Jeremiah 35 (BOECS)
1 Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Yehoyakim, Yosia ƒe vi le fia ɖum le Yuda. 2 “Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.” 3 Ale meyi be mayɔ Yazania, Yeremia ƒe vi, Habazinia ƒe vi, nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo kple Rekabi ƒomea katã. 4 Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame. 5 Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.” 6 Gake woɖo eŋu nam be, “Míenoa wain o, elabena mía tɔgbuigã, Yonadab, Rekab ƒe vi de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo loo, alo miaƒe dzidzimeviwo mekpɔ mɔ ano wain gbeɖe o. 7 Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’ 8 Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ, 9 alo tu xɔwo be mianɔ wo me, alo de waingble, agblewo, alo xa nukuwo kpɔ o. 10 Agbadɔxɔwo me koe míenɔna eye míewɔ ɖe se siwo katã mía tɔgbuigã, Yonadab de na mí la dzi. 11 Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.” 12 Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 13 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe. 14 ‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom. 15 Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o. 16 Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’ 17 “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’ ” 18 Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’ 19 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Yonadab, Rekab ƒe vi magbe ame si asubɔe la kpɔkpɔ gbeɖe o.’ ”
In Other Versions
Jeremiah 35 in the ANGEFD
Jeremiah 35 in the ANTPNG2D
Jeremiah 35 in the AS21
Jeremiah 35 in the BAGH
Jeremiah 35 in the BBPNG
Jeremiah 35 in the BBT1E
Jeremiah 35 in the BDS
Jeremiah 35 in the BEV
Jeremiah 35 in the BHAD
Jeremiah 35 in the BIB
Jeremiah 35 in the BLPT
Jeremiah 35 in the BNT
Jeremiah 35 in the BNTABOOT
Jeremiah 35 in the BNTLV
Jeremiah 35 in the BOATCB
Jeremiah 35 in the BOATCB2
Jeremiah 35 in the BOBCV
Jeremiah 35 in the BOCNT
Jeremiah 35 in the BOGWICC
Jeremiah 35 in the BOHCB
Jeremiah 35 in the BOHCV
Jeremiah 35 in the BOHLNT
Jeremiah 35 in the BOHNTLTAL
Jeremiah 35 in the BOICB
Jeremiah 35 in the BOILNTAP
Jeremiah 35 in the BOITCV
Jeremiah 35 in the BOKCV
Jeremiah 35 in the BOKCV2
Jeremiah 35 in the BOKHWOG
Jeremiah 35 in the BOKSSV
Jeremiah 35 in the BOLCB
Jeremiah 35 in the BOLCB2
Jeremiah 35 in the BOMCV
Jeremiah 35 in the BONAV
Jeremiah 35 in the BONCB
Jeremiah 35 in the BONLT
Jeremiah 35 in the BONUT2
Jeremiah 35 in the BOPLNT
Jeremiah 35 in the BOSCB
Jeremiah 35 in the BOSNC
Jeremiah 35 in the BOTLNT
Jeremiah 35 in the BOVCB
Jeremiah 35 in the BOYCB
Jeremiah 35 in the BPBB
Jeremiah 35 in the BPH
Jeremiah 35 in the BSB
Jeremiah 35 in the CCB
Jeremiah 35 in the CUV
Jeremiah 35 in the CUVS
