Genesis 25 (BOECS)

1 Abraham gaɖe srɔ̃ bubu, ame si ŋkɔe nye Ketura. 2 Edzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua na Abraham. 3 Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim. 4 Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo. 5 Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak; 6 ke ena nu vi siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la hã, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be womanɔ teƒe ɖeka kple Isak o. 7 Abraham ƒe agbenɔƒewo katã nɔ ƒe alafa ɖeka blaadre-vɔ-atɔ̃. 8 Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 9 Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi. 10 Teƒe siae Abraham ƒle le Hititɔ la si; afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a ɖo. 11 Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu kɔ yayra geɖewo ɖe Isak dzi. Fifia Isak ʋu yi ɖanɔ Beer Lahoi Roi. 12 Esia nye Ismael, Abraham ƒe viŋutsu, ame si Hagar, Egiptetɔ si nye Sara ƒe dɔlanyɔnu dzi na Abraham la ƒe ŋutinya. 13 Ismael ƒe viwoe nye: Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ,Kedar, Adbel, Mibsam, 14 Misma, Duma, Masa, 15 Hadad, Tema, Yetur,Nafis kple Kedema. 16 Viŋutsu wuieve siawo nye Ismael vi siwo va zu fia na to wuieveawo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo na toawo. 17 Mlɔeba la, Ismael va ku le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 18 Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo. 19 Abraham ƒe vi Isak ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya yi ale. Abraham ye dzi Isak. 20 Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi. 21 Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu. 22 Edze na Rebeka abe ɖevi evee nɔ avu wɔm le eƒe dɔ me ene!Egblɔ be, “Nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nu sia nu o.” Ale wòbia gbe Yehowa tso eŋu. 23 Yehowa gblɔ nɛ be,“Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò laazu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo.Ɖeka asesẽ wu evelia,eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.” 24 Le nyateƒe me la, edzi evenɔviwo. 25 Ɖa dzĩ nɔ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be “Esau.” 26 Wodzi ɖevi evelia wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi. Nu sia tae wona ŋkɔe be Yakob si gɔmee nye, “Nuhala” ɖo. Isak xɔ ƒe blaade esi wòdzi evenɔviawo. 27 Esi ɖeviawo tsi la, Esau zu adela xɔŋkɔ aɖe, ke Yakob ya zu ame fafa aɖe si lɔ̃a aƒemenɔnɔ. 28 Ɖeviawo dometɔ si Isak lɔ̃ wu lae nye Esau, le adelã si wòtsɔna vaa aƒe mee ta; ke esi Rebeka lɔ̃ wu lae nye Yakob. 29 Gbe ɖeka la, Yakob nɔ detsi ƒom esime Esau gbɔ tso adegbe. 30 Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.” 31 Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.” 32 Esau gblɔ be, “Ne dɔ le ame aɖe wum wòɖo kudo nu ɖe, viɖe kae gale eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu nɛ?” 33 Yakob xɔ edzi gblɔ be, “Enyo, ekema ka atam na Mawu be ŋgɔgbevinyenye la zu tɔnye.”Esau ka atam, eye wòto esia me dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye la na nɔvia suetɔ, 34 eye Yakob tsɔ abolo, ayi kple dedetsi na Esau wòɖu, no tsi ɖe edzi, eye wòyi eƒe wɔnawo dzi.Ke Esau metsɔ ɖeke le eme be yeɖe asi le yeƒe ŋgɔgbevinyenye ŋuti nenema o.

