Isaiah 36 (BOECS)

1 Le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la, eye wòɖu wo dzi. 2 Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la, 3 Hilkia ƒe vi, Eliakim, ame si nye fiasã la ƒe dɔdzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la do go yi ɖakpee. 4 Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be:“ ‘Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: Nu ka dzi nètu wò dzideƒo sia ɖo? 5 Ègblɔ be, aʋawɔmɔnu tɔxɛwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le asiwò, ke nya ƒuƒluwo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋu nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? 6 Kpɔ ɖa, èle ŋu ɖom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe, atizɔti ma ŋu. Esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, aŋɔ asi nɛ ahade abi eŋu. Nenemae nye Egipte fia, Farao, na ame sia ame si aɖo ŋu ɖe eŋu. 7 Ke ne ègblɔ nam be, “Yehowa, miaƒe Mawu la ŋue miele ŋu ɖom ɖo la,” ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?” 8 “ ‘Va azɔ nàtso gbe kple nye amegã, Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò, ne ànya kpɔ edolawo ko. 9 Ekema aleke nàte ŋu anya nye amegã ƒe dɔla si nye suetɔ, togbɔ be nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu be woakpe ɖe ŋuwò kple tasiaɖam kple sɔwo? 10 Gawu la, ɖe meva be madze anyigba sia dzi, ahatsrɔ̃e Yehowa manɔmea? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be maho aʋa ɖe dukɔ sia ŋuti ne matsrɔ̃e.’ ” 11 Tete Eliakim, Sebna kple Yoa gblɔ na aʋafia la be, “Míeɖe kuku, ƒo nu na wò dɔlawo le Aramgbe me, elabena míese Aramgbe. Mègaƒo nu na mi le Hebrigbe me o. Ne menye nenema o la, ame siwo nɔ anyi ɖe glia dzi la ase wò nyawo gɔme.” 12 Aʋafiagã Rabsaki ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wobe miaƒe amegã kple miawo gbɔ ko nye amegã ɖom ɖo be magblɔ nya siawo na, eye ame siwo le glia dzi la mele eme oa? Woawo kple miawo siaa, miaɖu miawo ŋutɔ ƒe afɔdzi, eye miano miawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ.” 13 Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nyawo! 14 Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi o! 15 Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’ 16 “Migaɖo to Hezekia o. Ale Asiria fia gblɔe nye esi: ‘Mido va gbɔnye, miawɔ ŋutifafa kplim.’ Ekema ame sia ame aɖu eƒe waintsetse kple gbotsetse, eye wòano eya ŋutɔ ƒe vudometsi 17 va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye, abolo kple waingblewo bɔ ɖo. 18 “Migana Hezekia nable mi esi wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi’ o. Ɖe dukɔ aɖe ƒe Mawu te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? 19 Afi ka Hamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Afi ka Sefarvaim ƒe mawuwo le? Ɖe wote ŋu xɔ Samaria le asinyea? 20 Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigbawo tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asimea?” 21 Ke ameawo katã zi ɖoɖoe, eye womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se na wo be, “Migaɖo eŋu nɛ o.” 22 Tete Hilkia ƒe vi, Eliakim, fiasã la dɔdzikpɔla, agbalẽŋlɔla Sebna kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la dze awu le wo ɖokuiwo ŋu heyi Fia Hezekia gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã aʋafiagã la gblɔ la nɛ.

