Hebrews 9 (BOECS)

1 Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã. 2 Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe. 3 Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. 4 Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti. 5 Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o. 6 Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ. 7 Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta. 8 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko. 9 Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o. 10 Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va. 11 Esi Kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe nunɔlagã ene la, eto agbadɔ si lolo hede blibo wu la me, agbadɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o. 12 Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí. 13 Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la, 14 ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la. 15 Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta. 16 Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi, 17 elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o. 18 Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o. 19 Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti. 20 Tete wògblɔ be, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.” 21 Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti. 22 Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o. 23 Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo. 24 Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe 25 Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si nunɔlagã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o. 26 Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me. 27 Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, 28 nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.

In Other Versions

Hebrews 9 in the ANGEFD

Hebrews 9 in the ANTPNG2D

Hebrews 9 in the AS21

Hebrews 9 in the BAGH

Hebrews 9 in the BBPNG

Hebrews 9 in the BBT1E

Hebrews 9 in the BDS

Hebrews 9 in the BEV

Hebrews 9 in the BHAD

Hebrews 9 in the BIB

Hebrews 9 in the BLPT

Hebrews 9 in the BNT

Hebrews 9 in the BNTABOOT

Hebrews 9 in the BNTLV

Hebrews 9 in the BOATCB

Hebrews 9 in the BOATCB2

Hebrews 9 in the BOBCV

Hebrews 9 in the BOCNT

Hebrews 9 in the BOGWICC

Hebrews 9 in the BOHCB

Hebrews 9 in the BOHCV

Hebrews 9 in the BOHLNT

Hebrews 9 in the BOHNTLTAL

Hebrews 9 in the BOICB

Hebrews 9 in the BOILNTAP

Hebrews 9 in the BOITCV

Hebrews 9 in the BOKCV

Hebrews 9 in the BOKCV2

Hebrews 9 in the BOKHWOG

Hebrews 9 in the BOKSSV

Hebrews 9 in the BOLCB

Hebrews 9 in the BOLCB2

Hebrews 9 in the BOMCV

Hebrews 9 in the BONAV

Hebrews 9 in the BONCB

Hebrews 9 in the BONLT

Hebrews 9 in the BONUT2

Hebrews 9 in the BOPLNT

Hebrews 9 in the BOSCB

Hebrews 9 in the BOSNC

Hebrews 9 in the BOTLNT

Hebrews 9 in the BOVCB

Hebrews 9 in the BOYCB

Hebrews 9 in the BPBB

Hebrews 9 in the BPH

Hebrews 9 in the BSB

Hebrews 9 in the CCB

Hebrews 9 in the CUV

Hebrews 9 in the CUVS

Hebrews 9 in the DBT

Hebrews 9 in the DGDNT

Hebrews 9 in the DHNT

Hebrews 9 in the DNT

Hebrews 9 in the ELBE

Hebrews 9 in the EMTV

Hebrews 9 in the ESV

Hebrews 9 in the FBV

Hebrews 9 in the FEB

Hebrews 9 in the GGMNT

Hebrews 9 in the GNT

Hebrews 9 in the HARY

Hebrews 9 in the HNT

Hebrews 9 in the IRVA

Hebrews 9 in the IRVB

Hebrews 9 in the IRVG

Hebrews 9 in the IRVH

Hebrews 9 in the IRVK

Hebrews 9 in the IRVM

Hebrews 9 in the IRVM2

Hebrews 9 in the IRVO

Hebrews 9 in the IRVP

Hebrews 9 in the IRVT

Hebrews 9 in the IRVT2

Hebrews 9 in the IRVU

Hebrews 9 in the ISVN

Hebrews 9 in the JSNT

Hebrews 9 in the KAPI

Hebrews 9 in the KBT1ETNIK

Hebrews 9 in the KBV

Hebrews 9 in the KJV

Hebrews 9 in the KNFD

Hebrews 9 in the LBA

Hebrews 9 in the LBLA

Hebrews 9 in the LNT

Hebrews 9 in the LSV

Hebrews 9 in the MAAL

Hebrews 9 in the MBV

Hebrews 9 in the MBV2

Hebrews 9 in the MHNT

Hebrews 9 in the MKNFD

Hebrews 9 in the MNG

Hebrews 9 in the MNT

Hebrews 9 in the MNT2

Hebrews 9 in the MRS1T

Hebrews 9 in the NAA

Hebrews 9 in the NASB

Hebrews 9 in the NBLA

Hebrews 9 in the NBS

Hebrews 9 in the NBVTP

Hebrews 9 in the NET2

Hebrews 9 in the NIV11

Hebrews 9 in the NNT

Hebrews 9 in the NNT2

Hebrews 9 in the NNT3

Hebrews 9 in the PDDPT

Hebrews 9 in the PFNT

Hebrews 9 in the RMNT

Hebrews 9 in the SBIAS

Hebrews 9 in the SBIBS

Hebrews 9 in the SBIBS2

Hebrews 9 in the SBICS

Hebrews 9 in the SBIDS

Hebrews 9 in the SBIGS

Hebrews 9 in the SBIHS

Hebrews 9 in the SBIIS

Hebrews 9 in the SBIIS2

Hebrews 9 in the SBIIS3

Hebrews 9 in the SBIKS

Hebrews 9 in the SBIKS2

Hebrews 9 in the SBIMS

Hebrews 9 in the SBIOS

Hebrews 9 in the SBIPS

Hebrews 9 in the SBISS

Hebrews 9 in the SBITS

Hebrews 9 in the SBITS2

Hebrews 9 in the SBITS3

Hebrews 9 in the SBITS4

Hebrews 9 in the SBIUS

Hebrews 9 in the SBIVS

Hebrews 9 in the SBT

Hebrews 9 in the SBT1E

Hebrews 9 in the SCHL

Hebrews 9 in the SNT

Hebrews 9 in the SUSU

Hebrews 9 in the SUSU2

Hebrews 9 in the SYNO

Hebrews 9 in the TBIAOTANT

Hebrews 9 in the TBT1E

Hebrews 9 in the TBT1E2

Hebrews 9 in the TFTIP

Hebrews 9 in the TFTU

Hebrews 9 in the TGNTATF3T

Hebrews 9 in the THAI

Hebrews 9 in the TNFD

Hebrews 9 in the TNT

Hebrews 9 in the TNTIK

Hebrews 9 in the TNTIL

Hebrews 9 in the TNTIN

Hebrews 9 in the TNTIP

Hebrews 9 in the TNTIZ

Hebrews 9 in the TOMA

Hebrews 9 in the TTENT

Hebrews 9 in the UBG

Hebrews 9 in the UGV

Hebrews 9 in the UGV2

Hebrews 9 in the UGV3

Hebrews 9 in the VBL

Hebrews 9 in the VDCC

Hebrews 9 in the YALU

Hebrews 9 in the YAPE

Hebrews 9 in the YBVTP

Hebrews 9 in the ZBP