Jeremiah 33 (BOECS)
1 Esi Yeremia gale ga me ko le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe nya va nɛ zi evelia be, 2 “Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi: 3 ‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’ 4 Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti, 5 le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta. 6 “ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu. 7 Makplɔ Yuda kple Israel agbɔe tso aboyo me, eye magaɖo wo te abe ale si wonɔ tsã ene. 8 Maklɔ nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋutinye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ woƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ake wo. 9 Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’ 10 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ègblɔ tso teƒe sia ŋuti be, ezu aƒedo si me amewo alo lãwo mele o.’ Gake le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdome siwo ɖi gbɔlo, eye amegbetɔwo alo lãwo gɔ hã megale o la, woagase 11 dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be,“Mida akpe na Yehowa,Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,elabena Yehowa ƒe dɔ me nyoeye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee.Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe. 12 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii. 13 Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe. 14 “Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna esi mawɔ ɖe amenuveve ƒe ŋugbe si medo na Israel kple Yuda ƒe aƒewo dzi.’ 15 “Le ŋkeke mawo kple ɣeyiɣi mawo me la,mana Atilɔ dzɔdzɔe aɖe nado tso David ƒe ƒome me, awɔ nu si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le anyigba dzi. 16 Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda,eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me.Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ,‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’ 17 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo, 18 alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’ ” 19 Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 20 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la, 21 ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o. 22 Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’ ” 23 Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 24 “Mède dzesii be ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa gbe fiaɖuƒe eve siwo wòtia’ la oa? Ale woɖe alɔme le dukɔ la ŋu eye womegabua wo abe dukɔ ene o. 25 Ale Yehowa gblɔe nye esi: Nenye ɖe nyemebla nu kple ŋkeke kple zã o eye mede se na dziƒo kple anyigba o la, 26 ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”
In Other Versions
Jeremiah 33 in the ANGEFD
Jeremiah 33 in the ANTPNG2D
Jeremiah 33 in the AS21
Jeremiah 33 in the BAGH
Jeremiah 33 in the BBPNG
Jeremiah 33 in the BBT1E
Jeremiah 33 in the BDS
Jeremiah 33 in the BEV
Jeremiah 33 in the BHAD
Jeremiah 33 in the BIB
Jeremiah 33 in the BLPT
Jeremiah 33 in the BNT
Jeremiah 33 in the BNTABOOT
Jeremiah 33 in the BNTLV
Jeremiah 33 in the BOATCB
Jeremiah 33 in the BOATCB2
Jeremiah 33 in the BOBCV
Jeremiah 33 in the BOCNT
Jeremiah 33 in the BOGWICC
Jeremiah 33 in the BOHCB
Jeremiah 33 in the BOHCV
Jeremiah 33 in the BOHLNT
Jeremiah 33 in the BOHNTLTAL
Jeremiah 33 in the BOICB
Jeremiah 33 in the BOILNTAP