In Other Versions

Isaiah 36 in the ANGEFD

Isaiah 36 in the ANTPNG2D

Isaiah 36 in the AS21

Isaiah 36 in the BAGH

Isaiah 36 in the BBPNG

Isaiah 36 in the BBT1E

Isaiah 36 in the BDS

Isaiah 36 in the BEV

Isaiah 36 in the BHAD

Isaiah 36 in the BIB

Isaiah 36 in the BLPT

Isaiah 36 in the BNT

Isaiah 36 in the BNTABOOT

Isaiah 36 in the BNTLV

Isaiah 36 in the BOATCB

Isaiah 36 in the BOATCB2

Isaiah 36 in the BOBCV

Isaiah 36 in the BOCNT

Isaiah 36 in the BOGWICC

Isaiah 36 in the BOHCB

Isaiah 36 in the BOHCV

Isaiah 36 in the BOHLNT

Isaiah 36 in the BOHNTLTAL

Isaiah 36 in the BOICB

Isaiah 36 in the BOILNTAP

Isaiah 36 in the BOITCV

Isaiah 36 in the BOKCV

Isaiah 36 in the BOKCV2

Isaiah 36 in the BOKHWOG

Isaiah 36 in the BOKSSV

Isaiah 36 in the BOLCB

Isaiah 36 in the BOLCB2

Isaiah 36 in the BOMCV

Isaiah 36 in the BONAV

Isaiah 36 in the BONCB

Isaiah 36 in the BONLT

Isaiah 36 in the BONUT2

Isaiah 36 in the BOPLNT

Isaiah 36 in the BOSCB

Isaiah 36 in the BOSNC

Isaiah 36 in the BOTLNT

Isaiah 36 in the BOVCB

Isaiah 36 in the BOYCB

Isaiah 36 in the BPBB

Isaiah 36 in the BPH

Isaiah 36 in the BSB

Isaiah 36 in the CCB

Isaiah 36 in the CUV

Isaiah 36 in the CUVS

Isaiah 36 in the DBT

Isaiah 36 in the DGDNT

Isaiah 36 in the DHNT

Isaiah 36 in the DNT

Isaiah 36 in the ELBE

Isaiah 36 in the EMTV

Isaiah 36 in the ESV

Isaiah 36 in the FBV

Isaiah 36 in the FEB

Isaiah 36 in the GGMNT

Isaiah 36 in the GNT

Isaiah 36 in the HARY

Isaiah 36 in the HNT

Isaiah 36 in the IRVA

Isaiah 36 in the IRVB

Isaiah 36 in the IRVG

Isaiah 36 in the IRVH

Isaiah 36 in the IRVK

Isaiah 36 in the IRVM

Isaiah 36 in the IRVM2

Isaiah 36 in the IRVO

Isaiah 36 in the IRVP

Isaiah 36 in the IRVT

Isaiah 36 in the IRVT2

Isaiah 36 in the IRVU

Isaiah 36 in the ISVN

Isaiah 36 in the JSNT

Isaiah 36 in the KAPI

Isaiah 36 in the KBT1ETNIK

Isaiah 36 in the KBV

Isaiah 36 in the KJV

Isaiah 36 in the KNFD

Isaiah 36 in the LBA

Isaiah 36 in the LBLA

Isaiah 36 in the LNT

Isaiah 36 in the LSV

Isaiah 36 in the MAAL

Isaiah 36 in the MBV

Isaiah 36 in the MBV2

Isaiah 36 in the MHNT

Isaiah 36 in the MKNFD

Isaiah 36 in the MNG

Isaiah 36 in the MNT

Isaiah 36 in the MNT2

Isaiah 36 in the MRS1T

Isaiah 36 in the NAA

Isaiah 36 in the NASB

Isaiah 36 in the NBLA

Isaiah 36 in the NBS

Isaiah 36 in the NBVTP

Isaiah 36 in the NET2

Isaiah 36 in the NIV11

Isaiah 36 in the NNT

Isaiah 36 in the NNT2

Isaiah 36 in the NNT3

Isaiah 36 in the PDDPT

Isaiah 36 in the PFNT

Isaiah 36 in the RMNT

Isaiah 36 in the SBIAS

Isaiah 36 in the SBIBS

Isaiah 36 in the SBIBS2

Isaiah 36 in the SBICS

Isaiah 36 in the SBIDS

Isaiah 36 in the SBIGS

Isaiah 36 in the SBIHS

Isaiah 36 in the SBIIS

Isaiah 36 in the SBIIS2

Isaiah 36 in the SBIIS3

Isaiah 36 in the SBIKS

Isaiah 36 in the SBIKS2

Isaiah 36 in the SBIMS

Isaiah 36 in the SBIOS

Isaiah 36 in the SBIPS

Isaiah 36 in the SBISS

Isaiah 36 in the SBITS

Isaiah 36 in the SBITS2

Isaiah 36 in the SBITS3

Isaiah 36 in the SBITS4

Isaiah 36 in the SBIUS

Isaiah 36 in the SBIVS

Isaiah 36 in the SBT

Isaiah 36 in the SBT1E

Isaiah 36 in the SCHL

Isaiah 36 in the SNT

Isaiah 36 in the SUSU

Isaiah 36 in the SUSU2

Isaiah 36 in the SYNO

Isaiah 36 in the TBIAOTANT

Isaiah 36 in the TBT1E

Isaiah 36 in the TBT1E2

Isaiah 36 in the TFTIP

Isaiah 36 in the TFTU

Isaiah 36 in the TGNTATF3T

Isaiah 36 in the THAI

Isaiah 36 in the TNFD

Isaiah 36 in the TNT

Isaiah 36 in the TNTIK

Isaiah 36 in the TNTIL

Isaiah 36 in the TNTIN

Isaiah 36 in the TNTIP

Isaiah 36 in the TNTIZ

Isaiah 36 in the TOMA

Isaiah 36 in the TTENT

Isaiah 36 in the UBG

Isaiah 36 in the UGV

Isaiah 36 in the UGV2

Isaiah 36 in the UGV3

Isaiah 36 in the VBL

Isaiah 36 in the VDCC

Isaiah 36 in the YALU

Isaiah 36 in the YAPE

Isaiah 36 in the YBVTP

Isaiah 36 in the ZBP