Genesis 17 (BOECS)
1 Esi Abram xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene. 2 Maɖo kpe nubabla si le nye kpli wò dome la dzi, eye miadzi ɖe edzi fũu.” 3 Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ nɛ be, 4 “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.” 5 Mawu yi edzi be, “Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe. 6 Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome! 7 “Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo. 8 Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.” 9 Eye Mawu gblɔ na Abraham be, “Ele na wò be nàlé nye nubabla me ɖe asi, wò kple wò dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me. 10 Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. 11 Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be wò kple wò dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia. 12 Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na wò kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple wò ŋutɔ wò dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na wò dzidzimeviwo katã. 13 Ele be woatso aʋa na ame sia ame. Ele be woato mɔ sia nu ade dzesi miaƒe ŋutilã be mianye gomekpɔlawo le nye nubabla mavɔ la me. 14 Woaɖe ame sia ame si metso aʋa o la ɖa le eƒe ƒometɔwo dome, elabena mewɔ nye nubabla la dzi o.” 15 Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, “Womagayɔ srɔ̃wò be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be, ‘Sara’ si gɔmee nye ‘Fiavinyɔnu.’ 16 Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.” 17 Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?” 18 Abraham gblɔ na Mawu be, “Meɖe kuku, yra Ismael nam ko!” 19 Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. 20 Melɔ̃ be mayra Ismael hã abe ale si nèbiae ene. Mana wòadzi asɔ gbɔ, eye wòazu dukɔ gã aɖe. Fiavi ŋutsuvi wuieve anɔ eƒe dzidzimeviwo dome. 21 Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.” 22 Ale Abraham kple Mawu ƒe dzeɖoɖo wu enu, eye Mawu dzo. 23 Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene. 24 Le ɣe ma ɣi me la, Abraham xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa nɛ, 25 eye Via ŋutsuvi, Ismael, xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ. 26 Wotso aʋa na Abraham kple Via ŋutsuvi, Ismael, le ŋkeke ɖeka ma dzi. 27 Eye wotso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le Abraham ƒe aƒe me, ame si wodzi le eƒe aƒe me kple kluvi si woƒle le amedzro aɖe si siaa.
In Other Versions
Genesis 17 in the ANGEFD
Genesis 17 in the ANTPNG2D
Genesis 17 in the AS21
Genesis 17 in the BAGH
Genesis 17 in the BBPNG
Genesis 17 in the BBT1E
Genesis 17 in the BDS
Genesis 17 in the BEV
Genesis 17 in the BHAD
Genesis 17 in the BIB
Genesis 17 in the BLPT
Genesis 17 in the BNT
Genesis 17 in the BNTABOOT
Genesis 17 in the BNTLV
Genesis 17 in the BOATCB
Genesis 17 in the BOATCB2
Genesis 17 in the BOBCV
Genesis 17 in the BOCNT
Genesis 17 in the BOGWICC
Genesis 17 in the BOHCB
Genesis 17 in the BOHCV
Genesis 17 in the BOHLNT
Genesis 17 in the BOHNTLTAL
Genesis 17 in the BOICB
Genesis 17 in the BOILNTAP
Genesis 17 in the BOITCV
Genesis 17 in the BOKCV
Genesis 17 in the BOKCV2