Jeremiah 33 in the BOITCV
Jeremiah 33 in the BOKCV
Jeremiah 33 in the BOKCV2
Jeremiah 33 in the BOKHWOG
Jeremiah 33 in the BOKSSV
Jeremiah 33 in the BOLCB
Jeremiah 33 in the BOLCB2
Jeremiah 33 in the BOMCV
Jeremiah 33 in the BONAV
Jeremiah 33 in the BONCB
Jeremiah 33 in the BONLT
Jeremiah 33 in the BONUT2
Jeremiah 33 in the BOPLNT
Jeremiah 33 in the BOSCB
Jeremiah 33 in the BOSNC
Jeremiah 33 in the BOTLNT
Jeremiah 33 in the BOVCB
Jeremiah 33 in the BOYCB
Jeremiah 33 in the BPBB
Jeremiah 33 in the BPH
Jeremiah 33 in the BSB
Jeremiah 33 in the CCB
Jeremiah 33 in the CUV
Jeremiah 33 in the CUVS
Jeremiah 33 in the DBT
Jeremiah 33 in the DGDNT
Jeremiah 33 in the DHNT
Jeremiah 33 in the DNT
Jeremiah 33 in the ELBE
Jeremiah 33 in the EMTV
Jeremiah 33 in the ESV
Jeremiah 33 in the FBV
Jeremiah 33 in the FEB
Jeremiah 33 in the GGMNT
Jeremiah 33 in the GNT
Jeremiah 33 in the HARY
Jeremiah 33 in the HNT
Jeremiah 33 in the IRVA
Jeremiah 33 in the IRVB
Jeremiah 33 in the IRVG
Jeremiah 33 in the IRVH
Jeremiah 33 in the IRVK
Jeremiah 33 in the IRVM
Jeremiah 33 in the IRVM2
Jeremiah 33 in the IRVO
Jeremiah 33 in the IRVP
Jeremiah 33 in the IRVT
Jeremiah 33 in the IRVT2
Jeremiah 33 in the IRVU
Jeremiah 33 in the ISVN
Jeremiah 33 in the JSNT
Jeremiah 33 in the KAPI
Jeremiah 33 in the KBT1ETNIK
Jeremiah 33 in the KBV
Jeremiah 33 in the KJV
Jeremiah 33 in the KNFD
Jeremiah 33 in the LBA
Jeremiah 33 in the LBLA
Jeremiah 33 in the LNT
Jeremiah 33 in the LSV
Jeremiah 33 in the MAAL
Jeremiah 33 in the MBV
Jeremiah 33 in the MBV2
Jeremiah 33 in the MHNT
Jeremiah 33 in the MKNFD
Jeremiah 33 in the MNG
Jeremiah 33 in the MNT
Jeremiah 33 in the MNT2
Jeremiah 33 in the MRS1T
Jeremiah 33 in the NAA
Jeremiah 33 in the NASB
Jeremiah 33 in the NBLA
Jeremiah 33 in the NBS
Jeremiah 33 in the NBVTP
Jeremiah 33 in the NET2
Jeremiah 33 in the NIV11
Jeremiah 33 in the NNT
Jeremiah 33 in the NNT2
Jeremiah 33 in the NNT3
Jeremiah 33 in the PDDPT
Jeremiah 33 in the PFNT
Jeremiah 33 in the RMNT
Jeremiah 33 in the SBIAS
Jeremiah 33 in the SBIBS
Jeremiah 33 in the SBIBS2
Jeremiah 33 in the SBICS
Jeremiah 33 in the SBIDS
Jeremiah 33 in the SBIGS
Jeremiah 33 in the SBIHS
Jeremiah 33 in the SBIIS
Jeremiah 33 in the SBIIS2
Jeremiah 33 in the SBIIS3
Jeremiah 33 in the SBIKS
Jeremiah 33 in the SBIKS2
Jeremiah 33 in the SBIMS
Jeremiah 33 in the SBIOS
Jeremiah 33 in the SBIPS
Jeremiah 33 in the SBISS
Jeremiah 33 in the SBITS
Jeremiah 33 in the SBITS2
Jeremiah 33 in the SBITS3
Jeremiah 33 in the SBITS4
Jeremiah 33 in the SBIUS
Jeremiah 33 in the SBIVS
Jeremiah 33 in the SBT
Jeremiah 33 in the SBT1E
Jeremiah 33 in the SCHL
Jeremiah 33 in the SNT
Jeremiah 33 in the SUSU
Jeremiah 33 in the SUSU2
Jeremiah 33 in the SYNO
Jeremiah 33 in the TBIAOTANT
Jeremiah 33 in the TBT1E
Jeremiah 33 in the TBT1E2
Jeremiah 33 in the TFTIP
Jeremiah 33 in the TFTU
Jeremiah 33 in the TGNTATF3T
Jeremiah 33 in the THAI
Jeremiah 33 in the TNFD
Jeremiah 33 in the TNT
Jeremiah 33 in the TNTIK
Jeremiah 33 in the TNTIL
Jeremiah 33 in the TNTIN
Jeremiah 33 in the TNTIP
Jeremiah 33 in the TNTIZ
Jeremiah 33 in the TOMA
Jeremiah 33 in the TTENT
Jeremiah 33 in the UBG
Jeremiah 33 in the UGV
Jeremiah 33 in the UGV2
Jeremiah 33 in the UGV3
Jeremiah 33 in the VBL
Jeremiah 33 in the VDCC
Jeremiah 33 in the YALU
Jeremiah 33 in the YAPE
Jeremiah 33 in the YBVTP
Jeremiah 33 in the ZBP