In Other Versions

Genesis 25 in the ANGEFD

Genesis 25 in the ANTPNG2D

Genesis 25 in the AS21

Genesis 25 in the BAGH

Genesis 25 in the BBPNG

Genesis 25 in the BBT1E

Genesis 25 in the BDS

Genesis 25 in the BEV

Genesis 25 in the BHAD

Genesis 25 in the BIB

Genesis 25 in the BLPT

Genesis 25 in the BNT

Genesis 25 in the BNTABOOT

Genesis 25 in the BNTLV

Genesis 25 in the BOATCB

Genesis 25 in the BOATCB2

Genesis 25 in the BOBCV

Genesis 25 in the BOCNT

Genesis 25 in the BOGWICC

Genesis 25 in the BOHCB

Genesis 25 in the BOHCV

Genesis 25 in the BOHLNT

Genesis 25 in the BOHNTLTAL

Genesis 25 in the BOICB

Genesis 25 in the BOILNTAP

Genesis 25 in the BOITCV

Genesis 25 in the BOKCV

Genesis 25 in the BOKCV2

Genesis 25 in the BOKHWOG

Genesis 25 in the BOKSSV

Genesis 25 in the BOLCB

Genesis 25 in the BOLCB2

Genesis 25 in the BOMCV

Genesis 25 in the BONAV

Genesis 25 in the BONCB

Genesis 25 in the BONLT

Genesis 25 in the BONUT2

Genesis 25 in the BOPLNT

Genesis 25 in the BOSCB

Genesis 25 in the BOSNC

Genesis 25 in the BOTLNT

Genesis 25 in the BOVCB

Genesis 25 in the BOYCB

Genesis 25 in the BPBB

Genesis 25 in the BPH

Genesis 25 in the BSB

Genesis 25 in the CCB

Genesis 25 in the CUV

Genesis 25 in the CUVS

Genesis 25 in the DBT

Genesis 25 in the DGDNT

Genesis 25 in the DHNT

Genesis 25 in the DNT

Genesis 25 in the ELBE

Genesis 25 in the EMTV

Genesis 25 in the ESV

Genesis 25 in the FBV

Genesis 25 in the FEB

Genesis 25 in the GGMNT

Genesis 25 in the GNT

Genesis 25 in the HARY

Genesis 25 in the HNT

Genesis 25 in the IRVA

Genesis 25 in the IRVB

Genesis 25 in the IRVG

Genesis 25 in the IRVH

Genesis 25 in the IRVK

Genesis 25 in the IRVM

Genesis 25 in the IRVM2

Genesis 25 in the IRVO

Genesis 25 in the IRVP

Genesis 25 in the IRVT

Genesis 25 in the IRVT2

Genesis 25 in the IRVU

Genesis 25 in the ISVN

Genesis 25 in the JSNT

Genesis 25 in the KAPI

Genesis 25 in the KBT1ETNIK

Genesis 25 in the KBV

Genesis 25 in the KJV

Genesis 25 in the KNFD

Genesis 25 in the LBA

Genesis 25 in the LBLA

Genesis 25 in the LNT

Genesis 25 in the LSV

Genesis 25 in the MAAL

Genesis 25 in the MBV

Genesis 25 in the MBV2

Genesis 25 in the MHNT

Genesis 25 in the MKNFD

Genesis 25 in the MNG

Genesis 25 in the MNT

Genesis 25 in the MNT2

Genesis 25 in the MRS1T

Genesis 25 in the NAA

Genesis 25 in the NASB

Genesis 25 in the NBLA

Genesis 25 in the NBS

Genesis 25 in the NBVTP

Genesis 25 in the NET2

Genesis 25 in the NIV11

Genesis 25 in the NNT

Genesis 25 in the NNT2

Genesis 25 in the NNT3

Genesis 25 in the PDDPT

Genesis 25 in the PFNT

Genesis 25 in the RMNT

Genesis 25 in the SBIAS

Genesis 25 in the SBIBS

Genesis 25 in the SBIBS2

Genesis 25 in the SBICS

Genesis 25 in the SBIDS

Genesis 25 in the SBIGS

Genesis 25 in the SBIHS

Genesis 25 in the SBIIS

Genesis 25 in the SBIIS2

Genesis 25 in the SBIIS3

Genesis 25 in the SBIKS

Genesis 25 in the SBIKS2

Genesis 25 in the SBIMS

Genesis 25 in the SBIOS

Genesis 25 in the SBIPS

Genesis 25 in the SBISS

Genesis 25 in the SBITS

Genesis 25 in the SBITS2

Genesis 25 in the SBITS3

Genesis 25 in the SBITS4

Genesis 25 in the SBIUS

Genesis 25 in the SBIVS

Genesis 25 in the SBT

Genesis 25 in the SBT1E

Genesis 25 in the SCHL

Genesis 25 in the SNT

Genesis 25 in the SUSU

Genesis 25 in the SUSU2

Genesis 25 in the SYNO

Genesis 25 in the TBIAOTANT

Genesis 25 in the TBT1E

Genesis 25 in the TBT1E2

Genesis 25 in the TFTIP

Genesis 25 in the TFTU

Genesis 25 in the TGNTATF3T

Genesis 25 in the THAI

Genesis 25 in the TNFD

Genesis 25 in the TNT

Genesis 25 in the TNTIK

Genesis 25 in the TNTIL

Genesis 25 in the TNTIN

Genesis 25 in the TNTIP

Genesis 25 in the TNTIZ

Genesis 25 in the TOMA

Genesis 25 in the TTENT

Genesis 25 in the UBG

Genesis 25 in the UGV

Genesis 25 in the UGV2

Genesis 25 in the UGV3

Genesis 25 in the VBL

Genesis 25 in the VDCC

Genesis 25 in the YALU

Genesis 25 in the YAPE

Genesis 25 in the YBVTP

Genesis 25 in the ZBP