Jeremiah 14 (BOECS)

1 Esiae nye Yehowa ƒe nya na Yeremia tso kuɖiɖi ŋuti. 2 “Yuda le nu xam,eƒe duwo le fukpekpe me,wole avi fam le anyigba la taeye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem. 3 Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe;woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o.Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo,wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta. 4 Anyigba la katã wo gblogblogblo,elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o;agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta. 5 Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖielabena gbe mumu meli o. 6 Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzihenɔa ya nom abe amegaxiwo ene.Woƒe ŋkuwo dzi tsyɔnaelabena gbeɖuƒe aɖeke megali o.” 7 O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wole ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la,wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ,eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. 8 O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ,eƒe Ɖela le xaxawo me;nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi,eye abe mɔzɔla si va anyi tsi geŋkeke ɖeka ko ene? 9 Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alokalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ,eye mate ŋu axɔ na ame o la ene?O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋueya ta mègagblẽ mi ɖi o! 10 Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi:“Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo;woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o,eya ta Yehowa mexɔ wo o.Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi,eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.” 11 Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o. 12 Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.” 13 Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ” 14 Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm. 15 Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo 16 eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’ 17 “Gblɔ nya sia na wo be,“ ‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zãkple keli madzudzɔmadzudzɔeelabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o,ame si nye dukɔ la,xɔ abi vevie le esi wogbãe ta. 18 Ne meyi ɖe gbedzi la,mekpɔa ame siwo wowu kple yi laƒe ŋutilã kukuawo.Ne mege ɖe dua me la,mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le.Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖeanyigba si womenya o la dzi.’ 19 “Ɖe nègbe Yuda gbidiia?Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa?Nu ka ta nède abi mía ŋutiale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o?Míekpɔ mɔ na ŋutifafagake nu nyui aɖeke meva na mí o.Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li. 20 O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔkple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo.Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. 21 Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o;mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o.Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o. 22 Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa?Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia?Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ.Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò,elabena wòe wɔa esiawo katã.”

In Other Versions

Jeremiah 14 in the ANGEFD

Jeremiah 14 in the ANTPNG2D

Jeremiah 14 in the AS21

Jeremiah 14 in the BAGH

Jeremiah 14 in the BBPNG

Jeremiah 14 in the BBT1E

Jeremiah 14 in the BDS

Jeremiah 14 in the BEV

Jeremiah 14 in the BHAD

Jeremiah 14 in the BIB

Jeremiah 14 in the BLPT

Jeremiah 14 in the BNT

Jeremiah 14 in the BNTABOOT

Jeremiah 14 in the BNTLV

Jeremiah 14 in the BOATCB

Jeremiah 14 in the BOATCB2

Jeremiah 14 in the BOBCV

Jeremiah 14 in the BOCNT

Jeremiah 14 in the BOGWICC

Jeremiah 14 in the BOHCB

Jeremiah 14 in the BOHCV

Jeremiah 14 in the BOHLNT

Jeremiah 14 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 14 in the BOICB

