3 in the BOTLNT

Ezra 3 in the BOVCB

Ezra 3 in the BOYCB

Ezra 3 in the BPBB

Ezra 3 in the BPH

Ezra 3 in the BSB

Ezra 3 in the CCB

Ezra 3 in the CUV

Ezra 3 in the CUVS

Ezra 3 in the DBT

Ezra 3 in the DGDNT

Ezra 3 in the DHNT

Ezra 3 in the DNT

Ezra 3 in the ELBE

Ezra 3 in the EMTV

Ezra 3 in the ESV

Ezra 3 in the FBV

Ezra 3 in the FEB

Ezra 3 in the GGMNT

Ezra 3 in the GNT

Ezra 3 in the HARY

Ezra 3 in the HNT

Ezra 3 in the IRVA

Ezra 3 in the IRVB

Ezra 3 in the IRVG

Ezra 3 in the IRVH

Ezra 3 in the IRVK

Ezra 3 in the IRVM

Ezra 3 in the IRVM2

Ezra 3 in the IRVO

Ezra 3 in the IRVP

Ezra 3 in the IRVT

Ezra 3 in the IRVT2

Ezra 3 in the IRVU

Ezra 3 in the ISVN

Ezra 3 in the JSNT

Ezra 3 in the KAPI

Ezra 3 in the KBT1ETNIK

Ezra 3 in the KBV

Ezra 3 in the KJV

Ezra 3 in the KNFD

Ezra 3 in the LBA

Ezra 3 in the LBLA

Ezra 3 in the LNT

Ezra 3 in the LSV

Ezra 3 in the MAAL

Ezra 3 in the MBV

Ezra 3 in the MBV2

Ezra 3 in the MHNT

Ezra 3 in the MKNFD

Ezra 3 in the MNG

Ezra 3 in the MNT

Ezra 3 in the MNT2

Ezra 3 in the MRS1T

Ezra 3 in the NAA

Ezra 3 in the NASB

Ezra 3 in the NBLA

Ezra 3 in the NBS

Ezra 3 in the NBVTP

Ezra 3 in the NET2

Ezra 3 in the NIV11

Ezra 3 in the NNT

Ezra 3 in the NNT2

Ezra 3 in the NNT3

Ezra 3 in the PDDPT

Ezra 3 in the PFNT

Ezra 3 in the RMNT

Ezra 3 in the SBIAS

Ezra 3 in the SBIBS

Ezra 3 in the SBIBS2

Ezra 3 in the SBICS

Ezra 3 in the SBIDS

Ezra 3 in the SBIGS

Ezra 3 in the SBIHS

Ezra 3 in the SBIIS

Ezra 3 in the SBIIS2

Ezra 3 in the SBIIS3

Ezra 3 in the SBIKS

Ezra 3 in the SBIKS2

Ezra 3 in the SBIMS

Ezra 3 in the SBIOS

Ezra 3 in the SBIPS

Ezra 3 in the SBISS

Ezra 3 in the SBITS

Ezra 3 in the SBITS2

Ezra 3 in the SBITS3

Ezra 3 in the SBITS4

Ezra 3 in the SBIUS

Ezra 3 in the SBIVS

Ezra 3 in the SBT

Ezra 3 in the SBT1E

Ezra 3 in the SCHL

Ezra 3 in the SNT

Ezra 3 in the SUSU

Ezra 3 in the SUSU2

Ezra 3 in the SYNO

Ezra 3 in the TBIAOTANT

Ezra 3 in the TBT1E

Ezra 3 in the TBT1E2

Ezra 3 in the TFTIP

Ezra 3 in the TFTU

Ezra 3 in the TGNTATF3T

Ezra 3 in the THAI

Ezra 3 in the TNFD

Ezra 3 in the TNT

Ezra 3 in the TNTIK

Ezra 3 in the TNTIL

Ezra 3 in the TNTIN

Ezra 3 in the TNTIP

Ezra 3 in the TNTIZ

Ezra 3 in the TOMA

Ezra 3 in the TTENT

Ezra 3 in the UBG

Ezra 3 in the UGV

Ezra 3 in the UGV2

Ezra 3 in the UGV3

Ezra 3 in the VBL

Ezra 3 in the VDCC

Ezra 3 in the YALU

Ezra 3 in the YAPE

Ezra 3 in the YBVTP

Ezra 3 in the ZBP