Jeremiah 35 in the DBT
Jeremiah 35 in the DGDNT
Jeremiah 35 in the DHNT
Jeremiah 35 in the DNT
Jeremiah 35 in the ELBE
Jeremiah 35 in the EMTV
Jeremiah 35 in the ESV
Jeremiah 35 in the FBV
Jeremiah 35 in the FEB
Jeremiah 35 in the GGMNT
Jeremiah 35 in the GNT
Jeremiah 35 in the HARY
Jeremiah 35 in the HNT
Jeremiah 35 in the IRVA
Jeremiah 35 in the IRVB
Jeremiah 35 in the IRVG
Jeremiah 35 in the IRVH
Jeremiah 35 in the IRVK
Jeremiah 35 in the IRVM
Jeremiah 35 in the IRVM2
Jeremiah 35 in the IRVO
Jeremiah 35 in the IRVP
Jeremiah 35 in the IRVT
Jeremiah 35 in the IRVT2
Jeremiah 35 in the IRVU
Jeremiah 35 in the ISVN
Jeremiah 35 in the JSNT
Jeremiah 35 in the KAPI
Jeremiah 35 in the KBT1ETNIK
Jeremiah 35 in the KBV
Jeremiah 35 in the KJV
Jeremiah 35 in the KNFD
Jeremiah 35 in the LBA
Jeremiah 35 in the LBLA
Jeremiah 35 in the LNT
Jeremiah 35 in the LSV
Jeremiah 35 in the MAAL
Jeremiah 35 in the MBV
Jeremiah 35 in the MBV2
Jeremiah 35 in the MHNT
Jeremiah 35 in the MKNFD
Jeremiah 35 in the MNG
Jeremiah 35 in the MNT
Jeremiah 35 in the MNT2
Jeremiah 35 in the MRS1T
Jeremiah 35 in the NAA
Jeremiah 35 in the NASB
Jeremiah 35 in the NBLA
Jeremiah 35 in the NBS
Jeremiah 35 in the NBVTP
Jeremiah 35 in the NET2
Jeremiah 35 in the NIV11
Jeremiah 35 in the NNT
Jeremiah 35 in the NNT2
Jeremiah 35 in the NNT3
Jeremiah 35 in the PDDPT
Jeremiah 35 in the PFNT
Jeremiah 35 in the RMNT
Jeremiah 35 in the SBIAS
Jeremiah 35 in the SBIBS
Jeremiah 35 in the SBIBS2
Jeremiah 35 in the SBICS
Jeremiah 35 in the SBIDS
Jeremiah 35 in the SBIGS
Jeremiah 35 in the SBIHS
Jeremiah 35 in the SBIIS
Jeremiah 35 in the SBIIS2
Jeremiah 35 in the SBIIS3
Jeremiah 35 in the SBIKS
Jeremiah 35 in the SBIKS2
Jeremiah 35 in the SBIMS
Jeremiah 35 in the SBIOS
Jeremiah 35 in the SBIPS
Jeremiah 35 in the SBISS
Jeremiah 35 in the SBITS
Jeremiah 35 in the SBITS2
Jeremiah 35 in the SBITS3
Jeremiah 35 in the SBITS4
Jeremiah 35 in the SBIUS
Jeremiah 35 in the SBIVS
Jeremiah 35 in the SBT
Jeremiah 35 in the SBT1E
Jeremiah 35 in the SCHL
Jeremiah 35 in the SNT
Jeremiah 35 in the SUSU
Jeremiah 35 in the SUSU2
Jeremiah 35 in the SYNO
Jeremiah 35 in the TBIAOTANT
Jeremiah 35 in the TBT1E
Jeremiah 35 in the TBT1E2
Jeremiah 35 in the TFTIP
Jeremiah 35 in the TFTU
Jeremiah 35 in the TGNTATF3T
Jeremiah 35 in the THAI
Jeremiah 35 in the TNFD
Jeremiah 35 in the TNT
Jeremiah 35 in the TNTIK
Jeremiah 35 in the TNTIL
Jeremiah 35 in the TNTIN
Jeremiah 35 in the TNTIP
Jeremiah 35 in the TNTIZ
Jeremiah 35 in the TOMA
Jeremiah 35 in the TTENT
Jeremiah 35 in the UBG
Jeremiah 35 in the UGV
Jeremiah 35 in the UGV2
Jeremiah 35 in the UGV3
Jeremiah 35 in the VBL
Jeremiah 35 in the VDCC
Jeremiah 35 in the YALU
Jeremiah 35 in the YAPE
Jeremiah 35 in the YBVTP
Jeremiah 35 in the ZBP