Jeremiah 14 in the BOILNTAP

Jeremiah 14 in the BOITCV

Jeremiah 14 in the BOKCV

Jeremiah 14 in the BOKCV2

Jeremiah 14 in the BOKHWOG

Jeremiah 14 in the BOKSSV

Jeremiah 14 in the BOLCB

Jeremiah 14 in the BOLCB2

Jeremiah 14 in the BOMCV

Jeremiah 14 in the BONAV

Jeremiah 14 in the BONCB

Jeremiah 14 in the BONLT

Jeremiah 14 in the BONUT2

Jeremiah 14 in the BOPLNT

Jeremiah 14 in the BOSCB

Jeremiah 14 in the BOSNC

Jeremiah 14 in the BOTLNT

Jeremiah 14 in the BOVCB

Jeremiah 14 in the BOYCB

Jeremiah 14 in the BPBB

Jeremiah 14 in the BPH

Jeremiah 14 in the BSB

Jeremiah 14 in the CCB

Jeremiah 14 in the CUV

Jeremiah 14 in the CUVS

Jeremiah 14 in the DBT

Jeremiah 14 in the DGDNT

Jeremiah 14 in the DHNT

Jeremiah 14 in the DNT

Jeremiah 14 in the ELBE

Jeremiah 14 in the EMTV

Jeremiah 14 in the ESV

Jeremiah 14 in the FBV

Jeremiah 14 in the FEB

Jeremiah 14 in the GGMNT

Jeremiah 14 in the GNT

Jeremiah 14 in the HARY

Jeremiah 14 in the HNT

Jeremiah 14 in the IRVA

Jeremiah 14 in the IRVB

Jeremiah 14 in the IRVG

Jeremiah 14 in the IRVH

Jeremiah 14 in the IRVK

Jeremiah 14 in the IRVM

Jeremiah 14 in the IRVM2

Jeremiah 14 in the IRVO

Jeremiah 14 in the IRVP

Jeremiah 14 in the IRVT

Jeremiah 14 in the IRVT2

Jeremiah 14 in the IRVU

Jeremiah 14 in the ISVN

Jeremiah 14 in the JSNT

Jeremiah 14 in the KAPI

Jeremiah 14 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 14 in the KBV

Jeremiah 14 in the KJV

Jeremiah 14 in the KNFD

Jeremiah 14 in the LBA

Jeremiah 14 in the LBLA

Jeremiah 14 in the LNT

Jeremiah 14 in the LSV

Jeremiah 14 in the MAAL

Jeremiah 14 in the MBV

Jeremiah 14 in the MBV2

Jeremiah 14 in the MHNT

Jeremiah 14 in the MKNFD

Jeremiah 14 in the MNG

Jeremiah 14 in the MNT

Jeremiah 14 in the MNT2

Jeremiah 14 in the MRS1T

Jeremiah 14 in the NAA

Jeremiah 14 in the NASB

Jeremiah 14 in the NBLA

Jeremiah 14 in the NBS

Jeremiah 14 in the NBVTP

Jeremiah 14 in the NET2

Jeremiah 14 in the NIV11

Jeremiah 14 in the NNT

Jeremiah 14 in the NNT2

Jeremiah 14 in the NNT3

Jeremiah 14 in the PDDPT

Jeremiah 14 in the PFNT

Jeremiah 14 in the RMNT

Jeremiah 14 in the SBIAS

Jeremiah 14 in the SBIBS

Jeremiah 14 in the SBIBS2

Jeremiah 14 in the SBICS

Jeremiah 14 in the SBIDS

Jeremiah 14 in the SBIGS

Jeremiah 14 in the SBIHS

Jeremiah 14 in the SBIIS

Jeremiah 14 in the SBIIS2

Jeremiah 14 in the SBIIS3

Jeremiah 14 in the SBIKS

Jeremiah 14 in the SBIKS2

Jeremiah 14 in the SBIMS

Jeremiah 14 in the SBIOS

Jeremiah 14 in the SBIPS

Jeremiah 14 in the SBISS

Jeremiah 14 in the SBITS

Jeremiah 14 in the SBITS2

Jeremiah 14 in the SBITS3

Jeremiah 14 in the SBITS4

Jeremiah 14 in the SBIUS

Jeremiah 14 in the SBIVS

Jeremiah 14 in the SBT

Jeremiah 14 in the SBT1E

Jeremiah 14 in the SCHL

Jeremiah 14 in the SNT

Jeremiah 14 in the SUSU

Jeremiah 14 in the SUSU2

Jeremiah 14 in the SYNO

Jeremiah 14 in the TBIAOTANT

Jeremiah 14 in the TBT1E

Jeremiah 14 in the TBT1E2

Jeremiah 14 in the TFTIP

Jeremiah 14 in the TFTU

Jeremiah 14 in the TGNTATF3T

Jeremiah 14 in the THAI

Jeremiah 14 in the TNFD

Jeremiah 14 in the TNT

Jeremiah 14 in the TNTIK

Jeremiah 14 in the TNTIL

Jeremiah 14 in the TNTIN

Jeremiah 14 in the TNTIP

Jeremiah 14 in the TNTIZ

Jeremiah 14 in the TOMA

Jeremiah 14 in the TTENT

Jeremiah 14 in the UBG

Jeremiah 14 in the UGV

Jeremiah 14 in the UGV2

Jeremiah 14 in the UGV3

Jeremiah 14 in the VBL

Jeremiah 14 in the VDCC

Jeremiah 14 in the YALU

Jeremiah 14 in the YAPE

Jeremiah 14 in the YBVTP

Jeremiah 14 in the ZBP