Genesis 17 in the BOKHWOG
Genesis 17 in the BOKSSV
Genesis 17 in the BOLCB
Genesis 17 in the BOLCB2
Genesis 17 in the BOMCV
Genesis 17 in the BONAV
Genesis 17 in the BONCB
Genesis 17 in the BONLT
Genesis 17 in the BONUT2
Genesis 17 in the BOPLNT
Genesis 17 in the BOSCB
Genesis 17 in the BOSNC
Genesis 17 in the BOTLNT
Genesis 17 in the BOVCB
Genesis 17 in the BOYCB
Genesis 17 in the BPBB
Genesis 17 in the BPH
Genesis 17 in the BSB
Genesis 17 in the CCB
Genesis 17 in the CUV
Genesis 17 in the CUVS
Genesis 17 in the DBT
Genesis 17 in the DGDNT
Genesis 17 in the DHNT
Genesis 17 in the DNT
Genesis 17 in the ELBE
Genesis 17 in the EMTV
Genesis 17 in the ESV
Genesis 17 in the FBV
Genesis 17 in the FEB
Genesis 17 in the GGMNT
Genesis 17 in the GNT
Genesis 17 in the HARY
Genesis 17 in the HNT
Genesis 17 in the IRVA
Genesis 17 in the IRVB
Genesis 17 in the IRVG
Genesis 17 in the IRVH
Genesis 17 in the IRVK
Genesis 17 in the IRVM
Genesis 17 in the IRVM2
Genesis 17 in the IRVO
Genesis 17 in the IRVP
Genesis 17 in the IRVT
Genesis 17 in the IRVT2
Genesis 17 in the IRVU
Genesis 17 in the ISVN
Genesis 17 in the JSNT
Genesis 17 in the KAPI
Genesis 17 in the KBT1ETNIK
Genesis 17 in the KBV
Genesis 17 in the KJV
Genesis 17 in the KNFD
Genesis 17 in the LBA
Genesis 17 in the LBLA
Genesis 17 in the LNT
Genesis 17 in the LSV
Genesis 17 in the MAAL
Genesis 17 in the MBV
Genesis 17 in the MBV2
Genesis 17 in the MHNT
Genesis 17 in the MKNFD
Genesis 17 in the MNG
Genesis 17 in the MNT
Genesis 17 in the MNT2
Genesis 17 in the MRS1T
Genesis 17 in the NAA
Genesis 17 in the NASB
Genesis 17 in the NBLA
Genesis 17 in the NBS
Genesis 17 in the NBVTP
Genesis 17 in the NET2
Genesis 17 in the NIV11
Genesis 17 in the NNT
Genesis 17 in the NNT2
Genesis 17 in the NNT3
Genesis 17 in the PDDPT
Genesis 17 in the PFNT
Genesis 17 in the RMNT
Genesis 17 in the SBIAS
Genesis 17 in the SBIBS
Genesis 17 in the SBIBS2
Genesis 17 in the SBICS
Genesis 17 in the SBIDS
Genesis 17 in the SBIGS
Genesis 17 in the SBIHS
Genesis 17 in the SBIIS
Genesis 17 in the SBIIS2
Genesis 17 in the SBIIS3
Genesis 17 in the SBIKS
Genesis 17 in the SBIKS2
Genesis 17 in the SBIMS
Genesis 17 in the SBIOS
Genesis 17 in the SBIPS
Genesis 17 in the SBISS
Genesis 17 in the SBITS
Genesis 17 in the SBITS2
Genesis 17 in the SBITS3
Genesis 17 in the SBITS4
Genesis 17 in the SBIUS
Genesis 17 in the SBIVS
Genesis 17 in the SBT
Genesis 17 in the SBT1E
Genesis 17 in the SCHL
Genesis 17 in the SNT
Genesis 17 in the SUSU
Genesis 17 in the SUSU2
Genesis 17 in the SYNO
Genesis 17 in the TBIAOTANT
Genesis 17 in the TBT1E
Genesis 17 in the TBT1E2
Genesis 17 in the TFTIP
Genesis 17 in the TFTU
Genesis 17 in the TGNTATF3T
Genesis 17 in the THAI
Genesis 17 in the TNFD
Genesis 17 in the TNT
Genesis 17 in the TNTIK
Genesis 17 in the TNTIL
Genesis 17 in the TNTIN
Genesis 17 in the TNTIP
Genesis 17 in the TNTIZ
Genesis 17 in the TOMA
Genesis 17 in the TTENT
Genesis 17 in the UBG
Genesis 17 in the UGV
Genesis 17 in the UGV2
Genesis 17 in the UGV3
Genesis 17 in the VBL
Genesis 17 in the VDCC
Genesis 17 in the YALU
Genesis 17 in the YAPE
Genesis 17 in the YBVTP
Genesis 17 in the ZBP