Genesis 3 (BOECS)

1 Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?” 2 Nyɔnu la gblɔ na da la be, “Míate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe si le abɔ sia me la ƒe tsetse, 3 gake Mawu gblɔ be, ‘Migaɖu ati si le abɔ la titina ƒe tsetse o, migaka asi eŋu hã o, ne menye nenema o la, miaku.’ ” 4 Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o! 5 Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.” 6 Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu. 7 Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali. 8 Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome. 9 Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?” 10 Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.” 11 Mawu biae be, “Ame kae gblɔ na wò be èle amama? Ɖe nèɖu ati si ŋu mede se na mi le la ƒe tsetsea?” 12 Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.” 13 Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?”Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.” 14 Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la,“Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelãkple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome!Wò ƒodo dzi nàzɔeye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖule wò agbemeŋkekewo katã me. 15 Tso azɔ dzi la, made fulélewò kple nyɔnu la dome,eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome.Eya la agbã ta na wò,eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” 16 Mawu gblɔ na nyɔnu la be,“Àdzi vi le fukpekpekple vevesese geɖe me,gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko,eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.” 17 Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò.“Le wò agbemeŋkekewo katã me la,àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me. 18 Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò,eye nàɖu woƒe gbewo. 19 Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖuva se ɖe esime nàku.Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la;elabena anyi wotsɔ wɔ wòe,eye anyi ke nàgatrɔ azu.” 20 Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.” 21 Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. 22 Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” 23 Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi. 24 Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu.

In Other Versions

Genesis 3 in the ANGEFD

Genesis 3 in the ANTPNG2D

Genesis 3 in the AS21

Genesis 3 in the BAGH

Genesis 3 in the BBPNG

Genesis 3 in the BBT1E

Genesis 3 in the BDS

Genesis 3 in the BEV

Genesis 3 in the BHAD

Genesis 3 in the BIB

Genesis 3 in the BLPT

Genesis 3 in the BNT

Genesis 3 in the BNTABOOT

Genesis 3 in the BNTLV

Genesis 3 in the BOATCB

Genesis 3 in the BOATCB2

Genesis 3 in the BOBCV

Genesis 3 in the BOCNT

Genesis 3 in the BOGWICC

Genesis 3 in the BOHCB

Genesis 3 in the BOHCV

Genesis 3 in the BOHLNT

Genesis 3 in the BOHNTLTAL

Genesis 3 in the BOICB

Genesis 3 in the BOILNTAP

Genesis 3 in the BOITCV

Genesis 3 in the BOKCV

Genesis 3 in the BOKCV2

Genesis 3 in the BOKHWOG

Genesis 3 in the BOKSSV

Genesis 3 in the BOLCB

Genesis 3 in the BOLCB2

Genesis 3 in the BOMCV

Genesis 3 in the BONAV

Genesis 3 in the BONCB

Genesis 3 in the BONLT

Genesis 3 in the BONUT2

Genesis 3 in the BOPLNT

Genesis 3 in the BOSCB

Genesis 3 in the BOSNC

Genesis 3 in the BOTLNT

Genesis 3 in the BOVCB

Genesis 3 in the BOYCB

Genesis 3 in the BPBB

Genesis 3 in the BPH

Genesis 3 in the BSB

Genesis 3 in the CCB

Genesis 3 in the CUV

Genesis 3 in the CUVS

Genesis 3 in the DBT

Genesis 3 in the DGDNT

Genesis 3 in the DHNT

Genesis 3 in the DNT

Genesis 3 in the ELBE

Genesis 3 in the EMTV

Genesis 3 in the ESV

Genesis 3 in the FBV

Genesis 3 in the FEB

Genesis 3 in the GGMNT

Genesis 3 in the GNT

Genesis 3 in the HARY

Genesis 3 in the HNT

Genesis 3 in the IRVA

Genesis 3 in the IRVB

Genesis 3 in the IRVG

Genesis 3 in the IRVH

Genesis 3 in the IRVK

Genesis 3 in the IRVM

Genesis 3 in the IRVM2

Genesis 3 in the IRVO

Genesis 3 in the IRVP

Genesis 3 in the IRVT

Genesis 3 in the IRVT2

Genesis 3 in the IRVU

Genesis 3 in the ISVN

Genesis 3 in the JSNT

Genesis 3 in the KAPI

Genesis 3 in the KBT1ETNIK

Genesis 3 in the KBV

Genesis 3 in the KJV

Genesis 3 in the KNFD

Genesis 3 in the LBA

Genesis 3 in the LBLA

Genesis 3 in the LNT

Genesis 3 in the LSV

Genesis 3 in the MAAL

Genesis 3 in the MBV

Genesis 3 in the MBV2

Genesis 3 in the MHNT

Genesis 3 in the MKNFD

Genesis 3 in the MNG

Genesis 3 in the MNT

Genesis 3 in the MNT2

Genesis 3 in the MRS1T

Genesis 3 in the NAA

Genesis 3 in the NASB

Genesis 3 in the NBLA

Genesis 3 in the NBS

Genesis 3 in the NBVTP

Genesis 3 in the NET2

Genesis 3 in the NIV11

Genesis 3 in the NNT

Genesis 3 in the NNT2

Genesis 3 in the NNT3

Genesis 3 in the PDDPT

Genesis 3 in the PFNT

Genesis 3 in the RMNT

Genesis 3 in the SBIAS

Genesis 3 in the SBIBS

Genesis 3 in the SBIBS2

Genesis 3 in the SBICS

Genesis 3 in the SBIDS

Genesis 3 in the SBIGS

Genesis 3 in the SBIHS

Genesis 3 in the SBIIS

Genesis 3 in the SBIIS2

Genesis 3 in the SBIIS3

Genesis 3 in the SBIKS

Genesis 3 in the SBIKS2

Genesis 3 in the SBIMS

Genesis 3 in the SBIOS

Genesis 3 in the SBIPS

Genesis 3 in the SBISS

Genesis 3 in the SBITS

Genesis 3 in the SBITS2

Genesis 3 in the SBITS3

Genesis 3 in the SBITS4

Genesis 3 in the SBIUS

Genesis 3 in the SBIVS

Genesis 3 in the SBT

Genesis 3 in the SBT1E

Genesis 3 in the SCHL

Genesis 3 in the SNT

Genesis 3 in the SUSU

Genesis 3 in the SUSU2

Genesis 3 in the SYNO

Genesis 3 in the TBIAOTANT

Genesis 3 in the TBT1E

Genesis 3 in the TBT1E2

Genesis 3 in the TFTIP

Genesis 3 in the TFTU

Genesis 3 in the TGNTATF3T

Genesis 3 in the THAI

Genesis 3 in the TNFD

Genesis 3 in the TNT

Genesis 3 in the TNTIK

Genesis 3 in the TNTIL

Genesis 3 in the TNTIN

Genesis 3 in the TNTIP

Genesis 3 in the TNTIZ

Genesis 3 in the TOMA

Genesis 3 in the TTENT

Genesis 3 in the UBG

Genesis 3 in the UGV

Genesis 3 in the UGV2

Genesis 3 in the UGV3

Genesis 3 in the VBL

Genesis 3 in the VDCC

Genesis 3 in the YALU

Genesis 3 in the YAPE

Genesis 3 in the YBVTP

Genesis 3 in the ZBP