Isaiah 37 (BOECS)

1 Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 2 Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ. 3 Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene. 4 Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.” 5 Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, 6 Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. 7 Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ” 8 Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna. 9 Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, 10 “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ 11 Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya? 12 Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa? 13 Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?” 14 Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume. 15 Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be: 16 “O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. 17 O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa. 18 “O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe. 19 Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe. 20 Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.” 21 Yesaya, Amoz ƒe vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam tso Senakerib, Asiria fia ŋuti ta la, 22 esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’“Zion vinyɔnu si menya ŋutsu ola gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò.Yerusalem vinyɔnuɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ. 23 Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti?Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo,eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe?Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie! 24 To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔmele Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be,‘Metsɔ nye tasiaɖamwo,lia yi towo tame ke,yi keke Lebanon tame ke.Melã eƒe sedati kɔkɔwo kpleeƒe avemeti nyuitɔwo,meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi sieƒe ave dodowo le. 25 Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi,eye meno wo me tsi le afi ma.Mena Egipte tɔʋuwo miele nye afɔ te.’ 26 “Mèsee do ŋgɔ oa?Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke.Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi;ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋuwoɖo gli sesẽwoɖo la zu anyiglago. 27 Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si.Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo.Wole abe nukuwo le agble dzi ene,nu miemie fɛ̃wo le bo dzikple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene.Ŋdɔ sesẽ ɖu wo,eye woyrɔ le esime wometsi o. 28 “Ke menya afi si nèle.Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna,eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye. 29 Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye,eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la,matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò,made numega nu me na wò,eye mana mɔ si nèto vala nàgato eya ke dzi adzo. 30 “O! Hezekia, esia anye dzesi na wò:“Ƒe sia me la, àɖu nukusi mie le eya ŋutɔ ɖokui si,eye le ƒe evelia me la,àɖu nu si mie tso gbãtɔ me.Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu.Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea 31 Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒeaƒe la woato ke, eye woatse ku, 32 elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome,eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi,Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevieana esia nava eme. 33 “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi,“Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o.Mava afi sia kple akpoxɔnualo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o. 34 Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo.Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.”Yehowae gblɔe. 35 “Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David,nye dɔla ta!” 36 Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ. 37 Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma. 38 Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.

In Other Versions

Isaiah 37 in the ANGEFD

Isaiah 37 in the ANTPNG2D

Isaiah 37 in the AS21

Isaiah 37 in the BAGH

Isaiah 37 in the BBPNG

Isaiah 37 in the BBT1E

Isaiah 37 in the BDS

Isaiah 37 in the BEV

Isaiah 37 in the BHAD

Isaiah 37 in the BIB

Isaiah 37 in the BLPT

Isaiah 37 in the BNT

Isaiah 37 in the BNTABOOT

Isaiah 37 in the BNTLV

Isaiah 37 in the BOATCB

Isaiah 37 in the BOATCB2

Isaiah 37 in the BOBCV

Isaiah 37 in the BOCNT

Isaiah 37 in the BOGWICC

Isaiah 37 in the BOHCB

Isaiah 37 in the BOHCV

Isaiah 37 in the BOHLNT

Isaiah 37 in the BOHNTLTAL

Isaiah 37 in the BOICB

Isaiah 37 in the BOILNTAP

Isaiah 37 in the BOITCV

Isaiah 37 in the BOKCV

Isaiah 37 in the BOKCV2

Isaiah 37 in the BOKHWOG

Isaiah 37 in the BOKSSV

Isaiah 37 in the BOLCB

Isaiah 37 in the BOLCB2

Isaiah 37 in the BOMCV

Isaiah 37 in the BONAV

Isaiah 37 in the BONCB

Isaiah 37 in the BONLT

Isaiah 37 in the BONUT2

Isaiah 37 in the BOPLNT

Isaiah 37 in the BOSCB

Isaiah 37 in the BOSNC

Isaiah 37 in the BOTLNT

Isaiah 37 in the BOVCB

Isaiah 37 in the BOYCB

Isaiah 37 in the BPBB

Isaiah 37 in the BPH

Isaiah 37 in the BSB

Isaiah 37 in the CCB

Isaiah 37 in the CUV

Isaiah 37 in the CUVS

Isaiah 37 in the DBT

Isaiah 37 in the DGDNT

Isaiah 37 in the DHNT

Isaiah 37 in the DNT

Isaiah 37 in the ELBE

Isaiah 37 in the EMTV

Isaiah 37 in the ESV

Isaiah 37 in the FBV

Isaiah 37 in the FEB

Isaiah 37 in the GGMNT

Isaiah 37 in the GNT

Isaiah 37 in the HARY

Isaiah 37 in the HNT

Isaiah 37 in the IRVA

Isaiah 37 in the IRVB

Isaiah 37 in the IRVG

Isaiah 37 in the IRVH

Isaiah 37 in the IRVK

Isaiah 37 in the IRVM

Isaiah 37 in the IRVM2

Isaiah 37 in the IRVO

Isaiah 37 in the IRVP

Isaiah 37 in the IRVT

Isaiah 37 in the IRVT2

Isaiah 37 in the IRVU

Isaiah 37 in the ISVN

Isaiah 37 in the JSNT

Isaiah 37 in the KAPI

Isaiah 37 in the KBT1ETNIK

Isaiah 37 in the KBV

Isaiah 37 in the KJV

Isaiah 37 in the KNFD

Isaiah 37 in the LBA

Isaiah 37 in the LBLA

Isaiah 37 in the LNT

Isaiah 37 in the LSV

Isaiah 37 in the MAAL

Isaiah 37 in the MBV

Isaiah 37 in the MBV2

Isaiah 37 in the MHNT

Isaiah 37 in the MKNFD

Isaiah 37 in the MNG

Isaiah 37 in the MNT

Isaiah 37 in the MNT2

Isaiah 37 in the MRS1T

Isaiah 37 in the NAA

Isaiah 37 in the NASB

Isaiah 37 in the NBLA

Isaiah 37 in the NBS

Isaiah 37 in the NBVTP

Isaiah 37 in the NET2

Isaiah 37 in the NIV11

Isaiah 37 in the NNT

Isaiah 37 in the NNT2

Isaiah 37 in the NNT3

Isaiah 37 in the PDDPT

Isaiah 37 in the PFNT

Isaiah 37 in the RMNT

Isaiah 37 in the SBIAS

Isaiah 37 in the SBIBS

Isaiah 37 in the SBIBS2

Isaiah 37 in the SBICS

Isaiah 37 in the SBIDS

Isaiah 37 in the SBIGS

Isaiah 37 in the SBIHS

Isaiah 37 in the SBIIS

Isaiah 37 in the SBIIS2

Isaiah 37 in the SBIIS3

Isaiah 37 in the SBIKS

Isaiah 37 in the SBIKS2

Isaiah 37 in the SBIMS

Isaiah 37 in the SBIOS

Isaiah 37 in the SBIPS

Isaiah 37 in the SBISS

Isaiah 37 in the SBITS

Isaiah 37 in the SBITS2

Isaiah 37 in the SBITS3

Isaiah 37 in the SBITS4

Isaiah 37 in the SBIUS

Isaiah 37 in the SBIVS

Isaiah 37 in the SBT

Isaiah 37 in the SBT1E

Isaiah 37 in the SCHL

Isaiah 37 in the SNT

Isaiah 37 in the SUSU

Isaiah 37 in the SUSU2

Isaiah 37 in the SYNO

Isaiah 37 in the TBIAOTANT

Isaiah 37 in the TBT1E

Isaiah 37 in the TBT1E2

Isaiah 37 in the TFTIP

Isaiah 37 in the TFTU

Isaiah 37 in the TGNTATF3T

Isaiah 37 in the THAI

Isaiah 37 in the TNFD

Isaiah 37 in the TNT

Isaiah 37 in the TNTIK

Isaiah 37 in the TNTIL

Isaiah 37 in the TNTIN

Isaiah 37 in the TNTIP

Isaiah 37 in the TNTIZ

Isaiah 37 in the TOMA

Isaiah 37 in the TTENT

Isaiah 37 in the UBG

Isaiah 37 in the UGV

Isaiah 37 in the UGV2

Isaiah 37 in the UGV3

Isaiah 37 in the VBL

Isaiah 37 in the VDCC

Isaiah 37 in the YALU

Isaiah 37 in the YAPE

Isaiah 37 in the YBVTP

Isaiah 37 in the ZBP